Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 18

“Woadi Mawu, . . . Ne Woake Ðe Eŋu”

“Woadi Mawu, . . . Ne Woake Ðe Eŋu”

Paulo nɔ te ɖe nu si me eya kple eƒe nyaselawo ƒe susu sɔ le dzi ɖi ɖase eye wòtrɔ asi le eƒe nyawo ŋu wòsɔ na wo

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 17:16-34 dzi

1-3. (a) Nu ka tae nu te ɖe apostolo Paulo dzi vevie le Atene? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Paulo ɖo me?

 NU SIWO Paulo kpɔ le Atene te ɖe edzi ale gbegbe. Helatɔwo ƒe dugã sia mee woƒe agbalẽnyalagã Socrates, Plato kple Aristotle fia nu le kpɔ. Atenetɔwo doa vevie woƒe mawuwo subɔsubɔ. Afi sia afi si Paulo trɔ ɖoa, ekpɔa mawu vovovowo—le woƒe gbedoxɔwo me, le asiwo me kple ablɔwo dzi, elabe Atenetɔwo subɔa mawu geɖewo. Paulo nya ale si Yehowa, Mawu vavã la lé fu legbawoe. (2 Mose 20:4, 5) Yehowa subɔla wɔnuteƒe sia hã lé fu legbawo nenema ke!

2 Nu si Paulo kpɔ esi wòge ɖe woƒe asia me ya gawɔ nuku nɛ ŋutɔ! Ekpɔ be woli woƒe mawu Hermes si le amamaa ƒe legbawo ɖe teƒe si gogo agbo gãa nu keŋ. Trɔ̃xɔwo le asia ƒe afi sia afi. Aleke apostolo dovevienu sia awɔ aɖe gbeƒã le du sia si me trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo me? Ðe wòate ŋu alé eɖokui ale be wòakpɔ nu siwo dzi wòanɔ te ɖo aɖe gbeƒã na woa? Ðe wòate ŋu akpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu woadi Mawu vavã la ake ɖe eŋua?

3 Ale si Paulo ƒo nu na agbalẽnyala siwo le Atene na míekpɔe be ebi ɖe nuƒoƒo me, eɖɔ ŋu ɖo eye wòbua nuwo ŋu nyuie. Esia ƒe nuŋlɔɖi dze le Dɔwɔwɔwo 17:22-31. Paulo ƒe kpɔɖeŋua me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu siwo dzi míanɔ te ɖo akpe ɖe míaƒe nyaselawo ŋu woaɖo to eye woade ŋugble tso nya si gblɔm míelea ŋu.

Efia Nu “Le Asi Me” (Dɔw. 17:16-21)

4, 5. Afi kae Paulo ɖe gbeƒã le le Atene, eye ame kawo tɔgbie eƒe nyaselawo nye?

4 Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia mee wòyi Atene, le ƒe 50 K.Ŋ. me lɔƒo. a Esi Paulo nɔ lalam be Sila kple Timoteo natso Beroia avaa, “edzroa nu me kple Yudatɔwo kpakple ame siwo vɔ̃a Mawu le ƒuƒoƒe la” abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ ene. Edi afi si wòakpɔ Yudatɔ siwo menye Atenetɔwo o hã le. Afi si wòkpɔ be asɔe nye “asi me.” (Dɔw. 17:17) Atenetɔwo ƒe asia lolo agbleka 12 eye wòle Akropolis ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Menye nudzadzra kple nuƒeƒle koe yia edzi le asia me o. Eganye dua ƒe takpeƒe hã. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be enye teƒe si “woƒe ganyawo, dunyahenyawo kple nu siwo ku ɖe woƒe dekɔnuwo ŋu yia edzi le.” Edzɔa dzi na Atenetɔwo be yewoava kpe ta le afi ma ase agbalẽnyalawo ƒe nyawo.

5 Ame siwo Paulo do goe le asia me ƒe nya me sẽ. Wo dometɔ aɖewoe nye Epikurotɔwo kple Stoatɔwo. Ƒuƒoƒo eve siawo ƒe nufiafiawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu. b Epikurotɔwo xɔe se be ɖeko agbe dzɔ le eɖokui si. Kpuie koa, woƒe susue nye be: “Mele be woavɔ̃ Mawu o; Mele be woavɔ̃ ku o; Ame ate ŋu awɔ nyui; Ame ate ŋu ado dzi le vɔ̃ me.” Stoatɔwo ya xɔe se be susuŋudɔwɔwɔ kple nuŋububu nyui koe hiã eye womexɔe se be Mawu li o. Epikurotɔwo kple Stoatɔwo mexɔ tsitretsitsi si ŋu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒoa nu tsoe dzi se o. Edze ƒãa be ƒuƒoƒo eve siawo ƒe dzixɔsewo mewɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe nufiafia vavã si Paulo le gbeƒã ɖemee o.

6, 7. Aleke Helatɔwo ƒe agbalẽnyalawo wɔ nu ɖe Paulo ƒe nufiafia ŋui, eye aleke nu sia tɔgbi tea ŋu dzɔna ɖe mía dzi egbea?

6 Aleke Helatɔ agbalẽnyalawo wɔ nu ɖe Paulo ƒe nufiafiawo ŋui? Wo dometɔ aɖewo yɔe be “nu kpoloe ƒola.” Le Helagbe gbãtɔ mea, efia nukufɔla. (Dɔw. 17:18) Agbalẽnyala aɖe gblɔ tso nya sia ŋu be: “Wozãnɛ na xevi sue aɖe si fɔa nukuwo le anyigba, eye emegbe wova zãe na ame siwo fɔa nuɖuɖu kple nu bubuwo le anyigba le asi me. Le afi siaa, wozãe le kpɔɖeŋumɔ nu wòfia ame si fɔa nya kluklukluiwo tso teƒe vovovowo, evɔ eya ŋutɔ mese nya bliboa gɔme tututu o.” Kpuie koa, nya si gblɔm agbalẽnyala mawo lee nye be Paulo mele ɖeke me nyam o, nya si wòse amewo gblɔ koe wògbugbɔ le gbɔgblɔm. Gake abe ale si míava kpɔe enea, Paulo mena megbeŋkɔ si yɔm wonɔ nɛa na wòvɔ̃ ameawo o.

7 Esia tɔgbi kee dzɔna egbea hã. Amewo tsɔa megbeŋkɔwo na mí Yehowa Ðasefowo le nu siwo dzi míexɔ se le Biblia me ta. Le kpɔɖeŋu me, nufiala aɖewo gblɔna be, amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa le eteƒe eye ele be ame sia ame si bua nuwo ŋu nyuie nalɔ̃ ɖe edzi. Esia fia be wobua ame siwo gbe be yewomaxɔ nufiafia sia dzi se o be wonye ɖekemanyalawo. Agbalẽnyala siawo nana amewo susunɛ be míenye ‘nu kpoloe ƒolawo’ ne míele agbagba dzem be míazã Biblia atsɔ aɖo kpe edzi be Mawue wɔ nuwo. Gake woƒe nuwɔna menana míevɔ̃a wo o. Ke boŋ dzi nɔa mía ƒo míeɖea gbeƒã be Yehowa Mawue zã eƒe nunya deŋgɔa tsɔ wɔ nuwo katã le anyigba dzi.—Nyaɖ. 4:11.

8. (a) Aleke ame aɖewo hã wɔ nu ɖe Paulo ƒe nufiafia ŋui? (b) Nu kae wòfia be wokplɔ Paulo yi Areopago la? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

8 Aleke ame bubu siwo le asia me wɔ nu ɖe Paulo ƒe nufiafiawo ŋui? Wogblɔ be: “Ewɔ abe dutamawuwo ŋuti gbeƒãɖela aɖee wònye ene.” (Dɔw. 17:18) Ðe Paulo nɔ nu fiam Atenetɔwo tso mawu bubuwo ŋu nyateƒea? Nya sia nye ŋkubiãnya, elabe eɖi nya siwo wotsɔ ɖe Socrates ŋu esi wotso kufia nɛ ƒe alafa aɖewo va yi. Eya ta mewɔ nuku o be wokplɔ Paulo yi Areopago la be wòaɖe nufiafia siwo dze nu yeye na Atenetɔwoa me. c Aleke Paulo awɔ aɖe nu me na ame siwo menya naneke tso Ŋɔŋlɔawo ŋu o?

“Atenetɔwo, Mekpɔe” (Dɔw. 17:22, 23)

9-11. (a) Aleke Paulo dze agbagba be yeakpɔ nu siwo dzi yeate ŋu anɔ te ɖo aɖe gbeƒã? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

9 Ðo ŋku edzi be esi Paulo kpɔe be legbawo xɔ Atene dua me keŋ la, ete ɖe edzi vevie. Gake Paulo mehe nya ɖe wo ŋu o, elé eɖokui kpoo. Edze aɖaŋu eye wòdze agbagba kpɔ nu siwo me woƒe susu sɔ kple etɔ le, be wòanɔ te ɖe wo dzi aɖe nu me na wo. Edze eƒe nyawo gɔme be: “Atenetɔwo, mekpɔe be le nu sia nu me la, edze abe mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ wu ame bubuwo ene.” (Dɔw. 17:22) Ðeko wòle abe Paulo le gbɔgblɔm be: ‘Mekpɔe be miedoa vevie miaƒe mawuwo subɔsubɔ ŋutɔ.’ Paulo dze aɖaŋu eye wòkafu wo ɖe ema ta. Togbɔ be mawu bubuwo subɔsubɔ xɔ susu me na wo hãa, woadi be yewoaɖo to nya nyuia, elabe Paulo ŋutɔ hã nyae be yewɔ nu ‘le manyamanya kple dzimaxɔse me’ kpɔ.—1 Tim. 1:13.

10 Paulo kpɔ nu si dzi wòate ŋu anɔ te ɖo afia nu Atenetɔwo, si nye vɔsamlekpui aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be: “Mawu Si Womenya O La Tɔe.” Esia ɖo kpe edzi be Atenetɔwo doa vevie mawuwo subɔsubɔ nyateƒe. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Helatɔwo kple ame bubuwo ɖia vɔsamlekpui aɖe ɖi koŋ na ‘mawu siwo womenya o.’ Wogblɔna be ɖewohĩ yewoŋlɔ mawu aɖe be le yewoƒe subɔsubɔ me, eye yewomedi be yewoadze agɔ le edzi o.” Atenetɔwo ƒe vɔsamlekpui sia fia be wolɔ̃ ɖe edzi be Mawu aɖe li si yewomenya o. Paulo nɔ te ɖe nu si woŋlɔ ɖe vɔsamekplui sia dzia dzi ɖe gbeƒã nya nyuia na wo. Egblɔ na wo be: “Nu si mienya o, evɔ miehele esubɔm la, eya ŋu nya gblɔm mele na mi.” (Dɔw. 17:23) Paulo ƒe numeɖeɖea nɔ bɔbɔe, gake ewɔ dɔ ɖe wo dzi. Menye mawu bubu aɖeke ŋue wòle nu fiam tsoe abe ale si wotso enu ene o. Mawu vavã, si womenya oa, ŋue wònɔ nu me ɖem na wo tsoe.

11 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa mee? Ne míeléa ŋku ɖe nu ŋu nyuiea, ɖewohĩ míade dzesi nane le ame aɖe ƒe xɔ me, eƒe aƒe me, alo le eƒe nudodowo ŋu, si ɖo kpe edzi be edoa vevie mawusubɔsubɔ. Ne míekpɔe alea, míate ŋu agblɔ be: ‘Mekpɔe be mèfena kple mawusubɔsubɔ o. Medi vevie be maɖo dze kple ame aɖe si doa vevie mawusubɔsubɔ alea.’ Ne míekafu amea ŋuɖɔɖotɔea, míate ŋu anɔ te ɖe esia dzi aɖe gbeƒã nɛ. Ðo ŋku edzi be mele be míabu fɔ amewo ɖe woƒe subɔsubɔ dzixɔsewo ta o, elabe mía nɔvi aɖewo hã nyrɔ ɖe alakpadzixɔsewo me vĩi tsã hafi va srɔ̃ nyateƒea.

Dze agbagba nàdi nya siwo me wò kple wò nyaselawo ƒe susu sɔ le, siwo dzi nànɔ te ɖo aɖi ɖase na wo

Mawu “Mele Adzɔge Tso Mía Dometɔ Aɖeke Gbɔ Hafi O” (Dɔw. 17:24-28)

12. Aleke Paulo trɔ asi le eƒe gbeƒãɖeɖemɔnua ŋu wòsɔ na eƒe nyaselawo?

12 Paulo kpɔ nu si dzi wòanɔ te ɖo aɖe gbeƒã. Gake ɖe wòate ŋu azã mɔnu sia atsɔ aɖi ɖase na woa? Paulo nyae be yeƒe nyaselawo nye xexemenunyalawo gake womenya nu boo tso Ŋɔŋlɔawo ŋu o. Eya ta etrɔ asi le eƒe ɖaseɖiɖia ŋu le mɔ vovovowo nu. Gbãa, eƒo nu tso Biblia me nyawo ŋu gake meyɔ Ŋɔŋlɔ aɖeke tẽe o. Evelia, ezã nyawo abe “mí” kple ‘míawo’ ene tsɔ ɖee fia be nyaa ka ye hã. Etɔ̃lia, eyɔ nyawo tso Hela-gbalẽwo me tsɔ ɖee fia be nu siwo fiam yelea ƒe ɖewo tso woawo ŋutɔwo ƒe agbalẽwo me. Azɔ mina míadzro Paulo ƒe nuƒo ʋãme ma me. Nyateƒenya vevi kawoe Paulo gblɔ na Atenetɔwo tso Mawu si womenya o ŋu?

13. Nya kae Paulo gblɔ tso ale si xexea wɔ va dzɔ ŋu, eye nufiame vevi kae le eƒe nyawo me?

13 Mawue wɔ xexea. Paulo gblɔ be: “Mawu si wɔ xexea kple nu siwo katã le eme, eya, si nye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ siwo wotsɔ asi wɔe la me o.” d (Dɔw. 17:24) Xexea medzɔ le eɖokui si o. Mawu vavã lae wɔ nuwo katã. (Ps. 146:6) Dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ mate ŋu anɔ gbedoxɔ si amewo tsɔ asi wɔ me abe ale si Atena kple mawu bubuwo ya nɔa gbedoxɔ kple trɔ̃xɔwo me ene o. (1 Fia. 8:27) Nufiame vevi si le Paulo ƒe nyawo me dze ƒãa. Egblɔ be: Mawu vavãa lolo wu legba siwo amewo tsɔ asi wɔ, eye menɔa gbedoxɔ siwo wotsɔ asi tu me o.—Yes. 40:18-26.

14. Aleke Paulo ɖee fia be Mawu mehiã nanewo tso amegbetɔwo gbɔ o?

14 Mawu mehiã nanewo tso mía gbɔ o. Zi geɖea, trɔ̃subɔlawo doa awu xɔasiwo na legbawo, eye wotsɔa nunana kpeɖiwo, nuɖuɖu kple nunono ɖoa wo kɔme, abe ɖe legbawo hiã nu siawo ene. Gake Hela xexemenunyala siwo nɔ to ɖom Paulo hã dometɔ aɖewo anya kpɔe be mawuwo mehiã nu siawo tso amegbetɔwo gbɔ o! Ne nenemaea, ke woanya lɔ̃ ɖe nya si Paulo gblɔ tso Mawu ŋua dzi, be “menye ame ƒe asiwo hãe woatsɔ awɔ nane nɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o.” Le nyateƒe mea, amegbetɔwo mate ŋu ana ŋutilãmenu aɖeke wo Wɔlaa o! Ke boŋ Mawue na “agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã” mí; nu siawo dometɔ aɖewoe nye ɣe, tsidzadza kple míaƒe anyigba wɔnua. Míehiã nu siawo katã. (Dɔw. 17:25; 1 Mose 2:7) Eya ta Mawu, si naa nuwo katã amegbetɔwoa, mehiã nu siawo tso mía gbɔ o.

15. Aleke Paulo ƒo nu tso susu si nɔ Atenetɔwo si be yewonyo wu ame siwo menye Helatɔwo o ŋu, eye nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?

15 Mawue wɔ ame. Atenetɔwo susui be yewonyo wu ame siwo menye Helatɔwo o. Gake Biblia meda asi ɖe nuŋububu si nye be dukɔ aɖe me tɔwo nyo wu bubuwo dzi o. (5 Mose 10:17) Paulo ɖɔ ŋu ɖo eye wòdze aɖaŋu esi wònɔ nu ƒom tso nya vevi sia ŋu. Egblɔ be: “[Mawu na] dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka me.” Míeka ɖe edzi be nya siawo na eƒe nyaselawo de ŋugble. (Dɔw. 17:26) Enɔ nu ƒom tso Adam, ame si me amewo katã dzɔ tso ŋu, abe ale si wòdze le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me ene. (1 Mose 1:26-28) Esi amewo katã dzɔ tso ame ɖeka me taa, dukɔ aɖeke me tɔwo menyo wu bubuwo o. Paulo ƒe nyaselawo ase nya sia gɔme godoo. Míesrɔ̃ nu vevi aɖe tso Paulo gbɔ: míedina be míaɖɔ ŋu ɖo ase nu gɔme na amewo le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me ya, gake mímadi be míatɔ tsi Biblia me nyateƒea be wòavivi tome na amewo o.

16. Susu ka koŋ tae Mawu wɔ amegbetɔwo ɖo?

16 Mawu di be amewo nate ɖe ye ŋu. Ne agbalẽnyala siwo le to ɖom Paulo dzro nu si tae amegbetɔwo le agbe ɖo me kpɔ hãa, womanya kpɔ ta na nya ma tututu o. Gake Paulo ɖe susu si koŋ tae Mawu wɔ amegbetɔwo ɖo la me eme kɔ nyuie be: “Woadi Mawu, ne ɖe woatsa asi adii kura gɔ̃ hã, ne woake ɖe eŋu vavã, togbɔ be le nyateƒe me la, mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” (Dɔw. 17:27) Atenetɔwo ate ŋu anya Mawu si wogblɔ be yewomenya o la. Mawu sia mele adzɔge tso ame siwo di ŋutɔŋutɔ be yewoake ɖe eŋu asrɔ̃ nu tso eŋua gbɔ o. (Ps. 145:18) De dzesii be esi Paulo zã nya “mí” taa, meɖe eɖokui le ame siwo wòle be “woadi” Mawu alo “woatsa asi adii” dome o.

17, 18. Nu ka tae wòle be amegbetɔwo nakpɔe be yewoate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Paulo trɔ asi le eƒe nyawo ŋu be wòawɔ dɔ ɖe eƒe nyaselawo dzi me?

17 Ele be amegbetɔwo nakpɔe be yewoate ŋu ate ɖe Mawu ŋu. Paulo gblɔ be: “Elabena eyae na míele agbe, eye míeʋãna, eye míeli.” Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Paulo nɔ susu hem yi Epimenides, si nye Kretatɔwo ƒe hakpanyaŋlɔla si nɔ anyi le ƒe alafa adelia D.Y. me ƒe nyawo dzi. Hakpanyaŋlɔla sia nye “ame si wonya nyuie le Atenetɔwo ƒe subɔsubɔ me.” Paulo yi edzi gblɔ susu bubu si ta wòle be amewo nakpɔe be yewoate ŋu ate ɖe Mawu ŋu. Egblɔ be: “Abe ale si miaƒe hakpanyaŋlɔla aɖewo gɔ̃ hã gblɔe ene be, ‘Elabena viawoe míawo hã míenye.’” (Dɔw. 17:28) Ele be amegbetɔwo nakpɔe be yewoate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃wo, elabe eyae wɔ amegbetɔ ɖeka si me amewo katã dzɔ tso. Esi Paulo di be yeƒe nyawo nawɔ dɔ ɖe yeƒe nyaselawo dzi taa, eyɔ nya tso Helatɔwo ƒe nuŋlɔɖi siwo ŋu eƒe nyaselawo dea bubui me tẽe. e Míate ŋu asrɔ̃ Paulo. Ɣeaɖewoɣia, míate ŋu ayɔ nya tso ŋutinya nyanyɛwo, numekugbalẽwo kple agbalẽ bubu siwo míaƒe nyaselawo nya nyuie me. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ayɔ nya tso agbalẽ aɖe si dzi amewo ka ɖo me atsɔ aɖo kpe edzi na ame siwo menye Ðasefowo o be afi si azãɖuɖu alo subɔsubɔwɔna aɖewo dzɔ tso mesɔ o.

18 Va se ɖe fifia, Paulo trɔ asi le eƒe nyawo ŋu wòsɔ na eƒe nyaselawo ale be wova de dzesi nyateƒenya vevi aɖewo ku ɖe Mawu ŋu. Nu kae apostoloa di be nya siwo Atenetɔwo sea naʋã wo woawɔ? Egblɔe na wo tẽe esi wòyi eƒe nuƒoa dzi.

‘Amewo Katã Le Afi Sia Afi Natrɔ Dzi Me’ (Dɔw. 17:29-31)

19, 20. (a) Aleke Paulo ƒe numeɖeɖe aɖaŋutɔe ɖee fia be legbawo subɔsubɔ nye nu si me susu mele o? (b) Afɔ kae wòle be Paulo ƒe nyaselawo naɖe?

19 Paulo di be yeakpe ɖe yeƒe nyaselawo ŋu woawɔ ɖe yeƒe nyawo dzi. Egahe woƒe susu yi Helatɔwo ƒe nuŋlɔɖia dzi esi wògblɔ be: “Esi míenye Mawu ƒe viwo ta la, mele be míasusu be Mawu le abe sika alo klosalo alo kpe ene o, eye mele abe nane si ƒe nɔnɔme amegbetɔ wɔ aɖaŋutɔe la ene o.” (Dɔw. 17:29) Le nyateƒe mea, ne Mawue wɔ amegbetɔwoa, ke ɖe Mawu sia agate ŋu anye legba si amegbetɔwo boŋ wɔa? Ale si Paulo ɖe nu me aɖaŋutɔe alea na legbawo subɔsubɔ dze nu si me susu mele o. (Ps. 115:4-8; Yes. 44:9-20) Nya siwo nye “mele be míasusu be,” si Paulo zã la wɔe be eƒe nyawo mate ɖe eƒe nyaselawo dzi akpa o.

20 Apostoloa na eme kɔ be ele be woaɖe afɔ kpata. Egblɔ be: “Mawu ŋe aɖaba ƒu ɣeyiɣi siwo me amegbetɔwo wɔ nu le manyamanya me la dzi [esime amewo susui be legba subɔlawo ƒe nu dzea Mawu ŋu]; ke azɔ la, ele gbɔgblɔm na amewo katã le afi sia afi be woatrɔ dzi me.” (Dɔw. 17:30) Anya wɔ nuku na Paulo ƒe nyasela aɖewo ŋutɔ esi wògblɔ be ehiã be woatrɔ dzi me. Gake eƒe nuƒo ʋãmea na amewo kpɔe be Mawue na yewole agbe eye eyae yewoabu akɔnta na. Ele be woadi Mawu, asrɔ̃ nyateƒenya siwo ku ɖe eŋu, eye woanɔ agbe wòasɔ kple nyateƒenya mawo. Esia fia be ele be Atenetɔwo natrɔ ɖa le legbawo subɔsubɔ yome.

21, 22. Nya ʋãme kawoe Paulo tsɔ ƒo eƒe nuƒoa ta, eye aleke míese nya mawo gɔme egbeae?

21 Paulo gblɔ nya ʋãme aɖe tsɔ ƒo eƒe nuƒoa ta. Egblɔ be: “[Mawu ɖo] ŋkeke aɖe ɖi, si dzi wòɖo tame be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzinɔlawo katã le dzɔdzɔenyenye me to ŋutsu aɖe si wòɖo la dzi, eye wòna eŋuti kpeɖodzi amewo katã esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.” (Dɔw. 17:31) Ʋɔnudrɔ̃gbe si gbɔna na wòva hiã vevie be amewo nadi Mawu vavã ne woake ɖe eŋu! Paulo meyɔ Ʋɔnudrɔ̃la si Mawu ɖo ƒe ŋkɔ o. Ke boŋ Paulo gblɔ nya wɔnuku aɖe tso Ʋɔnudrɔ̃la sia ŋu be: Enɔ agbe kpɔ, eku, eye Mawu fɔe tso ku me!

22 Míese Paulo ƒe nyataƒonya ʋãme ma gɔme nyuie egbea. Míenyae be Ʋɔnudrɔ̃la si Mawu tiae nye Yesu Kristo si wòfɔ ɖe tsitre tso ku me. (Yoh. 5:22) Míenyae hã be Ʋɔnudrɔ̃gbea ƒe didimee nye ƒe akpe ɖeka eye wòle aƒe tum kabakaba. (Nyaɖ. 20:4, 6) Míevɔ̃a Ʋɔnudrɔ̃gbea o, elabe míenyae be ahe yayra manyagblɔwo vɛ na ame siwo wotso afia na be wonye nuteƒewɔlawo. Nukunu gãtɔ si nye Yesu Kristo ƒe tsitretsitsia ɖo kpe edzi be nu nyui siwo míele mɔ kpɔm na ava eme godoo!

‘Ame Aɖewo Va Zu Xɔsetɔwo’ (Dɔw. 17:32-34)

23. Mɔ vovovo kawo nue amewo wɔ nu ɖe Paulo ƒe nyawo ŋu le?

23 Ale si amewo wɔ nu ɖe Paulo ƒe nyawo ŋu le vovovo. Esi wose tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu nyaa, “wo dometɔ aɖewo de asi fewuɖuɖu me.” Bubuwo ya bɔbɔ wo ɖokui, gake womedi be yewoatrɔ dzi me o. Eya ta wogblɔ be: “Míagase nya sia tso gbɔwò ɣebubuɣi.” (Dɔw. 17:32) Gake ame ʋɛ aɖewo wɔ nu ɖe Paulo ƒe nyawo ŋu nyuie. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ame aɖewo va wɔ ɖeka kplii, eye wozu xɔsetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Dionisio, si nye ʋɔnudrɔ̃la le Areopago ʋɔnudrɔ̃ƒea, kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damaris kpakple ame bubu aɖewo.” (Dɔw. 17:34) Ale si amewo wɔa nu ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu egbea hã le vovovo. Ame aɖewo ɖua fewu le mía ŋu, ɖewo hã ɖoa to nya nyuia pɛ, evɔ womeɖea afɔ aɖeke o. Gake dzi dzɔa mí ŋutɔ ne ame aɖewo ya xɔ nya nyuia eye wova zu xɔsetɔwo.

24. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nuƒo si Paulo ƒo le Areopago la me?

24 Míate ŋu asrɔ̃ nufiafiamɔnu vovovo siwo Paulo zã le eƒe nuƒoa me. Esia ƒe ɖewoe nye ale si wòɖo eƒe nyawo ɖe ɖoɖo nu, ale si wòde ŋugble kple eƒe nyaselawo nyuie kple ale si wòtrɔ ɖe woƒe nɔnɔme vovovoawo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋua, míekpɔ ale si wòle vevie be míagbɔ dzi ɖi, aɖɔ ŋu ɖo ne míele gbeƒã ɖem na ame siwo nyrɔ ɖe alakpadzixɔsewo me vĩi. Míesrɔ̃ nu vevi bubu aɖe hã, si nye be: mele be míatɔ tsi Biblia me nyateƒea be wòasɔ tome na míaƒe nyaselawo o. Ne míesrɔ̃ apostolo Paulo la, míagabi ɖe edzi wu ne míele nu fiam amewo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Gawua, esia ana dzikpɔlawo hã ƒe nufiafia naganyo ɖe edzi le hamea me. Ne míewɔe alea, míasu te nyuie akpe ɖe amewo ŋu be “woadi Mawu, . . . ne woake ɖe eŋu vavã.”—Dɔw. 17:27.

b Kpɔ aɖaka si nye “ Epikurotɔwo Kple Stoatɔwo.”

c Areopago la le Akropolis ƒe dziehe kple ɣetoɖoƒe dome. Enye teƒe si dumemetsitsiwo kpea ta le. Ŋkɔ “Areopago” ate ŋu afia ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒoa alo togbɛa. Eya ta agbalẽnyala aɖewo susui be woanya kplɔ Paulo yi togbɛa dzi alo teƒe aɖe si te ɖe eŋu, eye bubuwo hã susui be woanya kplɔe yi ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒoa ŋkume le asia me.

d Helagbe me nya si gɔme woɖe be “xexea” ye nye koʹsmos, eye Helatɔwo zãnɛ zi geɖe wòkuna ɖe amewo ŋu. Anɔ eme be Paulo zãe le gɔmesese sia nu, ale be eƒe nyasela siwo nye Helatɔwo nate ŋu ase eƒe nyawo gɔme.

e Paulo yɔ nyawo tso Stoatɔ hakpanyaŋlɔla Aratus ƒe hakpanya siwo ku ɖe ɣletiviwo ŋu me. Nya mawo ke tɔgbi dze le Helatɔwo ƒe agbalẽ bubuwo abe Hymn to Zeus, si Stoatɔ Cleanthes ŋlɔ ene me.