Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 15

’Wole Ŋusẽ Dom Hameawo’

’Wole Ŋusẽ Dom Hameawo’

Dzikpɔla mɔzɔlawo do ŋusẽ hameawo

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 15:36–16:5 dzi

1-3. (a) Ame bubu kae Paulo va tia be wòazɔ mɔa kpli ye, eye ame ka ƒomevie wònye? (b) Nu kawoe míasrɔ̃ le ta sia me?

 ESI wole zɔzɔm to duawo me mɔ glidzaglidzawo dzia, apostolo Paulo trɔ kpɔ ɖekakpui si le eƒe axa dzia dũu esi wòle ŋugble dem tso nu siwo me woato kpuiea ŋu. Ðekakpuia ŋkɔe nye Timoteo. Ðewohĩ esusɔ vie wòaxɔ ƒe 20 alo exɔ ƒe 20 to eŋu vie, eye ŋusẽ le eŋu. Wodzo le aƒe gbɔ, eye esi ŋkekea le enu wumaa, wogblẽ Listra kple Ikonio ɖe megbe ʋĩi. Nu kae le ŋgɔ na wo? Paulo ya nya, elabe eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ eveliae nye esia. Paulo nya be kuxiwo kple nɔnɔme sesẽ geɖe ava yewo dzi. Aleke ɖekakpui sia awɔ anɔ te ɖe nɔnɔme mawo nu?

2 Paulo ka ɖe Timoteo dzi wu ale si Timoteo ŋutɔ anya ka ɖe eɖokui dzi. Ale si nuwo meyi nyuie le Paulo kple ame si wòtia gbã be wòazɔ mɔ sia kpli ye dome o na wòkpɔe be ehiã be yeatia ame si dzi yeka ɖo be ate ŋu ayi edzi awɔ dɔ aduadu kpli ye. Paulo nya be ahiã be yewoawɔ ɖeka eye yewoaɖo tame kplikpaa hafi ate ŋu awɔ dɔ si dze ŋgɔ yewo, si nye be yewoasrã hameawo kpɔ ado ŋusẽ wo. Nu ka tae Paulo se le eɖokui me nenema? Ðewohĩ susuawo dometɔ ɖekae nye masɔmasɔ si ɖo eya kple Barnaba dome eteƒe medidi o, si wɔe be woma mɔ.

3 Le ta sia mea, míakpɔ mɔ nyui siwo dzi míato akpɔ masɔmasɔwo gbɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋua, míakpɔ susu siwo tae Paulo tia Timoteo be wòakpe ɖe ye ŋu le mɔzɔzɔa me kple akpa vevi siwo nutome sue dzikpɔla siwo li egbea wɔna.

“Na Míatrɔ Ayi Aɖakpɔ Nɔviawo Ða” (Dɔw. 15:36)

4. Nu kae Paulo ɖo be yeawɔ le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia sia me?

4 Le ta si do ŋgɔ mea, míekpɔe be esi wokpɔ aʋatsotso ƒe nyaa gbɔ vɔa, ame dɔdɔ ene, siwo nye Paulo, Barnaba, Yuda, kple Sila, zã dɔdzikpɔhaa ƒe nyametsotsoa tsɔ de dzi ƒo na hame si le Antiokia. Nu bubu kae Paulo gawɔ? Ete ɖe Barnaba ŋu eye wògblɔ nɛ be: “Azɔ na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa le du sia du si me míeɖe gbeƒã Yehowa ƒe nya le la me, ne míakpɔ ale si wole ɖa.” (Dɔw. 15:36) Menye nɔvi siwo trɔ dzi me va zu Kristotɔ sasrã kpɔ dzro aɖe ko ƒe nya gblɔm Paulo le o. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa na míekpɔ susu si le megbe na Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia sia. Gbãa, ayi edzi agblɔ ɖoɖo siwo dzi dɔdzikpɔhaa da asi ɖo na wo. (Dɔw. 16:4) Evelia, Paulo, si nye dzikpɔla mɔzɔlaa, ɖoe be yeado ŋusẽ nɔviawo ale be woali ke le xɔse me. (Rom. 1:11, 12) Aleke Yehowa Ðasefo siwo li egbea srɔ̃a kpɔɖeŋu nyui si apostoloawo ɖo ɖi?

5. Mɔ ka dzie Dɔdzikpɔha si li egbea tona nana mɔfiamewo ɖoa hamewo gbɔ eye wòdea dzi ƒo na wo?

5 Egbea, Kristo toa Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa dzi fiaa mɔ hamewo. Dɔdzikpɔhaa toa lɛtawo, agbalẽ siwo le mɔ̃ dzi kple esiwo wotana, kpekpewo, kple mɔnu bubuwo dzi nana mɔfiamea ɖoa hameawo gbɔ, eye wodea dzi ƒo na wo le xexea me godoo. Be woate ŋu awɔ esia, wozãa dzikpɔla mɔzɔlawo. Eya ta Dɔdzikpɔhaa ŋutɔ ɖoa hamemetsitsi siwo dze dometɔ akpe geɖe be woanye nutome sue dzikpɔlawo.

6, 7. Dɔ siwo nutome sue dzikpɔlawo wɔna dometɔ aɖewo ɖe?

6 Dzikpɔla mɔzɔla siwo li egbea hã ƒe taɖodzinue nye be yewoado ŋusẽ hame siwo yewosrãna kpɔnaa me tɔwo katã ƒe xɔse. Aleke wowɔa esiae? Wosrɔ̃a ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo, abe Paulo ene. Egblɔ na etɔ dzikpɔla aɖe be: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi vevie, le ɣeyiɣi deamedziwo kple ɣeyiɣi madeamedziwo me, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔgbɔ blewu kple nufiafiaɖaŋu me. . . . Wɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔ.”—2 Tim. 4:2, 5.

7 Le Paulo ƒe nya mawo taa, nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a—ne srɔ̃ le esi—wɔa ɖeka kple hameawo woɖea gbeƒã. Dzikpɔla mɔzɔla siawo tsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, wobi le nufiafia me, eye esia ɖea vi na hamea. (Rom. 12:11; 2 Tim. 2:15) Wonya nutome sue dzikpɔlawo be wolɔ̃a ame. Wotsɔa wo ɖokuiwo nana faa be yewoasubɔ le nɔnɔme madeamedziwo kple nuto siwo me afɔkuwo le gɔ̃ hã me. (Flp. 2:3, 4) Tsɔ kpe ɖe eŋua, nutome sue dzikpɔlawo toa Biblia me nuƒowo dzi dea dzi ƒo na nɔviawo, fiaa nu wo, eye woxlɔ̃a nu wo. Eɖea vi na hamea me tɔwo katã ne wolé ŋku ɖe dzikpɔla mɔzɔla siawo ƒe agbenɔnɔ ŋu eye wosrɔ̃ woƒe xɔse.—Heb. 13:7.

“Wodo Dɔmedzoe . . . Ðe Wo Nɔewo Ŋu Vevie” (Dɔw. 15:37-41)

8. Aleke Barnaba xɔ Paulo ƒe amekpekpeae?

8 Barnaba lɔ̃ ɖe susu si Paulo do ɖa be yewoayi “aɖakpɔ nɔviawo ɖa” dzi. (Dɔw. 15:36) Wo ame evea wɔ dɔ va yi, eye wonya nutoa me kple nɔviawo nyuie. (Dɔw. 13:2–14:28) Eya ta esɔ na wo nyuie ŋutɔ be yewo ame evea yewoagawɔ dɔ ɖekae le mɔzɔzɔ sia me. Gake nya aɖe va fɔ ɖe te. Dɔwɔwɔwo 15:37 gblɔ be: “Barnaba ɖoe kplikpaa be yewoakplɔ Yohanes si wogayɔna be Marko hã ɖe asi.” Menye susu koe Barnaba do ɖa o lo. ‘Eɖoe kplikpaa’ be yewoakplɔ ye nɔvi Marko ɖe asi le dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ sia me.

9. Nu ka tae Paulo melɔ̃ ɖe susu si Barnaba do ɖa dzi o?

9 Paulo melɔ̃ ɖe Barnaba ƒe susua dzi o. Nu ka tae? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Paulo ya meda asi ɖe edzi be [yewoakplɔ Marko] ɖe asi o, elabena etrɔ le wo yome le Pamfilia, eye meyi ɖawɔ dɔ kpli wo o.” (Dɔw. 15:38) Marko wɔ dɔ kple Paulo kple Barnaba va yi, gake mewɔ dɔa wu enu o. (Dɔw. 12:25; 13:13) Le mɔzɔzɔ gbãtɔ mea, Pamfilia ko woɖo, eye Marko gbugbɔ le wo yome trɔ va Yerusalem. Biblia megblɔ nu si tae wòtrɔ le wo yome ya o. Marko ƒe nuwɔnawo me mekɔ na apostolo Paulo tututu o, eya ta ɖewohĩ eƒo nya ta be enye ame si dzi womate ŋu aka ɖo o.

10. Aleke Paulo kple Barnaba wɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu, eye nu kae va do tso eme?

10 Barnaba ganɔ tɔ tem ɖe edzi kokoko be Marko nayi kpli yewo. Paulo hã gbe gbidii be makplɔ yewo ɖo o. Dɔwɔwɔwo 15:39 gblɔ be: “Esia na wodo dɔmedzoe ɖe wo nɔewo ŋu vevie, ale be woma tso wo nɔewo gbɔ.” Barnaba ɖo tɔdziʋu yi wo de Kipro ƒukpoa dzi eye wòkplɔ Marko ɖe asi. Paulo hã metrɔ eƒe ɖoɖowo o. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Paulo ya tia Sila, eye esi nɔviawo bia Yehowa ƒe amenuveve na wo vɔ la, wodze mɔ.” (Dɔw. 15:40) Woyi “ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ dom hameawo.”—Dɔw. 15:41.

11. Ne nɔvi aɖe dze agɔ le mía dzia, Kristotɔwo ƒe nɔnɔme kawoe akpe ɖe mía ŋu be mama nagaɖo mía dome o?

11 Nuŋlɔɖi sia anya ɖo ŋku edzi na mí be míawo hã míede blibo o. Paulo kple Barnaba nye dɔdzikpɔhaa ƒe ame dɔdɔ tɔxɛwo. Anɔ eme be Paulo ŋutɔ va nye dɔdzikpɔhaa me tɔ. Togbɔ be ele alea hãa, esi Paulo kple Barnaba mede blibo o taa, wohe nya. Gake ɖe wona esia he mama de wo dome ɖaa? Togbɔ be Paulo kple Barnaba mede blibo o hãa, Kristo ƒe susu le wo si, eya ta wobɔbɔ wo ɖokuiwo. Wova ɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo fia, eye wotsɔ ke wo nɔewo. (Ef. 4:1-3) Emegbe Paulo wɔ dɔ kple Marko ɖekae. aKol. 4:10.

12. Abe Paulo kple Barnaba enea, nɔnɔme vevi kawoe wòle be wòaɖe dzesi le dzikpɔla siwo li egbea ŋu?

12 Ale si Paulo kple Barnaba do dɔmedzoe vevie le nya sia mea mefia be nenem mewoe wonye o. Wonya Barnaba be elɔ̃a ame eye wònyoa dɔme ale gbegbe be apostoloawo da ŋkɔ ɖe edzi be Barnaba, si gɔmee nye “Akɔfafavi,” evɔa eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye Yosef. (Dɔw. 4:36) Wonya Paulo hã be esea veve ɖe ame nu eye wòfa tu. (1 Tes. 2:7, 8) Ele be Kristotɔ dzikpɔla siwo li egbea kple nutome sue dzikpɔlawo siaa nabɔbɔ wo ɖokuiwo ɣesiaɣi, awɔ nu ɖe wo nɔvi hamemetsitsiwo kple alẽha bliboa ŋu le tufafa me.—1 Pet. 5:2, 3.

‘Woƒo Nu Nyui Le Eŋu’ (Dɔw. 16:1-3)

13, 14. (a) Ame kae nye Timoteo, eye aleke Paulo wɔ do goe? (b) Aleke Paulo wɔ de dzesi Timoteo ƒe agbagbadzedze? (d) Dɔ vevi kae wode asi na Timoteo?

13 Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia mea, eyi Roma nuto si nye Galatia me, afi si hame ʋɛ aɖewo le. Emegbe eva “ɖo Derbe kple Listra” hã. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Nusrɔ̃la aɖe le afi ma, si ŋkɔe nye Timoteo, dadaa nye Yudatɔ xɔsetɔ, ke fofoa nye Helatɔ.”—Dɔw. 16:1. b

14 Anɔ eme be Paulo do go Timoteo ƒe ƒomea le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me le ƒe 47 K.Ŋ lɔƒo. Fifia, ƒe eve alo etɔ̃ va yi xoxo, eye le Paulo ƒe mɔzɔzɔ evelia sia mea, ede dzesi Timoteo ƒe agbagbadzedze. Aleke wòwɔ de dzesii? Nɔviawoe “ƒo nu nyui le eŋu.” Menye nɔvi siwo le eƒe hamea me le Listra koe lɔ̃e o, ke boŋ hame siwo te ɖe wo ŋu hã nya eƒe nɔnɔme nyuiwo. Nuŋlɔɖia gblɔ be nɔvi siwo le Ikonio, si didi tso wo gbɔ kilometa 30, hã ƒo nu nyui tso eŋu. (Dɔw. 16:2) Gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ hamemetsitsiawo woda asi ɖe Timoteo dzi be wòawɔ dɔ vevi aɖe, si nye be wòanɔ Paulo kple Sila ŋu le woƒe mɔzɔzɔwo me.—Dɔw. 16:3.

15, 16. Nu kawoe na woƒo nu nyui tso Timoteo ŋu?

15 Togbɔ be Timoteo nye sɔhɛ dzaa hãa, nu kae na woƒo nu nyui tso eŋu nenema? Eƒe dzɔdzɔmeŋutetewo, dzedzeme, alo ale si eƒe tagbɔ ɖa yea? Ŋutete siawo tɔgbi wɔa dɔ ɖe amegbetɔwo dzi ya. Nyagblɔɖila Samuel gɔ̃ hã na amegbetɔ ƒe dzedzeme kpɔ ŋusẽ ɖe edzi madzemadzee. Gake Yehowa ɖo ŋku edzi nɛ be: “Menye ale si amegbetɔ kpɔa nue nye ale si Mawu kpɔa nui o, elabena nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.” (1 Sam. 16:7) Menye ŋutete siwo le Timoteo sie na nɔviawo kafui o, ke boŋ ame si wònye le ememee.

16 Ƒe aɖewo megbea, Paulo gahe susu yi nɔnɔme nyui siwo le Timoteo si dzi. Paulo ƒo nu tso eƒe nuŋububu nyui, ale si lɔlɔ̃ ʋãnɛ wòtsɔa eɖokui saa vɔ, kple ale si wòdoa vevie Yehowa subɔsubɔ kple hamea me dɔwo ŋu. (Flp. 2:20-22) Tsɔ kpe ɖe eŋua, wonya Timoteo be xɔse “si me alakpa mele o” le esi.—2 Tim. 1:5.

17. Aleke sɔhɛ siwo li egbea srɔ̃a Timoteo?

17 Sɔhɛ siwo li egbea hã srɔ̃a Timoteo, eye woɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo fiana. Esia wɔnɛ be wowɔa ŋkɔa nyui le Yehowa kple hamea gbɔ, ne wometsi boo o gɔ̃ hã. (Lod. 22:1; 1 Tim. 4:15) Woɖea xɔse si me alakpa mele o fiana, eye womenɔa agbe eve o. (Ps. 26:4) Esia wɔnɛ be sɔhɛ siawo wɔa dɔ veviwo le hamea me abe Timoteo ene. Ne wodze zu gbeƒãɖelawo, eye wodze agbagba ɖe adzɔgbe na Yehowa xɔ nyɔnyrɔa, edea dzi ƒo na ame siwo dome wole ŋutɔ!

“Hameawo Ƒe Xɔse Nɔ Ŋu Sẽm Ðe Edzi” (Dɔw. 16:4, 5)

18. (a) Esi Paulo kple Timoteo nye dzikpɔla mɔzɔlawo taa, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kawoe su wo si? (b) Aleke wòɖe vi na hameawo?

18 Paulo kple Timoteo wɔ dɔ ɖekae ƒe geɖe. Esi wonye dzikpɔla mɔzɔlawo taa, wonɔ dɔdzikpɔhaa teƒe wɔ dɔ geɖe. Biblia gblɔ be: “Esi wole duawo me tom la, wogblɔ ɖoɖo siwo dzi apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem ɖo kpee la na wo, be woalé wo me ɖe asi.” (Dɔw. 16:4) Edze ƒãa be hameawo wɔ ɖe apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem ƒe mɔfiamewo dzi. Woƒe toɖoɖo alea wɔe be “hameawo ƒe xɔse nɔ ŋu sẽm ɖe edzi, eye woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi gbe sia gbe.”—Dɔw. 16:5.

19, 20. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo naɖo to “ame siwo le ŋgɔ xɔm”?

19 Nenema kee wòɖea vi na Yehowa Ðasefo siwo li egbea hã ne woɖo to “ame siwo le ŋgɔ xɔm” le wo dome eye wowɔ ɖe woƒe mɔfiamewo dzi. (Heb. 13:17) Esi xexea ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm taa, ele vevie be Kristotɔwo katã nawɔ ɖe mɔfiame siwo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana dzi. (Mat. 24:45; 1 Kor. 7:29-31) Ne míewɔnɛ alea, mímatra ɖa tso nyateƒea gbɔ alo ana xexea naƒo ɖi mí o.—Yak. 1:27.

20 Abe Paulo, Barnaba, Marko, kple hamemetsitsi bubu siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na le ƒe alafa gbãtɔ me enea, Kristotɔ dzikpɔla siwo li egbea kple Dɔdzikpɔhaa me tɔwo siaa mede blibo o. (Rom. 5:12; Yak. 3:2) Gake esi Dɔdzikpɔha si li egbea wɔna ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi eye wosrɔ̃a kpɔɖeŋu si apostoloawo ɖo ɖi taa, hamea me tɔwo kana ɖe wo dzi. (2 Tim. 1:13, 14) Esia wɔnɛ be wodoa ŋusẽ hameawo eye hamea me tɔwo ƒe xɔse gadzina ɖe edzi.