Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 17

‘Edzro Ŋɔŋlɔawo Me Kpli Wo’

‘Edzro Ŋɔŋlɔawo Me Kpli Wo’

Nu si dzi míatu míaƒe nufiafia ɖo be wòaɖe vi kple kpɔɖeŋu nyui si Beroiatɔwo ɖo ɖi na mí

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 17:1-15 dzi

1, 2. Ame kawoe le mɔ zɔm tso Filipi yina Tesalonika, eye nu kae anya nɔ susu me na wo?

 MƆA nye esi Romatɔwo ƒe mɔdola bibiwo do to towo dome. Tedziwo ƒe xɔxlɔ̃, tasiaɖamfɔtiwo ƒe gbeɖiɖi, kple mɔzɔla vovovowo ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim le edzi. Ame vovowo zɔa mɔ sia edziedzi; wo dometɔ aɖewoe nye asrafowo, asitsalawo kple aɖaŋudɔwɔla bibiwo. Mɔ sia dzie zɔhɛ etɔ̃, siwo nye Paulo, Sila, kple Timoteo hã le tso Filipi yina Tesalonika. Woƒe mɔzɔzɔa ade kilometa 130 eye mele bɔbɔe kura o, vevietɔ na Paulo kple Sila, elabe abi siwo woxɔ esi woƒo wo le Filipi la meku haɖe o.—Dɔw. 16:22, 23.

2 Nu kae kpe ɖe wo ŋu be mɔ legbee sia zɔzɔ meti wo o? Míeka ɖe edzi be wonɔ dze ɖom. Nu si dzɔ le Filipi, si na gaxɔdzikpɔla kple eƒe aƒemetɔwo va zu xɔsetɔwo, gakpɔtɔ le susu me na wo. Nudzɔdzɔ ma wɔe be woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi aɖe gbeƒã Mawu ƒe nyaa. Gake esi wogogo Tesalonika dua, woanya nɔ wo ɖokuiwo biam be aleke Yudatɔ siwo le dua me axɔ yewoe hã. Ðe woadze wo dzi alo aƒo wo gɔ̃ hã, abe ale si wòdzɔ ɖe wo dzi le Filipi enea?

3. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si dzi nɔ Paulo ƒo wòɖe gbeƒã me?

3 Paulo ɖe eƒe seselelãmewo gblɔ emegbe le lɛta si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika la me. Egblɔ be: “Togbɔ be míekpe fu, eye woɖi gbɔ mí gbã le Filipi, abe ale si mienya ene hã la, dzi ɖo mía ƒo to mía Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me be míagblɔ Mawu ƒe nya nyui la na mi le tsitretsiɖeŋu geɖe me.” (1 Tes. 2:2) Paulo ƒe nyawo ɖee fia be, le nu siwo dzɔ le Filipi va yi taa, ɖewohĩ evɔ̃ vie na Tesalonika yiyi. Ðe masɔ be míase veve ɖe Paulo nu oa? Ðe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nàɖe gbeƒã nya nyuia? Paulo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ ye eye wòakpe ɖe ye ŋu dzi nanɔ ye ƒo. Ne èsrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua, dzi ate ŋu aɖo wò hã ƒowò nenema ke.—1 Kor. 4:16.

‘Edzro Ŋɔŋlɔawo Me’ (Dɔw. 17:1-3)

4. Nu kae na míekpɔe be ɖewohĩ Paulo nɔ Tesalonika wu kwasiɖa etɔ̃?

4 Nuŋlɔɖia na míekpɔe be esime Paulo nɔ Tesalonika la, eɖe gbeƒã le ƒuƒoƒea Sabat etɔ̃ sɔŋ. Ðe esia fia be kwasiɖa etɔ̃ koe wònɔ dua mea? Mefia nenema kokoko o. Esi wova ɖo dua mea, míenya ɣeyiɣi didi si wòxɔ hafi Paulo yi ƒuƒoƒea zi gbãtɔ o. Emegbe Paulo ƒe lɛtawo na míekpɔe be esime wonɔ Tesalonika la, eya kple eƒe zɔhɛwo wɔ dɔ tsɔ kpɔ wo ɖokuiwo dzi. (1 Tes. 2:9; 2 Tes. 3:7, 8) Filipi nɔviwo hã ɖo nuhiahiãwo ɖe wo zi eve sɔŋ esime Paulo nɔ afi ma. (Flp. 4:16) Esiawo katã na míekpɔe be ɖewohĩ wonɔ dua me wu kwasiɖa etɔ̃.

5. Mɔ ka dzie Paulo to kpe ɖe amewo ŋu wobu tame?

5 Dzi ɖo Paulo ƒo be wòaɖe gbeƒã, eya ta eƒo nu kple ame siwo va kpe ta ɖe ƒuƒoƒea. Abe ale si wòwɔnɛ enea, “[edzro] Ŋɔŋlɔawo me kpli wo . . . ; eɖea nu me heyɔa nya tso Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖoa kpe edzi be ehiã be Kristo la nakpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome, eye wògblɔna be: ‘Ame siae nye Kristo la, Yesu sia si ŋu nya gblɔm mele na mi.’” (Dɔw. 17:2, 3) De dzesii be menye ɖeko Paulo gblɔ nyaa be wòavivi wo nu ko o, ke boŋ edi be woabu tame. Enyae be ame siwo vaa ƒuƒoƒea nya Ŋɔŋlɔawo nyuie eye wodea bubu wo ŋu. Gake womesea wo gɔme nyuie o. Eya ta Paulo dzro Ŋɔŋlɔawo me kpli wo, eɖe wo me, eye wòzã wo tsɔ ɖo kpe edzi be Yesu si tso Nazaret ye nye Mesia alo Kristo si ŋugbe wodo.

6. Aleke Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wose Ŋɔŋlɔawo gɔme, eye aleke wowɔ nui?

6 Paulo zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ fia nu amewo abe ale si Yesu wɔe ene. Le kpɔɖeŋu me, esime Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔmaa, egblɔ na eyomedzelawo be wogblɔe ɖi le Ŋɔŋlɔawo me be ele be Amegbetɔvi la nakpe fu, woawui, eye woafɔe ɖe tsitre. (Mat. 16:21) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo. Ema ɖeɖe ɖee fia be eto nyateƒe. Gake egagblɔ nya geɖe na wo. Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nya si wògblɔ na eƒe nusrɔ̃la aɖewo ŋu ale: “Esi wòdze egɔme tso Mose kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo katã dzi la, eɖe nu siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu le Ŋɔŋlɔawo katã me la me na wo.” Nu kae do tso eme? Nusrɔ̃laawo gblɔ be: “Ðe míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle nu ƒom na mí le mɔa dzi hele Ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí tsitotsito oa?”—Luka 24:13, 27, 32.

7. Nu ka tae wòle vevie be míatu míaƒe nufiafiawo ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi?

7 Ŋusẽ le Mawu ƒe Nyaa ŋu. (Heb. 4:12) Abe Yesu, Paulo kple apostolo bubuawo enea, Kristotɔ siwo li egbea hã tua woƒe nufiafiawo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi. Míawo hã míedzroa Ŋɔŋlɔawo me kple amewo, míeɖea eme, eye míeʋua Biblia xlẽna tsɔ ɖoa kpe nya si gblɔm míele dzi. Esi nya si míeɖea gbeƒãe menye mía tɔ o taa, ne míezãa Biblia edziedzia, ana amewo nakpɔe be Mawu ƒe nufiafiae. Ele be wòanɔ susu me na mí hã be Biblia mee nya nyui si míeɖea gbeƒãe tso. Míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe Nya dzi bliboe. Ðe esia medoa ŋusẽ wò be dzi nanɔ ƒowò nàɖe gbeƒã abe Paulo ene oa?

“Wo Dometɔ Aɖewo Va Zu Xɔsetɔwo” (Dɔw. 17:4-9)

8-10. (a) Aleke Tesalonikatɔwo xɔ nya nyuia? (b) Nu ka tae Yudatɔ aɖewo ʋã ŋu Paulo? (d) Aleke Yudatɔ tsitretsiɖeŋulaawo wɔ nui?

8 Nu siwo dzɔ ɖe Paulo dzi va yi na wòkpɔe be Yesu ƒe nya siawo va eme nyateƒe, be: “Kluvi mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã mia yome; ne wolé nye nya me ɖe asi la, woalé mia tɔ hã me ɖe asi.” (Yoh. 15:20) Le Tesalonika la, ame aɖewo tsɔ didi vevie se Paulo ƒe nyawo, gake ame bubuwo hã gbe. Luka gblɔ tso ame siwo xɔ nyaa ŋu be: “Wo [Yudatɔwo] dometɔ aɖewo va zu xɔsetɔwo [Kristotɔwo], eye wowɔ ɖeka kple Paulo kpakple Sila. Nenema kee Helatɔ siwo vɔ̃a Mawu la ƒe ha gã aɖe kple nyɔnu bubume geɖewo hã va wɔ ɖeka kpli wo.” (Dɔw. 17:4) Nusrɔ̃la yeye siawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, elabe wokpe ɖe wo ŋu wova se Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie.

9 Togbɔ be ame aɖewo kpɔ dzidzɔ ɖe Paulo ƒe nyawo ŋu hãa, ame bubuwo ya do dziku ɖe eŋu vevie. Yudatɔ siwo le Tesalonika dometɔ aɖewo ʋã ŋu Paulo, elabe ‘Helatɔwo ƒe ha gã aɖe’ dze eyome. Yudatɔ mawo ƒe taɖodzinue nye be yewoana Helatɔwo natrɔ dzi me ava zu Yudatɔwo. Eya ta wofiaa Hebri Ŋɔŋlɔawo wo eye wobua Helatɔ mawo be wonye yewoƒe nusrɔ̃lawo. Gake edze abe Paulo to eƒe nufiafiawo dzi na Helatɔawo trɔ ɖa le Yudatɔ siwo le ƒuƒoƒea yome ene. Esia na Yudatɔawo do dziku vevie!

‘Woɖoe be yewoana woakplɔ Paulo kple Sila ade asi na gbevuhaa.’—Dɔwɔwɔwo 17:5

10 Luka gblɔ nu si dzɔ kplɔe ɖo na mí ale: “Esi Yudatɔwo ʋã ŋu ta la, woƒo ablɔ me ŋutsu vlo dɔaɖekemawɔlawo nu ƒu, eye woɖo gbevuha aɖe hede zitɔtɔ dua me. Wodze Yason ƒe aƒe dzi kple susu be yewoakplɔ Paulo kple Sila ade asi na gbevuha la. Esi womekpɔ wo o la, wohe Yason kple nɔvi aɖewo yi dua me dziɖulawo gbɔ, eye wole ɣli dom be: ‘Ame siawo, siwo de zi anyigba la dzi nɔlawo katã me la, va ɖo afi sia hã, eye Yason ya xɔ wo ɖe eƒe aƒe me. Ame siawo katã le tsitre tsim ɖe Kaisaro ƒe sewo ŋu esi wole gbɔgblɔm be fia bubu aɖe li, si nye Yesu.’” (Dɔw. 17:5-7) Ðe gbevuha sia ƒe nuwɔna akpɔ ŋusẽ ɖe Paulo kple etɔwo ƒe dɔa dzia?

11. Nya kawoe wotsɔ ɖe Paulo kple etɔawo ŋu, eye sedede kae nɔ susu me na Paulo ƒe futɔwo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa)

11 Gbevuhawo ƒe nuwɔwɔ teƒe menya kpɔna kura o. Wolɔna va kɔna ɖi bibibi, wosẽa ŋuta, eye wo nu menya léna o. Gbevuha sia tɔgbie Yudatɔwo zã be yewoatsɔ abu mo na Paulo kple Sila. Esi Yudatɔawo ‘de zitɔtɔ dua me’ vɔa, wodze agbagba be yewoana dziɖulawo nakpɔe be nya siwo wotsɔ ɖe Paulo kple etɔwo ŋu nye nya gã. Woƒe nutsotso gbãtɔe nye be Paulo kple etɔ siwo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea ye “de zi anyigba la dzi nɔlawo katã me,” evɔ menye Paulo kple etɔwoe de zitɔtɔ aɖeke Tesalonikatɔwo me o! Nutsotso evelia ya gavɔ̃ɖi wu. Yudatɔwo be dutanyanyuigblɔla siawo le gbeƒã ɖem Fia bubu, si nye Yesu, eye esia nye Roma fiagã ƒe se dzi dada. a

12. Nu kae ɖee fia be nya siwo wotsɔ ɖe Kristotɔwo ŋu le Tesalonika ate ŋu ana woawu wo?

12 Ðo ŋku edzi be subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me hã tsɔ nya mawo tɔgbi ke ɖe eŋu. Wogblɔ na Pilato be: “Míekpɔ ame sia wòle to gblẽm na míaƒe dukɔa me tɔwo . . . hele gbɔgblɔm be ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.” (Luka 23:2) Ðewohĩ esi Pilato vɔ̃ be Roma fiagãa ava susu be yele Yesu dzi dem be wòamu Roma dziɖuɖua taa, eɖe asi le eŋu be woawu. Nenema kee nya siwo wotsɔ ɖe Kristotɔawo ŋu le Tesalonika ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu vevie. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Esesẽ be míaɖɔ nu si gbegbe woatu kple nusrɔ̃la siawo, elabe zi geɖe ne ame aɖe dze aglã ɖe Fiagã ŋua, ku koe dona tso eme nɛ.’” Ðe nugbeɖoɖo vɔ̃ɖi sia adze edzia?

13, 14. (a) Nu ka tae nu vlo wɔhaa ƒe tsitretsiɖeŋua medze edzi o? (b) Aleke Paulo wɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo be míadze aye dzi, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

13 Nu vlo wɔha sia mete ŋu tɔ te gbeƒãɖeɖedɔa le Tesalonika o. Nu ka tae? Susu ɖekae nye be womeke ɖe Paulo kple Sila ŋu o. Bubu hãe nye be dziɖulawo mekpɔ kpeɖodzi aɖeke le nutsotso mawo ŋu o. Esi woxɔ “megbedaga si hiã” le Yason kple nɔvi bubu siwo wokplɔ va wo gbɔ si vɔa, woɖe asi le wo ŋu. (Dɔw. 17:8, 9) Paulo wɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi; egblɔ be: “Midze aye abe dawo ene, eye midza abe ahɔnɛwo ene.” Eya ta edzo yi teƒe bubu si wòanɔ dedie aɖe gbeƒã le. (Mat. 10:16) Togbɔ be Paulo dze aye hãa, mefia be dzie mele eƒo o. Aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

14 Egbea hã, alakpasubɔsubɔhawo ƒe kplɔlawo dea adã tame na nu vlo wɔhawo be woadze Yehowa Ðasefowo dzi. Wogblɔna be wodea zi amewo me, eye wotsia tsitre ɖe dziɖuɖu ŋu. Esia nana dziɖulawo tsona ɖe Ðasefowo ŋu. Ŋuʋaʋãe nana amewo tsia tsitre ɖe míawo hã ŋu, abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene. Aleke kee wòɖale o, Kristotɔ vavãwo media nya o. Míedina be míawɔ míaƒe dɔa le ŋutifafa me. Eya ta ne anya wɔa, míedzea agbagba ƒoa asa na ame siwo wɔa nu le dziku me kple ame siwo mesea nu gɔme o, eye míetrɔna yia wo gbɔ ne nɔnɔmeawo trɔ.

“Ame Siawo Ðɔ Ʋu Wu” (Dɔw. 17:10-15)

15. Aleke Beroiatɔwo xɔ nya nyuiae?

15 Nɔviawo na Paulo kple Sila dzo yi Beroia, si didi kilometa 65, be woanɔ dedie. Esi woɖo afi maa, Paulo yi ƒuƒoƒea eye wòte gbeƒãɖeɖe na ame siwo va. Dzi dzɔ wo ale gbegbe, eye amewo lɔ̃ ɖo to! Luka gblɔ be Yudatɔ siwo le Beroia “ɖɔ ʋu wu ame siwo le Tesalonika, elabena woxɔ nya la kple dzi faa, eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be yewoakpɔ ɖa be nya siawo le eme hã.” (Dɔw. 17:10, 11) Ðe nya siawo fia be ame siwo xɔ nyaa le Tesalonika meɖɔ ʋu oa? Mefia nenema kura o. Paulo ŋlɔ agbalẽ na wo emegbe be: “Ema tae míawo hã míedaa akpe na Mawu madzudzɔmadzudzɔe ɖo, elabena esi miexɔ Mawu ƒe nya, si miese tso mía gbɔ la, miexɔe abe amegbetɔwo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe ale si tututu wòle hã ene, eye wòle dɔ dzi le mi xɔsetɔwo me.” (1 Tes. 2:13) Ke nu kae na wogblɔ tso Yudatɔ siwo nɔ Beroia ŋu be woɖɔ ʋu wu?

16. Nu ka tae wòsɔ be wogblɔ tso Beroiatɔwo ŋu be wonye ame siwo “ɖɔ ʋu wu”?

16 Togbɔ be nya siwo Beroiatɔwo se dze nya yeye na wo hãa, womebu susu vɔ̃ ɖe Paulo kple etɔwo ŋu alo he nya kpli wo o, eye menye ɖeko wolɔ̃ ɖe woƒe nufiafia ɖe sia ɖe dzi hã nenema ko o. Gbãa, woɖo to Paulo ƒe nyawo nyuie. Emegbe woawo ŋutɔwo woku nu me le Ŋɔŋlɔawo me tso nu siwo me Paulo ɖe na wo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋua, wosrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa veviedodotɔe, menye le Sabat dzi ko o, ke boŋ gbe sia gbe. Wowɔ esia “kple dzi faa,” eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom be yewoase nufiafia yeye sia gɔme. Esi wokpɔ kpeɖodziwo vɔa, wobɔbɔ wo ɖokuiwo wɔ tɔtrɔ siwo hiã, eye “wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo.” (Dɔw. 17:12) Eya ta mewɔ nuku o be Luka gblɔ be ame siawo “ɖɔ ʋu wu”!

17. Nu ka tae Beroiatɔwo dze na kafukafu, eye aleke míate ŋu ayi edzi asrɔ̃ wo ne míenye xɔsetɔwo xoxo gɔ̃ hã?

17 Beroiatɔwo menya kura be woava ŋlɔ ale si yewowɔ nu ɖe nya nyuia ŋu ɖe Mawu ƒe Nyaa me be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo woasrɔ̃ o! Wowɔ nu si Paulo nɔ mɔ kpɔm be woawɔ, eye nu ma tututue Yehowa Mawu hã di be woawɔ. Nenema kee míawo hã míedea dzi ƒo na amewo be woadzro Biblia me nyuie, ale be woatu woƒe xɔse ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi. Gake ne míeva zu xɔsetɔwo koa, ɖe ema fia be míadzudzɔ agbagbadzedze be míanye ame ɖɔʋuwoa? Kura o. Ke boŋ ɣemaɣie wòle vevie wu be míalɔ̃ be míasrɔ̃ nu tso Yehowa gbɔ eye míawɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi enumake. Ne míewɔnɛ alea, ke míele mɔ ɖem na Yehowa be wòatrɔ asi le mía ŋu eye wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Yes. 64:8) Esia ana míaƒe nu nadze mía Fofo si le dziƒoa ŋu eye míanye dɔwɔnu nyuiwo nɛ.

18, 19. (a) Nu kae na Paulo dzo le Beroia, gake aleke wòdo vevie nui, eye aleke míate ŋu asrɔ̃e? (b) Ame kawoe Paulo aɖe gbeƒã na azɔ, eye le afi ka?

18 Paulo menɔ Beroia eteƒe didi o. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi Yudatɔ siwo le Tesalonika la se be Paulo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe nya le Beroia hã la, wova afi ma be yewoade adã tame na ameawo ahade zi wo me. Enumake nɔviawo na Paulo dzo yi ƒu gome, ke Sila kple Timoteo ya tsi afi ma. Ame siwo kplɔ Paulo ɖo ɖa la kplɔe va ɖo keke Atene ke, eye hafi woadzo la, Paulo de gbe asi na wo be woagblɔ na Sila kple Timoteo be woava ye gbɔ kaba.” (Dɔw. 17:13-15) Tsitretsiɖeŋula siawo ɖoe kplikpaa be yewoaxe mɔ ɖe nya nyuia nu! Esi wonya Paulo le Tesalonikaa, mede eme na wo o; wogati eyome va Beroia be yewoade zi ameawo me ne woanya wo le afi ma hã, gake medze edzi o. Esi Paulo nyae be teƒe bubuwo li yeaɖe gbeƒã le taa, edzo yi du bubuwo me. Mina míaɖoe kplikpaa be tsitretsiɖeŋulawo ƒe nuwɔna aɖeke nagawɔe be míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe o!

19 Esi Paulo ɖe gbeƒã na Yudatɔ siwo le Tesalonika kple Beroia tsitotsito vɔa, míeka ɖe edzi be ekpɔ ale si gbegbe wònyoe be yena dzi nɔ yeƒo yeɖe gbeƒã eye yezã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe nu me na amewo. Ele be míawo hã míasrɔ̃ Paulo. Gake fifia, ele be Paulo naɖe gbeƒã na ame bubuwo: woawoe nye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo le Atene. Aleke nuwo ayi nɛ le du ma me? Míakpɔe le ta si kplɔe ɖo me.

a Agbalẽnyala aɖe gblɔ be ɣemaɣia, Kaisaro de se be ame aɖeke mekpɔ mɔ agblɔ be “fia alo fiaɖuƒe bubu aɖe ava, vevietɔ ne ava xɔ ɖe esi li teƒe alo adrɔ̃ ʋɔnui o.” Paulo ƒe futɔwo trɔ gbo nya si wonɔ gbeƒã ɖemee wòva dze abe ɖe woda le se ma dzi ene. Kpɔ aɖaka si nye “ Kaisaro Siwo Nɔ Anyi Le Dɔwɔwɔwo Ƒe Agbalẽa Ŋlɔɣi.”