Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 16

“Tso Ƒu Va Makedonia”

“Tso Ƒu Va Makedonia”

Nu nyui geɖe do tso eme esi Paulo kple etɔwo lɔ̃ wɔ dɔ le afi si wofia wo eye wodo dzi le yometiti me kple dzidzɔ

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 16:6-40 dzi

1-3. (a) Aleke Paulo kple etɔwo kpɔe be gbɔgbɔ kɔkɔea le mɔ fiam yewo? (b) Nu kawo mee míadzro?

 NYƆNU aɖewo dze mɔ tso Makedonia du si nye Filipi me. Medidi o wova ɖo Gangites tɔsisi suea nu. Abe ale si wowɔnɛ enea, wonɔ anyi ɖe tɔa nu be yewoado gbe ɖa na Israel ƒe Mawua, eye Yehowa nɔ wo kpɔm.—2 Kron. 16:9; Ps. 65:2.

2 Le ɣeyiɣi ma mea, ŋutsu aɖewo hã dze mɔzɔzɔ tso Listra, si le Galatia ƒe anyiehe gome eye wòdidi tso Filipi kilometa 800 kple edzivɔ. Le ŋkeke aɖewo megbea, wova ɖo Roma ƒe mɔdodo gã si ɖo ta Asia ƒe nuto si me amewo sɔ gbɔ ɖo wua me, le ɣetoɖoƒe gome. Ŋutsuawoe nye Paulo, Sila kple Timoteo. Wodi vevie be yewoato mɔ ma ayi Efeso kple du bubu siwo me wòhiã be ame gbogbowo nase Kristo ŋu nyaa le. Hafi woadze mɔa, gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo asi wo dzi. Biblia megblɔ mɔ si dzi gbɔgbɔ kɔkɔea to wɔ esia ya o. Gake míenya be gbɔgbɔa gbee na wo be woagaɖe gbeƒã le Asia o. Nu ka tae? Yesu ɖoe be yeato Mawu ƒe gbɔgbɔa dzi afia mɔ Paulo kple etɔawo to Asia Sue atso Aegea Ƒua ayi keke Gangites tɔsisi suea nu.

3 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso ale si Yesu fia mɔ Paulo kple etɔawo yi Makedonia me. Eya ta mina míadzro nu siwo dzɔ le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia sia, si dze egɔme tso ƒe 49 K.Ŋ. mea dometɔ aɖewo me.

“Mawue Yɔ Mí” (Dɔw. 16:6-15)

4, 5. (a) Nu kae dzɔ esime Paulo kple etɔwo gogo Bitinia? (b) Afi kae nusrɔ̃la siawo tiae be yewoaɖo tae azɔ, eye nu kae do tso eme?

4 Esi gbɔgbɔ kɔkɔea gbee na Paulo kple etɔwo be woagaɖe gbeƒã le Asia oa, woɖo ta dzigbe gome be yewoavae ɖe gbeƒã le Bitinia duwo me. Woanya zɔ ŋkeke aɖewo to mɔ siwo womedo o dzi le Frigia kple Galatia nuto siwo me amewo mesɔ gbɔ ɖo o me. Esi wogogo Bitinia la, Yesu gato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ɖo asi wo dzi. (Dɔw. 16:6, 7) Le ɣeyiɣi sia mea woanya tɔtɔ. Wonya nya si woaɖe gbeƒã kple ale si woaɖe gbeƒãe, gake womenya afi si woaɖe gbeƒã le o. Wodi be yewoaɖe gbeƒã le Asia gake medze edzi o. Wogadi be yewoaɖe gbeƒã le Bitinia gake esia hã medze edzi o. Togbɔ be ele alea hãa, Paulo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ mɔnukpɔkpɔ bubuwo dim aɖe gbeƒã. Afi si wotia be yewoaɖo ta azɔa dze abe susu mele eme o ene. Wotrɔ ɖo ta ɣetoɖoƒe eye wozɔ kilometa 550 to du geɖewo me va ɖo Troa melidzeƒea be yewoayi Makedonia. (Dɔw. 16:8) Mlɔebaa, mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi na wo gbadzaa be woaɖe gbeƒã le afi ma.

5 Nyanyuigbalẽŋlɔla Luka si hã va wɔ dɔ kple Paulo kple etɔwo le Troa gblɔ nu si dzɔa na mí. Egblɔ be: “Paulo kpɔ ŋutega le zã me—Makedonia ŋutsu aɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ vevie be: ‘Tso ƒu va Makedonia, ne nàkpe ɖe mía ŋu.’ Ke esi wòkpɔ ŋutega la teti ko la, míedze mɔ heɖo ta Makedonia, elabena míedze sii be Mawue yɔ mí be míagblɔ nya nyui la na wo.” a (Dɔw. 16:9, 10) Paulo nya afi si wòaɖe gbeƒã le azɔ. Dzi anya dzɔe ŋutɔ be yemena ta le mɔa dzi o. Ŋutsu eneawo tso kpla ɖo tɔdziʋu yi Makedonia.

“Ale míeɖo tɔdziʋu tso Troa.”—Dɔwɔwɔwo 16:11

6, 7. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso ale si nuwo yii le Paulo ƒe mɔzɔzɔa mea me? (b) Nu ka dzie esia na míeka ɖo?

6 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi sia me? De dzesii be esi Paulo dze mɔ ɖo ta Asia ko hafi Mawu ƒe gbɔgbɔa fia mɔe. Eye esi Paulo gogo Bitinia ko hafi Yesu de nu nyaa me. Eye mlɔeba esi Paulo ɖo Troa ko hafi Yesu fia mɔe be wòayi Makedonia. Yesu si nye hamea ƒe Ta ate ŋu afia mɔ mí nenema ke egbea. (Kol. 1:18) Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ àdi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa, alo aʋu ava yi subɔ le afi si Fiaɖuƒe gbeƒãɖela geɖewo hiã le. Gake ɖewohĩ ne èɖe afɔ siwo hiã be nàte ŋu aɖo wò taɖodzinua gbɔ ko hafi Yesu ato Mawu ƒe gbɔgbɔa dzi afia mɔ wò. Nu ka tae wòle alea? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Hafi ʋukula nate ŋu afia mɔ eƒe ʋu be wòayi ɖusime alo miamea, ele be wòaho ʋua gbã. Nenema kee ne míeɖe afɔ, si fia be míele agbagba dzem vevie be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ ko hafi Yesu ate ŋu afia mɔ mí be míakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu.

7 Ke ne edze abe nu boo aɖeke mele dodom tso agbagba siwo dzem míele me o ya ɖe? Ðe wòle be míana ta asusui be Mawu ƒe gbɔgbɔa mele mɔ fiam mí oa? Kura o. Ðo ŋku edzi be nanewo do kplamatsɛ Paulo hã. Gake eyi edzi nɔ mɔnukpɔkpɔa dim va se ɖe esime ɖe ʋu ɖi nɛ. Ne míawo hã míeyi edzi le mɔnukpɔkpɔwo dimaa, “dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã aɖe” ava ʋu na mí godoo.—1 Kor. 16:9.

8. (a) Aleke Filipi dua le? (b) Nu dodzidzɔname kae dzɔ esi Paulo ɖe gbeƒã le “gbedoɖaƒe” aɖe?

8 Esi Paulo kple etɔwo va ɖo Makedonia nutoa mea, woyi Filipi. Enye dada na du sia me tɔwo be yewonye Roma vidzidziwo. Nu geɖewo yia edzi le Filipi abe ale si wòyia edzi le Roma ene. Eya ta Roma-srafo siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me, siwo le du sia mea, sena le wo ɖokuiwo me abe ɖe yewole Roma ene. Le dugboa godoa, dutanyanyuigblɔlaawo yi tɔsisi suea to, eye ewɔ na wo be “gbedoɖaƒe” aɖe le afi ma. b Le Sabat dzia, woyi teƒea eye wokpɔ be nyɔnu gbogbo aɖewo va ƒo ƒu be yewoasubɔ Mawu. Nusrɔ̃laawo nɔ anyi eye woƒo nu na nyɔnuawo. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lidia “nɔ to ɖom, eye Yehowa ʋu eƒe dzi bliboe.” Nya siwo Lidia se tso dutanyanyuigblɔlaawo gbɔ wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be eya kple eƒe aƒemetɔwo xɔ nyɔnyrɔ, eye wòna Paulo kple etɔwo va dze eƒe aƒe me. cDɔw. 16:13-15.

9. Aleke ame geɖe siwo li egbea srɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua, eye yayra kawoe do tso eme?

9 Bu dzidzɔ si gbegbe amewo kpɔ esi Lidia xɔ nyɔnyrɔ ŋu kpɔ! Paulo anya kpɔ dzidzɔ be yewɔ ɖe amekpekpe si gblɔ be: “Tso ƒu va Makedonia” dzi, eye be Yehowa zã ye kple yeƒe zɔhɛawo tsɔ ɖo nyɔnu mawuvɔ̃lawo ƒe gbedodoɖawo ŋu! Egbea, nɔvi gbogbo aɖewo—ɖeviwo kple tsitsiawo, trewo kple srɔ̃tɔwo—hã ʋuna yia afi si gbeƒãɖelawo hiã le. Ele eme be wotoa nɔnɔme sesẽwo me ya, gake wokpɔa dzidzɔ ne wodo go ame siwo xɔa Biblia me nyateƒea kple dzi faa abe Lidia ene. Ðe nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ aʋu ayi afi si hiahiã geɖe lea? Ne èwɔe alea, àkpɔ yayra geɖe. Le kpɔɖeŋu me, bu nɔviŋutsu Aaron si xɔ ƒe 20 kple edzivɔ, si ʋu yi dukɔ aɖe si le Amerika me ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Subɔsubɔ le duta kpe ɖe ŋunye meyi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me, eye nye kplii dome gava le kplikplikpli wu. Gbeƒãɖeɖedɔa le edzi yim nyuie, eye mele Biblia srɔ̃m kple ame enyi!” Alea tɔgbie nɔvi bubu siwo subɔ le afi si hiahiã geɖe le hã sena le wo ɖokuiwo me.

Aleke míate ŋu ‘atso ƒu ayi Makedonia’ egbeae?

“Ameha La Tso Ðe Wo Ŋu” (Dɔw. 16:16-24)

10. Akeke gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔna do kplamatsɛ Paulo kple etɔwo ƒe subɔsubɔdɔa kloe?

10 Eve dɔme na Satana be nya nyuia le ke lim ɖe nuto si me ye kple yeƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo yewokpɔ ŋusẽ ɖoa me. Eya ta mewɔ nuku o be Satana ɖoe be yeato gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ado kplamatsɛ Paulo kple eƒe zɔhɛawo ƒe subɔsubɔdɔa. Gbe ɖeka esi woyina gbedoɖaƒea la, nyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, si to eƒe afakaka me na eƒe aƒetɔwo kpɔa gaa, dze wo yome eye wònɔ ɣli dom be: “Ame siawo nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe kluviwo, ame siwo le xɔxɔmɔ la gblɔm na mi.” Anɔ eme be gbɔgbɔ vɔ̃woe na nyɔnuvia do ɣli alea, ne wòadze be nu ɖeka ko wɔm yewo kple Paulo yewole. Esia ana eteƒekpɔlawo makpɔ vovototo si le Kristo yomedzela vavãwo kple ame siwo zãm gbɔgbɔ vɔ̃wo lea dome o. Eya ta Paulo nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe le nyɔnuvia me.—Dɔw. 16:16-18.

11. Esi Paulo kple Sila nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe le nyɔnuvia mea, nu kae dzɔ ɖe wo dzi?

11 Esi dɔla nyɔnuvia ƒe aƒetɔwo kpɔe be yewobu yewoƒe gakpɔmɔnua, woƒe dzi ho. Wohe Paulo kple Sila yi ablɔ me, afi si dumegãwo drɔ̃a ʋɔnu le. Wonya nyuie be ʋɔnudrɔ̃la Romatɔ mawo melɔ̃a Yudatɔwo ƒe nya o. Eya ta wogblɔ na wo be: ‘Yudatɔ siawo le kɔnyinyi siwo dzi mí Romatɔwo mímate ŋu awɔ ɖo o fiam tsɔ le zitɔtɔ dem mía dome.’ Kaka woaɖe nu le nyaa mea, ‘Ameha si le dua ƒe ablɔ me tso ɖe Paulo kple Sila ŋu, eye dumegãwo ɖe gbe be woaƒo wo kple ati.’ Emegbe wohe Paulo kple Sila de gaxɔ me. Gaxɔdzikpɔlaa tutu Paulo kple Sila siwo xɔ abi veviea de gaxɔ ememetɔ me, eye wòbɔ pã woƒe afɔwo. (Dɔw. 16:19-24) Esi gaxɔdzikpɔlaa do ʋɔawoa, viviti do ɖe gaxɔ suea me tsiɖitsiɖi ale gbegbe be anɔ eme be Paulo kple Sila megate ŋu le wo nɔewo kpɔm o. Gake Yehowa ya nɔ nu sia nu kpɔm.—Ps. 139:12.

12. (a) Aleke Kristo ƒe nusrɔ̃lawo bua yometitiwoe, eye nu ka tae? (b) Aleke Satana toa amewo dzi tia mía yome egbea?

12 Ƒe aɖewo do ŋgɔa, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Woati miawo hã mia yome.” (Yoh. 15:20) Le susu sia taa, esi Paulo kple etɔwo yi Makedonia la, wonyae be woati yewo yome. Eya ta esi woti wo yomea, wokpɔe be Satana gbɔe yometitia tso, ke menye yewoƒe nue medze Yehowa ŋu o tae o. Egbea Satana gatoa amewo dzi tia mía yome abe ale si wòwɔe le Filipi ene. Ame siawo daa alakpa ɖe mía si le suku kple dɔwɔƒewo eye woƒlɔa dzo ɖe amewo te be woati mía yome. Le dukɔ aɖewo mea, subɔsubɔhakplɔlawo tsoa mía nu alakpatɔe le ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Ðeko wòle abe wole gbɔgblɔm be: ‘Ðasefo siawo le zitɔtɔ dem mía dome, eye wole kɔnyinyi siwo mí dukɔ sia me tɔwo mímate ŋu axɔ o fiam.’ Le teƒe bubuwoa, woƒoa mía nɔviwo eye wodea wo gaxɔ me. Yehowa le esiawo katã hã kpɔm.—1 Pet. 3:12.

‘Enumake Wonyrɔ Wo’ (Dɔw. 16:25-34)

13. Nu kae na gaxɔdzikpɔlaa bia be: “Nu kae mawɔ be makpɔ ɖeɖe?”

13 Ebia ɣeyiɣi be Paulo kple Sila ƒe susu me nadze akɔ anyi le nu siwo dzɔ ɖe wo dzi le ŋkekea me ta. Kaka zã titina lɔƒo naɖoa, nɔnɔmea ka ɖe eme na wo vie. Eya ta wole “gbe dom ɖa hele ha dzim le Mawu kafum.” Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe le gaxɔa me! Gaxɔdzikpɔlaa nyɔ, eye wòkpɔ be gaxɔa ƒe ʋɔtruwo le ʋuʋu. Eya ta esusui be gamenɔlaawo si dzo. Esi wònyae be woahe to na ye le esi yeɖe mɔ wosi taa, “eɖe eƒe yi be yeawu ye ɖokui.” Gake Paulo do ɣli sesĩe be: “Mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o, elabena mí katã míele afii!” Gaxɔdzikpɔla si tsi dzodzodzoea bia wo be: “Aƒetɔwo, nu kae mawɔ be makpɔ ɖeɖe?” Paulo kple Sila mate ŋu ana ɖeɖee o; Yesu koe ate ŋui. Eya ta wogblɔ nɛ be: “Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, eye wò kple wò aƒe la miakpɔ ɖeɖe.”—Dɔw. 16:25-31.

14. (a) Aleke Paulo kple Sila kpe ɖe gaxɔdzikpɔlaa ŋui? (b) Yayra kae Paulo kple Sila kpɔ esi wotsɔ dzidzɔ do dzi le yometiti me?

14 Ðe gaxɔdzikpɔlaa ƒe nya siawo tso eƒe dzi mea? Paulo kpɔe nenema. Gaxɔdzikpɔlaa nye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ, eya ta menya Ŋɔŋlɔawo nyuie o. Hafi wòadze ava zu Kristotɔa, ele be wòasrɔ̃ Biblia me nyateƒe vevi aɖewo eye wòaxɔ wo dzi ase. Eya ta Paulo kple Sila wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ gblɔ “Yehowa ƒe nya la” nɛ. Esi wobiã ŋku ɖe Ŋɔŋlɔawo fiafiae ŋu taa, ɖewohĩ woŋlɔ woƒe vevesesewo be. Gake gaxɔdzikpɔlaa de dzesi ale si wode abi wo ŋu vevie, eye wòklɔe na wo. “Enumake wonyrɔ eya kple eƒe ƒome bliboa katã.” Yayra ka gbegbee nye esi Paulo kple Sila kpɔ esi wotsɔ dzidzɔ do dzi le yometiti me!—Dɔw. 16:32-34.

15. (a) Aleke Ðasefo geɖe siwo li egbea srɔ̃a Paulo kple Sila ƒe kpɔɖeŋua? (b) Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me gbɔ yim?

15 Abe Paulo kple Sila enea, Ðasefo geɖe siwo wolé de gaxɔ me egbea hã ɖea gbeƒã nya nyuia le afi ma eye nu nyuiwo dona tso eme. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖe si me woɖo asi míaƒe dɔa dzi lea, Ðasefo siwo katã le dukɔa me ƒe afã kloe srɔ̃ nyateƒea esi wonɔ gaxɔ me! (Yes. 54:17) De dzesii be anyigbaʋuʋua megbe ko hafi gaxɔdzikpɔlaa bia be woakpe ɖe ye ŋu. Nenema kee wòdzɔna egbea hã be ame siwo melɔ̃na sea Fiaɖuƒe nya nyuia tsã oa va trɔa woƒe susu ne agbemenya sesẽwo tu wo. Ne míeyia amewo gbɔ gatrɔna yia wo gbɔ le míaƒe anyigbamamaa mea, míanɔ klalo akpe ɖe wo ŋu ne woƒe nɔnɔmea va bia nenema.

“Ðe Wole Asi Ðem Le Mía Ŋu Le Adzamea?” (Dɔw. 16:35-40)

16. Aleke nuwo trɔe le gbe si gbe woƒo Paulo kple Sila ƒe ŋufɔke?

16 Gbe si gbe woƒo Paulo kple Sila ƒe ŋufɔkea, dumegãawo ɖe gbe be woaɖe asi le wo ŋu le gaxɔa me. Gake Paulo gblɔ be: “Woƒo mí ame siwo nye Romatɔwo le dutoƒo evɔ womedrɔ̃ ʋɔnu mí hebu fɔ mí hafi o, eye wode mí gaxɔ me. Ke azɔ ɖe wole asi ɖem le mía ŋu le adzamea? Gbeɖe! Woawo ŋutɔwo koe ava kplɔ mí ado goe.” Esi dumegãawo se be Romatɔwoe Paulo kple Sila nyea, “vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ,” elabe nu si wowɔ ɖe wo ŋua mele se nu o. d Fifia nyaa va dze dumegãwo ŋutɔ dzi. Woƒo nusrɔ̃laawo le dutoƒo, eya ta ele be dumegãwo nava ɖe kuku na wo le dutoƒo. Woɖe kuku na Paulo kple Sila be woadzo le Filipi dua me. Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe woƒe nyawo dzi, gake hafi woadzoa, wode dzi ƒo na nusrɔ̃la yeyeawo. Ema megbe wodze mɔ.

17. Nu vevi kae nusrɔ̃la yeyeawo anya srɔ̃ tso Paulo kple Sila ƒe dzidodoa me?

17 Ne ɖe Paulo kple Sila na wonya do ŋgɔ be Romatɔwoe yewonyea, ɖewohĩ woade bubu wo ŋu eye womaƒo wo o. (Dɔw. 22:25, 26) Ne ɖe wòdzɔ alea, anye ne nusrɔ̃la siwo le Filipi asusui be wozã woƒe Roma dumevinyenyea be yewoagakpe fu ɖe Kristo ta o. Gake aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe nusrɔ̃la siwo menye Romatɔwo o ƒe xɔse dzi? Romatɔwo ƒe sea makpɔ woawo ya ta o. Gake esi Paulo kple etɔwo do dzi le nɔnɔme sesẽ ma mea, ena nusrɔ̃la yeyeawo kpɔe be Kristo yomedzelawo ate ŋu ado dzi ne woti wo yome. Tsɔ kpe ɖe eŋua, esi Paulo kple Sila va bia emegbe be woawɔ nu ɖe yewo ŋu abe dumeviwo enea, ena amewo kpɔe be dumegãwo da le se dzi eye esia de vɔvɔ̃ lãme na dumegãawo. Ema awɔe be woava wɔ nu ɖe Paulo nɔvi Kristotɔwo ŋu nyuie, eye woana sea nakpɔ wo ta va se ɖe afi aɖe.

18. (a) Aleke Kristotɔ dzikpɔla siwo li egbea srɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua? (b) Aleke míedzea agbagba be ‘míaʋli nya nyuia ta aɖoe anyi le se nu’ egbea?

18 Egbea, dzikpɔla siwo le Kristo hamea me hã ɖoa kpɔɖeŋu ɖi na hamea me tɔwo. Woawo hã lɔ̃na faa wɔa nu sia nu si wokpɔa mɔ be wo nɔvi Kristotɔwo nawɔ. Abe Paulo enea, míedanɛ kpɔ nyuie ne míate ŋu azã se aɖewo atsɔ akpɔ mía ɖokuiwo ta le subɔsubɔdɔa me. Ne ehiãa, míeyia ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo le nutoa me, le dukɔa me, alo esiwo le duta gɔ̃ hã, be woaɖe mɔ na mí míasubɔ le se nu. Menye míaƒe taɖodzinue nye be míaƒoe ɖe dziɖuɖua nu wòatrɔ nuwo le dukɔa me o. Gake abe ale si Paulo ŋlɔ agbalẽ na Filipi hamea ƒe ewo megbe esi woɖee le gaxɔa me enea, míaƒe taɖodzinu koŋue nye be ‘míaʋli nya nyuia ta ahaɖoe anyi le se nu.’ (Flp. 1:7) Gake aleke kee ʋɔnudrɔ̃nya siawo va yii o, abe Paulo kple etɔwo enea, míeɖoe kplikpaa be “míagblɔ nya nyui la,” afi ka kee Mawu ƒe gbɔgbɔa fia mɔ mí be míayi o.—Dɔw. 16:10.

b Ðewohĩ womeɖe mɔ na Yudatɔwo be woatu ƒuƒoƒe ɖe Filipi dua me o, elabe asrafo siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me ƒe ha gbogbo aɖe nɔ dua me. Alo ɖewohĩ anye be Yuda ŋutsu siwo le dua me mede ha ne woaɖo ƒuƒoƒe na wo o, elabe seae nye be ele be ŋutsuawo nade ewo ya teti hafi.

c Kpɔ aɖaka si nye  “Lidia—Aɖabɛdzrala La.”

d Romatɔwo ƒe sea bia be ele be woadrɔ̃ ʋɔnu na Roma vidzidzi nyuie ɣesiaɣi eye womate ŋu ahe to nɛ le dutoƒo ne womebu fɔe o.