Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 7

Gbeƒãɖeɖe “Yesu Ŋu Nya Nyui La”

Gbeƒãɖeɖe “Yesu Ŋu Nya Nyui La”

Nyanyuigblɔla Filipo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 8:4-40 dzi

1, 2. Le ƒe alafa gbãtɔ mea, aleke agbagba siwo yometilawo dze be yewoatɔ te nya nyuia va ɖe vi boŋ?

 YOMETITI sesẽ aɖe dze egɔme. Saul ‘de asi nugbegblẽ le hamea ŋu me.’ Le Helagbe gbãtɔ mea, nya ma fia ŋutasesẽ le ame ŋu kutɔkutɔe. (Dɔw. 8:3) Nusrɔ̃lawo ka hlẽ, eye edze abe nugbe si Saul ɖo be yeabu mo na Kristotɔwo ava eme ene. Gake nu bubu aɖe kura ye dzɔ esi Kristotɔwo kaka ɖe nuto vovovoawo me. Nu kae dzɔ?

2 Ame siwo ka hlẽa “nɔ gbeƒã ɖem nya nyui la” le afi sia afi si woyi. (Dɔw. 8:4) Bu eŋu kpɔ lo! Yometitia mete ŋu tsi nya nyuia nu o, ɖe wòna wòkaka boŋ! Esi yometilawo na nusrɔ̃lawo kaka alea, womenya kura be ɖe yewole asi kpem ɖe eŋu boŋ be nya nyuia nakaka ayi didiƒe o. Abe ale si míava kpɔe enea, nu sia tɔgbi le dzɔdzɔm egbea hã.

“Ame Siwo Woka Hlẽ” (Dɔw. 8:4-8)

3. (a) Ame kae nye Filipo? (b) Nu ka tae ame akpa gãtɔ siwo le Samaria mese nya nyuia kpɔ o, gake nu kae Yesu gblɔ be woava wɔ le nuto ma me?

3“Ame siwo woka hlẽ” dometɔ ɖekae nye Filipo. a (Dɔw. 8:4; kpɔ aɖaka si nye “ ‘Nyanyuigblɔla’ Filipo.”) Eyi Samaria, si nye dugã si me ame akpa gãtɔ mese nya nyuia le kpɔ o, elabe Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo va yi be: “Migage ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖeke me o, ke miyi ɖe Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ siwo bu la ɖeɖe ko gbɔ.” (Mat. 10:5, 6) Gake Yesu nya be emegbea, woava ɖe gbeƒã le Samaria tsitotsito, elabe hafi wòayi dziƒoa, egblɔ be: “Mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔw. 1:8.

4. Aleke Samariatɔwo wɔ nui esi Filipo ɖe gbeƒã na wo, eye nu ka tae wowɔ nu alea?

4 Filipo kpɔe be nukuawo ‘ƒu na ŋeŋe’ le Samaria. (Yoh. 4:35) Edze ƒãa be gbeƒã si Filipo ɖe na Samariatɔwo na woƒe dzi dze eme. Nu ka tae? Yudatɔwo menyina kple Samariatɔwo o. Wo dometɔ geɖe doa vlo Samariatɔwo gɔ̃ hã. Gake Samariatɔwo va kpɔe be nya nyuia naa mɔkpɔkpɔ ame sia ame; medea vovototo amewo me abe ale si Farisitɔwo wɔa nui ene o. Ale si Filipo mekpɔ ame ŋkume o eye wòɖe gbeƒã na Samariatɔwo dzonɔamemetɔea ɖee fia be mebua susu vɔ̃ ɖe wo ŋu abe ale si amewo wɔnɛ ene o. Eya ta mewɔ nuku o be Samariatɔ gbogbo aɖewo ɖo to Filipo “kple dzi blibo.”—Dɔw. 8:6.

5-7. Ale si mía nɔviwo ɖea gbeƒã ne yometiti wɔe be woyi teƒe bubuwo ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖe?

5 Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me enea, egbea hã, yometiti menana Mawu ƒe amewo tɔa te gbeƒãɖeɖedɔa o. Ne yometiti ƒoe ɖe Kristotɔwo nu be woava nɔ teƒe bubu, eɖanye gaxɔ me alo dukɔ bubu aɖe me o, ɖeko esia kpena ɖe wo ŋu be woagblɔ Fiaɖuƒe nya nyuia le teƒe mawo. Le kpɔɖeŋu me, le Xexemeʋa Evelia mea, Yehowa Ðasefowo te ŋu ɖi ɖase le Nazi fuwɔamegaxɔwo me dzinɔameƒotɔe. Yuda ŋutsu aɖe si nɔ gakpɔa me kpli wo gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo ƒe dzidodo kple dzinɔameƒo na meka ɖe edzi be nu siwo dzi woxɔ sea tso Biblia me. Esia na meva zu Ðasefo.”

6 Ɣeaɖewoɣia, ame siwo le mía yome tim gɔ̃ hã va xɔa nya nyuia. Le kpɔɖeŋu me, esi woɖe mía nɔviŋutsu Franz Desch yi Gusen gakpɔ me le Austria la, ete ŋu srɔ̃ Biblia kple gaxɔdzikpɔlawo dometɔ ɖeka. Gaxɔdzikpɔla sia hã va zu nyanyuigblɔla emegbe. Bu dzidzɔ si gbegbe wokpɔ esi wo ame evea wova do go le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe me ƒe gbogbo aɖewo megbe ŋu kpɔ!

7 Nu sia tɔgbi ke dzɔ esi yometiti ƒoe ɖe mía nɔviwo nu be woasi tso dukɔ aɖe me ayi bubu me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1970-awo mea, nɔvi siwo tso Malawi wɔ gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe le Mozambique esi yometiti wɔe be wosi yi afi ma. Togbɔ be wogava ti wo yome le Mozambique hãa, nɔviawo yi edzi ɖe gbeƒã. Francisco Coana gblɔ be: “Enye nyateƒe be wokpɔa mía dometɔ aɖewo eye woléa mí zi geɖe ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta ya. Gake esi ame geɖe xɔ Fiaɖuƒe nya nyuia taa, míeka ɖe edzi be Mawu nɔ kpekpem ɖe mía ŋu abe ale si wòkpe ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu ene.”

8. Aleke dukɔa me zitɔtɔwo kple ganyawo ƒe sesẽ wɔe be nyanyuigbɔgblɔdɔa le ta kekem?

8 Le nyateƒe mea, menye yometiti koe wɔe be Ðasefowo le dzidzim ɖe edzi le nuto bubuwo me o. Le ƒe ʋɛ siwo va yi mea, dukɔ me zitɔtɔwo kple ganyawo ƒe sesẽ wɔe be Fiaɖuƒe nya nyuia ɖo gbe vovovo dolawo kple dukɔ bubu me tɔ geɖewo gbɔ. Ame siwo si le aʋawɔnyigbawo dzi kple teƒe siwo ganyawo sesẽ le va lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple yewo le teƒe siwo wosi yi. Ale si aʋasilawo va sɔ gbɔ le dukɔ aɖewo me taa, nɔviwo va te gbeƒãɖeɖe na dutagbedola vovovowo. Ðe nèle agbagba dzem be yeaɖe gbeƒã na “dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ” me tɔwo le wò nutoa mea?—Nyaɖ. 7:9.

“Mina Ŋusẽ Sia Nye Hã” (Dɔw. 8:9-25)

“Esi Simon kpɔ be, ne apostoloawo da asi ɖe amewo dzi la, woxɔa gbɔgbɔa la, etsɔ ga vɛ na wo.”—Dɔwɔwɔwo 8:18

9. Ame kae nye Simon, eye nu kae hee ɖe Filipo ŋu?

9 Filipo wɔ nukunu geɖewo le Samaria. Le kpɔɖeŋu me, eda dɔ na dɔnɔ geɖewo, eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. (Dɔw. 8:6-8) Dzesi siwo Filipo wɔa wɔ nuku na ŋutsu aɖe. Eŋkɔe nye Simon, eye enye dzotɔ si ŋu amewo dea bubui. Amewo gblɔ le eŋu be: “Ame siae nye Mawu ƒe Ŋusẽ.” Gake Simon sia va kpɔ Mawu ƒe ŋusẽ ŋutɔŋutɔ le nukunu siwo Filipo wɔa me; esia na wòva zu xɔsetɔ. (Dɔw. 8:9-13) Gake emegbea, nu si tututu nɔ dzi me nɛa va dze ƒãa. Le mɔ ka nu?

10. (a) Nu kae Petro kple Yohanes va wɔ le Samaria? (b) Esi Simon kpɔ be ne Petro kple Yohanes da woƒe asiwo ɖe nusrɔ̃la yeyeawo dzi ko woxɔa gbɔgbɔ kɔkɔea, nu kae wòwɔ?

10 Apostoloawo se be ame geɖewo nɔ nya nyuia xɔm le Samaria, eya ta woɖo Petro kple Yohanes ɖe afi ma. (Kpɔ aɖaka si nye “ Petro Zã ‘Dziƒofiaɖuƒe La Ƒe Safuiwo.’”) Esi apostolo eve siawo va ɖoa, woda asi ɖe nusrɔ̃la yeyeawo dzi, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea. b Esi Simon kpɔ esiaa, eƒe nu ku, eye wògblɔ na apostoloawo be: “Mina ŋusẽ sia nye hã, ale be ame sia ame si dzi mada nye asiwo ɖo la naxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea.” Simon gblɔ gɔ̃ hã be yeana ga wo be woana ŋusẽ tɔxɛ sia ye!—Dɔw. 8:14-19.

11. Aɖaŋu kae Petro ɖo na Simon, eye aleke Simon wɔ nui?

11 Petro ɖo eŋu na Simon tẽe be: “Wò kple wò klosalo la siaa miatsrɔ̃, elabena èbu xaa be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana faa la kple ga. Wɔƒe alo gome aɖeke meli na wò le nya sia me o, elabena wò dzi mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o.” Eyome Petro xlɔ̃ nu Simon be wòatrɔ dzi me eye wòado gbe ɖa abia tsɔtsɔke. Petro gblɔ kpee be, ‘ƒo koko na Yehowa, ɖewohĩ atsɔ tame vɔ̃ si nèɖo le dzi me la ake wò.’ Edze ƒãa be menye ame vɔ̃ɖie Simon nye o; edi be yeawɔ nu si sɔ, gake ɖeko mese nuwo gɔme nyuie ɣemaɣi o. Eya ta Simon ɖe kuku na apostoloawo be: “Miawo ŋutɔwo miɖe kuku na Yehowa ɖe tanye, ne nu siwo miegblɔ la ƒe ɖeke nagadzɔ ɖe dzinye o.”—Dɔw. 8:20-24.

12. Aleke ɖoƒeƒeƒle kple edzadzra va bɔ ɖe sɔlemehawo mee?

12 Ale si Petro gbe nya na Simon nye nuxlɔ̃ame na Kristotɔwo katã egbea. Simon di be yeaƒle ɖoƒe le hamea me. Ŋutinya ɖee fia be ɖoƒeƒeƒle kple edzadzra bɔ ɖe sɔlemeha siwo flua amewo be yewonye Kristotɔwoa me. Le nyateƒe mea, numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Sukuvi siwo le nu srɔ̃m tso papawo tiatia ŋu va dea dzesii be wometiaa papa aɖeke le woƒe kpekpewo me esi menye ɖe wòƒle ɖoƒea alo ɖe wodzrae nɛ o, eye zi geɖea, ɖoƒeƒeƒle kple edzadzra si yia edzi le kpekpe siawo mea vɔ̃ɖi, nyea ŋukpenanu, eye wònye nu si dzena gaglãa.”—The Encyclopædia Britannica (1878)

13. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nakpɔ nyuie le ɖoƒeƒeƒle kple edzadzra ŋu?

13 Ele be Kristotɔ vavãwo nanɔ ŋudzɔ ɖe ɖoƒeƒeƒle alo edzadzra ŋu. Le kpɔɖeŋu me, mele be míanɔ ame siwo le ŋgɔ xɔm la kafum alo anɔ nu nam wo kple susu be míaƒe nu nadze wo ŋu ne woana ɖoƒe aɖewo míawo hã le hamea me o. Eye mele be ame siwo le ŋgɔ xɔm hã nawɔ ameŋkumenu anɔ ɖoƒe nam ame siwo nye kesinɔtɔwo ko o. Nuwɔna siawo katã nye ɖoƒeƒeƒle alo edzadzra. Le nyateƒe mea, ele be Mawu subɔla ɖe sia ɖe nawɔ eɖokui “suetɔ” eye wòakpɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔa si nu be wòana ɖoƒe si yedze naa ye. (Luka 9:48) Mesɔ kura be ‘ame nanɔ bubu dim na eɖokui’ le Mawu ƒe habɔbɔa me o.—Lod. 25:27.

“Èle Nu Si Xlẽm Nèle La Gɔme Sem Ŋutɔŋutɔa?” (Dɔw. 8:26-40)

14, 15. (a) Nu kae míenya tso “Etiopiatɔwo ƒe amegã” la ŋu, eye aleke Filipo wɔ ke ɖe eŋu? (b) Aleke Etiopia ŋutsua wɔ nui esi Filipo ɖe nuwo me nɛ, eye nu ka tae míagblɔ be menye ɖeko wòtso ko xɔ nyɔnyrɔ o? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

14 Yehowa ƒe dɔla aɖe gblɔ na Filipo be wòayi mɔ si tso Yerusalem yi Gaza dzi. Filipo menya nu si tae wobia tso ye si be yeayi afi ma o. Gake esi wòva do go Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe si “nɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe” la, eva se egɔme azɔ. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ame Kae Nye Etiopia-megã La?”) Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea gblɔ na Filipo be wòate ɖe ŋutsua ƒe tasiaɖam ŋu. Esi wòƒu du te ɖe tasiaɖam la ŋua, ebia Etiopia ŋutsua be: “Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sem ŋutɔŋutɔa?” Eɖo eŋu be: “Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?”—Dɔw. 8:26-31.

15 Etiopia ŋutsua kpe Filipo be wòaɖo tasiaɖam la anɔ anyi ɖe ye gbɔ. Bu dze si gbegbe woaɖo ŋu kpɔ! Ame si Yesaya ƒe nyagblɔɖia yɔ be “alẽ” alo “subɔla” la nye nya ɣaɣla ƒe geɖe. (Yes. 53:1-12) Gake esi wonɔ mɔa dzia, Filipo ɖe eme na Etiopia-megãa be nyagblɔɖi ma va eme ɖe Yesu Kristo dzi. Abe ale si wònɔ le ame siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi gome enea, Etiopia ŋutsua hã kpɔ nu si wòle be wòawɔ zi ɖeka. Etrɔ dzi me zu Yudatɔ xoxo, eya ta egblɔ na Filipo be: “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu kae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?” Ale Filipo nyrɔ Etiopia ŋutsua ɖe tsi me enumake! c (Kpɔ aɖaka si nye “ Wonyrɔe Ðe ‘Tsi Me.’”) Emegbe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔ Filipo yi Asdod eye wòyi nyanyuigbɔgblɔdɔa dzi le afi ma.—Dɔw. 8:32-40.

16, 17. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be mawudɔlawo le akpa aɖe wɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me egbea?

16 Mɔnukpɔkpɔ su mí Kristotɔwo hã si egbea be míawɔ dɔ si Filipo wɔ. Zi geɖea, míate ŋu agblɔ Fiaɖuƒe nya nyuia na amewo le afi sia afi si míedo go wo le; le kpɔɖeŋu me, ne míele mɔ zɔm. Edze ƒãa be ne míedo go ame aɖe le nɔnɔme siawo tɔgbi me eye wòtsɔ ɖe le nya nyuia mea, menye nudogoɖenunue o. Elabe Biblia na eme kɔ be mawudɔlawoe le mɔ fiam mí le gbeƒãɖeɖedɔa me ale be nyaa naɖo “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi” gbɔ. (Nyaɖ. 14:6) Yesu gblɔe ɖi be mawudɔlawo afia mɔ mí le gbeƒãɖeɖedɔa me. Le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tso nuku nyui kple gbe vɔ̃ɖiawo ŋu mea, egblɔ be ‘mawudɔlawoe anye nuŋelaawo’ le nuŋeɣia, si fia nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi. Egblɔ be mawudɔlawo ‘aƒo amenuɖianuwo kple sedzimawɔlawo nu ƒu aɖe wo ɖa tso eƒe Fiaɖuƒea me.’ (Mat. 13:37-41) Le ɣeyiɣi ma ke mea, woaƒo ame siwo Yehowa he va eƒe habɔbɔa me hã nu ƒu. Wonye ame siwo ava ɖu fia le Fiaɖuƒea me kple “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” si anɔ anyigba dzi.—Nyaɖ. 7:9; Yoh. 6:44, 65; 10:16.

17 Nu si ɖee fia be mawudɔlawoe le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔae nye be, ɣeaɖewoɣia, ame siwo míedoa goe le gbeƒãɖeɖedɔa mea gblɔna be yewonɔ gbe dom ɖa be ame aɖe nava kpe ɖe yewo ŋu. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Gbeƒãɖela eve kple ɖevi sue aɖe nɔ nya nyuia gblɔm. Eva ɖo afi aɖea, Ðasefo tsitsi evea di be yewoakpã, gake ɖevi suea nɔ eƒom ɖe wo nu be yewoayi aƒe bubu me. Kaka woakpɔa, ɖevia dzo le wo gbɔ yi va ƒo ʋɔ na ame aɖe. Esi ɖetugbui aɖe va ʋu ʋɔa, Ðasefo tsitsi eveawo te ɖe eŋu azɔ be yewoaƒo nu kplii. Ewɔ nuku na wo esi ɖetugbuia gblɔ na wo be ɖeko yenɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie be wòaɖo ame aɖe ɖa wòava kpe ɖe ye ŋu yease Biblia gɔme koe ma yese ʋɔƒoƒoa. Esia wɔe be wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii!

“Mawu, ame ka kee nèɖanye o, meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye”

18. Nu ka tae mele be míabu gbeƒãɖeɖedɔa nu tsɛ kura o?

18 Esi nènye Kristo hamea me tɔ taa, mɔnukpɔkpɔ su wò hã asiwò be nàwɔ dɔ kple mawudɔlawo le gbeƒãɖeɖedɔ gã si wɔm míele le xexea me godooa me. Mègabu mɔnukpɔkpɔ sia nu tsɛe kura o. Ne èdo vevie nu le dɔ sia mea, àkpɔ dzidzɔ geɖe be ye hã yele “Yesu ŋu nya nyui la” gblɔm.—Dɔw. 8:35.

a Menye apostolo Filipo ye nye esia o. Ke boŋ enye Filipo si ŋu míeƒo nu tsoe le agbalẽ sia ƒe Ta 5 lia me. Enye “ŋutsu adre . . . siwo dzi woate ŋu aka ɖo,” siwo wotia be woama nuɖuɖu na Kristotɔ ahosi siwo nye Helagbedolawo kple Hebrigbedolawo le Yerusalem la dometɔ ɖeka.—Dɔw. 6:1-6.

b Edze ƒãa be zi geɖea, wotsɔa gbɔgbɔ kɔkɔea sia ami na nusrɔ̃la yeyewo, alo woxɔa gbɔgbɔ kɔkɔea le woƒe nyɔnyrɔxɔɣi. Esia wɔnɛ be wonɔa mɔ kpɔm be yewoava zu nunɔlawo aɖu fia kple Yesu le dziƒo. (2 Kor. 1:21, 22; Nyaɖ. 5:9, 10; 20:6) Gake womesi ami na nusrɔ̃la yeye siawo ya esi woxɔ nyɔnyrɔ o. Ke boŋ esi Petro kple Yohanes va da woƒe asiwo ɖe wo dzi ko hafi woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea kple eƒe nukununanawo.

c Menye ɖeko Etiopia ŋutsua tso ko xɔ nyɔnyrɔ o. Esi wòtrɔ dzi me zu Yudatɔ taa, enya Ŋɔŋlɔawo xoxo, eye enya nu tso nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia la ŋu hã. Fifia esi wòva nya akpa si wɔm Yesu le be Mawu ƒe tameɖoɖo nava emea, ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ enumake.