Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 8

Hamea “Ƒe Tome Fa”

Hamea “Ƒe Tome Fa”

Saul si nye yometila vɔ̃ɖi tsã va zu gbeƒãɖela si me dzo le

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 9:1-43 dzi

1, 2. Nu kae Saul ɖo be yeawɔ le Damasko?

 MƆZƆLA siwo adã le mo na gogo Damasko. Afi mae woawɔ tame vɔ̃ si woɖoa dzi le. Woɖoe be yewoalé Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le woƒe aƒewo me, abla wo, ado ŋukpe wo eye woahe wo ayi Sanhedrin la ŋkume le Yerusalem ne woahe to na wo.

2 Saul ye xɔ ŋgɔ na ameha sia. a Nusrɔ̃la aɖewo ƒe ʋu le eƒe ta dzi xoxo. Enɔ eteƒe eye wòkpe asi ɖe eŋu esime etɔ zazɛ̃nyahelawo ƒu kpe Yesu ƒe nusrɔ̃la dovevienu Stefano wòku. (Dɔw. 7:57–8:1) Nu siwo wotu kple nusrɔ̃laawo le Yerusalem mede eme na Saul o. Eɖoe be yeakeke yometitia ɖe enu. Ebu Kristo hamea, si woyɔna be “Mɔ La” ɣemaɣia, be enye subɔsubɔha vɔ̃ɖi aɖe si wòle be yeabu mo na.—Dɔw. 9:1, 2; Kpɔ aɖaka si nye “ Ŋusẽ Si Wona Saul Le Damasko.”

3, 4. (a) Nu kae dzɔ ɖe Saul dzi? (b) Nyabiase kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na?

3 Kasia kekeli aɖe si nu sẽ la klẽ ɖe Saul dzi. Ame siwo le mɔa zɔm kplii kpɔ kekelia, eye woƒe nu ku. Saul ƒe ŋku tsi eye wòdze anyi. Megale nu kpɔm o, eye wòse gbe aɖe tso dziƒo gblɔ be: “Saul, Saul, nu ka ŋuti nèle yonyeme tim?” Enumake Saul bia be: “Wò, ame kae, Aƒetɔ?” Ŋuɖoɖo si wòsee nye: “Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle.” Esia na dzidzi ƒo Saul.—Dɔw. 9:3-5; 22:9.

4 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Yesu gblɔ na Saul zi gbãtɔ me? Vi kawoe wòaɖe na mí ne míedzro nu siwo dzɔ hafi Saul va zu xɔsetɔ me? Eye nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si hamea zã ŋutifafaɣi si me wonɔ tso esime Saul va zu xɔsetɔ me?

“Nu Ka Ŋuti Nèle Yonyeme Tim?” (Dɔw. 9:1-5)

5, 6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Yesu gblɔ na Saul me?

5 Esi Yesu tɔ Saul le Damasko mɔa dzia, megblɔ be: “Nu ka tae nèle nye nusrɔ̃lawo yome tim?” hã o. Ke boŋ abe ale si míekpɔe va yi enea, egblɔ be: “Nu ka ŋuti nèle yonyeme tim?” (Dɔw. 9:4) Ema fia be ne wole Yesu yomedzelawo yome timaa, ebunɛ be ye ŋutɔ yome timee wole.—Mat. 25:34-40, 45.

6 Ne wole yowòme tim le esi nèxɔ Yesu dzi se taa, ka ɖe edzi be Yehowa kple Yesu nya nu si me tom nèle. (Mat. 10:22, 28-31) Ðewohĩ Yehowa maɖe yometiti ma ɖa enumake o. Gake ɖo ŋku edzi be Yesu kpɔ Saul esime wòkpe asi ɖe eŋu wowu Stefano. Eye ekpɔe esi wòlé nusrɔ̃la wɔnuteƒewo le woƒe aƒewo me le Yerusalem. (Dɔw. 8:3) Gake Yesu mede nu nyaa me ɣemaɣi o. Togbɔ be ele alea hãa, Yehowa to Kristo dzi do ŋusẽ Stefano kple nusrɔ̃la bubuawo be woayi edzi awɔ nuteƒe.

7. Nu kawoe akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le yometiti me?

7 Wò hã àte ŋu ado dzi le yometiti me ne èwɔ nu siawo: (1) Ðoe be nu ka kee ɖadzɔ o, yeayi edzi awɔ nuteƒe. (2) Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. (Flp. 4:6, 7) (3) Gblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe Yehowa si me. (Rom. 12:17-21) (4) Ka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ wò nàdo dzi le nɔnɔme sesẽa me va se ɖe esime wòtiae be yeaɖee ɖa.—Flp. 4:12, 13.

‘Nɔvi Saul, Aƒetɔ Lae Dɔm Ða’ (Dɔw. 9:6-17)

8, 9. Aleke Anania se le eɖokui me esi wode dɔ asi nɛ?

8 Esi Yesu ɖo nya si Saul bia be “Wò, ame kae, Aƒetɔ?” ŋu nɛ vɔa, egblɔ kpee be: “Tso nàge ɖe dua me, eye woagblɔ nu si nàwɔ la na wò.” (Dɔw. 9:6) Wokplɔ Saul si megale nu kpɔm o la yi afi si wòadze le Damasko. Etsi nu dɔ le afi ma eye wòdo gbe ɖa ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Ɣemaɣia, Yesu ƒo nu tso Saul ŋu na nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Anania, ame si “ŋu Yudatɔ siwo katã le [Damasko] la ƒo nu nyui le.”—Dɔw. 22:12.

9 Bu ale si Anania anya tɔtɔ le eɖokui me ŋu kpɔ! Yesu Kristo si nye hamea ƒe Ta si wofɔ ɖe tsitree nye ema le nu ƒom kplii, eye wòde dɔ tɔxɛ aɖe asi nɛ. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi! Gake dɔa mele bɔbɔe o. Esi Yesu gblɔ nɛ be wòate ɖe Saul ŋu aƒo nu kpliia, Anania gblɔ be: “Aƒetɔ, mese nya tso ame geɖewo nu le ame sia ŋuti, ale si wòwɔ vɔ̃ geɖewo ɖe wò ame kɔkɔewo ŋu le Yerusalem. Eye le afi sia hã exɔ ŋusẽ tso nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ, be yealé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ la.”—Dɔw. 9:13, 14.

10. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe Anania ŋui me?

10 Yesu meka mo na Anania ɖe nya si wògblɔ ta o. Gake Yesu na mɔfiame siwo me kɔ lae. Yesu de bubu eŋu hã esi wòɖe susu si tae wòdi be wòawɔ dɔ sesẽ ma ɖoa me nɛ. Yesu gblɔ tso Saul ŋu be: “Ŋutsu sia nye dɔwɔnu tiatia aɖe nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi na dukɔwo kple fiawo kpakple Israel-viwo. Elabena mafia ale si gbegbe wòle be wòakpe fu le nye ŋkɔ ta lae.” (Dɔw. 9:15, 16) Anania wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi. Edi Saul yome mɔ, eye wògblɔ na eya si nɔ wo yome timaa be: “Nɔvi Saul, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le mɔ si nèto gbɔna la dzie dɔm ɖa be nàgakpɔ nu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe nayɔ wò fũu.”—Dɔw. 9:17.

11, 12. Nu kae míesrɔ̃ tso nu si dzɔ le Yesu, Anania, kple Saul domea me?

11 Míede dzesi nu vevi geɖe ku ɖe nu si dzɔ le Yesu, Anania, kple Saul dome ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yesu wɔa akpa vevi aɖe tsɔ fiaa mɔ mí le gbeƒãɖeɖedɔa me abe ale si wòdo ŋugbee ene. (Mat. 28:20) Togbɔ be megaƒoa nu na ame ɖekaɖekawo tẽe egbea o hãa, etoa kluvi nuteƒewɔla si wòɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu dzi fiaa mɔ mí míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa. (Mat. 24:45-47) Gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo wɔna ɖe Dɔdzikpɔhaa ƒe mɔfiame dzi va yi dia ame siwo di be yewoaganya nu geɖe tso Kristo ŋu. Abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me enea, Yehowa Ðasefowo va ke ɖe ame geɖe siwo nɔ gbe dom ɖa be ame aɖe nava kpe ɖe yewo ŋu yewoanya Mawua ŋu.—Dɔw. 9:11.

12 Anania lɔ̃ faa xɔ dɔdeasia eye woyrae. Ðe nèwɔna ɖe mɔfiamewo dzi eye nèɖea gbeƒã tsitotsito togbɔ be èvɔ̃na ɣeaɖewoɣi hã? Le ame aɖewo gomea, gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me, si ana woado go ame siwo womenya o, nana wotsia dzi le wo ɖokui me. Esesẽna na ame aɖewo hã be woaɖe gbeƒã le woƒe dɔwɔƒewo, le ablɔ dzi, to telefon alo lɛtaŋɔŋlɔ dzi. Anania te ŋu ɖu eƒe vɔvɔ̃a dzi eye mɔnukpɔkpɔa su esi wòkpe ɖe Saul ŋu wòxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea. b Anania te ŋu wɔ dɔa, elabe eka ɖe Yesu dzi eye wòbu Saul be ate ŋu ava nye ye nɔvi Kristotɔ. Abe Anania enea, míawo hã míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ dzi ne míeka ɖe edzi be Yesue le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa. Míesea veve ɖe amewo nu eye míebua ame siwo míevɔ̃na na gɔ̃ hã be woate ŋu ava nye mía nɔvi Kristotɔwo.—Mat. 9:36.

‘Enɔ Gbeƒã Ðem Tso Yesu Ŋu’ (Dɔw. 9:18-30)

13, 14. Ne èle Biblia srɔ̃m gake mèxɔ nyɔnyrɔ haɖe oa, nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Saul ƒe kpɔɖeŋua me?

13 Saul wɔ ɖe nu siwo wòsrɔ̃ dzi afɔtsɔtsɔe. Esi woʋu ŋku nɛ vɔa, exɔ nyɔnyrɔ, eye wòte hadede kple nusrɔ̃lawo le Damasko. Gake menye ema koe o. “[Eyi] ƒuƒoƒewo enumake nɔ gbeƒã ɖem tso Yesu ŋu be, ame siae nye Mawu ƒe Vi la.”—Dɔw. 9:20.

14 Ne èle Biblia srɔ̃m gake mèxɔ nyɔnyrɔ haɖe oa, ɖe nàte ŋu awɔ nu abe Saul ene atso nya me axɔ nyɔnyrɔa? Ele eme be Saul ŋutɔ kpɔ nukunu aɖe si Kristo wɔa teƒe eye ema kpe ɖe eŋu wòɖe afɔ. Ame bubuwo hã kpɔ Yesu ƒe nukunuwo teƒe, gake ema meʋã wo wowɔ naneke o. Le kpɔɖeŋu me, Farisitɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe kpɔ eteƒe esi Yesu da dɔ na ŋutsu aɖe si titi lé asi na, eye Yudatɔ akpa gãtɔ nya be Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ku me. Gake wo dometɔ geɖe metsɔ ɖeke le eme o. Wotsi tre ɖe eŋu gɔ̃ hã. (Marko 3:1-6; Yoh. 12:9, 10) Saul ya mewɔ nu nenema o. Etrɔ nɔnɔme. Nu kae na Saul trɔ evɔ ame bubuwo ya mete ŋu trɔ o? Elabe evɔ̃ Mawu wu amegbetɔ eye wòkpɔ dzidzɔ ɖe nublanui si Kristo kpɔ nɛ ŋu. (Flp. 3:8) Ne wò hã èwɔe nenemaa, naneke maxe mɔ na wò be nàɖe gbeƒã o, eye àdze ava xɔ nyɔnyrɔ hã.

15, 16. Nu kae Saul wɔ le ƒuƒoƒea, eye aleke Yudatɔ siwo le Damasko wɔ nui?

15 Bu ale si wòawɔ nuku na amehawo eye woado dziku esi Saul nɔ gbeƒã ɖem na wo tso Yesu ŋu le ƒuƒoƒea ŋu kpɔ! Wobia be: “Menye ame siae wɔ fu geɖe ame siwo yɔa ŋkɔ sia le Yerusalem oa?” (Dɔw. 9:21) Eya ta esi Saul nɔ nu si kpe ɖe eŋu wòtrɔ dzi me va xɔ Yesu dzi se me ɖemaa, “[enaa] kpeɖodzi siwo me kɔ eye susu le wo me be ame siae nye Kristo la.” (Dɔw. 9:22) Gake menye ame sia amee xɔa nya siwo me susu le dzi sena o. Nya siawo mana ame siwo lé woƒe dekɔnuwo me ɖe asi kpaɖii eye dada le dzi me na woa natrɔ susu o. Gake Saul mena ta o.

16 Ƒe etɔ̃ megbe gɔ̃ hãa, Yudatɔ siwo nɔ Damasko ganɔ tsitre tsim ɖe Saul ŋu kokoko. Mlɔeba woɖoe be yewoawui. (Dɔw. 9:23; 2 Kor. 11:32, 33; Gal. 1:13-18) Esi Saul va nya be woɖo nugbe ɖe ye ŋua, eto ayemɔ aɖe dzi dzo le dua me. Wokɔe de kusi me ɖiɖii to do aɖe si le gli ŋu nu. Luka yɔ ame siwo kpe ɖe Saul ŋu wòte ŋu si dzo zã ma me be wonye “[Saul ƒe] nusrɔ̃lawo.” (Dɔw. 9:25) Nya ma na míekpɔe be ame aɖewo ya teti ɖo to Saul esime wònɔ gbeƒã ɖem le Damasko, eye wova zu Kristo yomedzelawo.

17. (a) Aleke amewo wɔa nu ɖe Biblia me nyateƒea ŋu? (b) Nu kae wòle be míayi edzi awɔ, eye nu ka tae?

17 Esi nète nu siwo srɔ̃m nèle gbɔgblɔ na wò ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo kple ame bubuwoa, ɖewohĩ àsusui be woaxɔe kple dzidzɔ, elabe susu le Biblia ƒe nufiafiawo me. Wo dometɔ aɖewo anya ɖo to, gake ɖewo hã gbe. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va lé fu wò. (Mat. 10:32-38) Gake ne èyi edzi ɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo fia, èna wò nufiafiawo nyo ɖe edzi eye nètui ɖe Biblia dzia, wo dometɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò gɔ̃ hã ate ŋu ava trɔ nɔnɔme.—Dɔw. 17:2; 1 Pet. 2:12; 3:1, 2, 7.

18, 19. (a) Esi Barnaba lɔ̃ faa va kpe ɖe Saul ŋua, nu kae do tso eme? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Barnaba kple Saul?

18 Esi Saul va ɖo Yerusalem la, nusrɔ̃la siwo nɔ afi ma meka ɖe edzi be ezu yewo dometɔ ɖeka nyateƒe o. Gake esi Barnaba ka ɖe edzi na wo be Saul va zu nusrɔ̃la nyateƒea, woxɔe eye wònɔ wo gbɔ ɣeyiɣi aɖe. (Dɔw. 9:26-28) Saul dze aɖaŋu, gake nya nyuia mekpea ŋu nɛ o. (Rom. 1:16) Eɖe gbeƒã kple dzo le Yerusalem, afi si tututu eya ŋutɔ ti Yesu Kristo yomedzelawo yome kutɔkutɔe le. Esia wɔ nuku na Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem, elabe wokpɔe be Saul si wòle be wòaxɔ ŋgɔ yewoabu mo na Yesu ƒe nusrɔ̃lawoa va zu wo dometɔ ɖeka boŋ. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi nɔviawo kpɔ esia dze sii la, [wokplɔ Saul] yi Kaisarea, eye woɖoe ɖe Tarso.” (Dɔw. 9:30) Saul wɔ ɖe mɔfiame siwo Yesu na to hamea dzia dzi. Esia ɖe vi na eya ŋutɔ kple hamea siaa.

19 De dzesii be Barnaba lɔ̃ faa va kpe ɖe Saul ŋu. Esia wɔe be Yehowa subɔla eve siawo va zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Abe Barnaba enea, ɖe nèlɔ̃na faa be yeakpe ɖe ame yeye siwo le hamea me ŋu, awɔ dɔ kpli wo le gbeadzi eye nàkpe ɖe wo ŋu woatsi le gbɔgbɔ mea? Ne èwɔe alea, àkpɔ yayra geɖe. Ne gbeƒãɖela yeyee nènyea, ɖe nèlɔ̃na faa be woakpe ɖe ŋuwò abe ale si Saul wɔe enea? Ne èwɔa dɔ kple gbeƒãɖela bibiwoa, àgabi ɖe edzi le subɔsubɔdɔa me, àkpɔ dzidzɔ wu, àdze xɔlɔ̃ nyuiwo eye wò kpli wo dome anɔ nyuie ɖaa.

“Ame Geɖewo Va Xɔ Aƒetɔ La Dzi Se” (Dɔw. 9:31-43)

20, 21. Aleke Mawu subɔla siwo nɔ anyi va yi kple esiwo li egbea siaa wɔa ‘tomefafa’ ƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔe?

20 Esi Saul trɔ dzi me eye nɔviawo kpe ɖe eŋu wòsi yi Tarso megbea, “hame si le Yudea blibo la kple Galilea kpakple Samaria la ƒe tome fa.” (Dɔw. 9:31) Aleke nusrɔ̃lawo wɔ tomefafa sia ŋu dɔe? (2 Tim. 4:2) Nuŋlɔɖia gblɔ be ‘ŋusẽ ɖo wo ŋu.’ Apostoloawo kple nɔvi bubu siwo nɔ ŋgɔ xɔm le hamea me do ŋusẽ nusrɔ̃lawo ƒe xɔse, si na woyi edzi ‘zɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me eye gbɔgbɔ kɔkɔea na akɔfafa wo.’ Le kpɔɖeŋu me, Petro zã ɣeyiɣi ma tsɔ do ŋusẽ nusrɔ̃la siwo nɔ Lida kple Saron Tagba. Agbagba siwo wòdze le nuto mawo me wɔe be ame geɖe va xɔ “Aƒetɔ la dzi se.” (Dɔw. 9:32-35) Nusrɔ̃laawo mena nu bubuwo he woƒe susu o. Ke boŋ wotsɔ dzo ɖe nya nyuia gbɔgblɔ ŋu eye wokpe ɖe wo nɔewo ŋu. Esia wɔe be hameawo nɔ “dzidzim ɖe edzi.”

21 Le ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu lɔƒoa, Yehowa Ðasefowo ƒe “tome fa” le dukɔ geɖewo me. Ame siwo nɔ wo yome tim ƒe dziɖuɖu wu enu. Esia wɔe be wòva nɔ bɔbɔe na wo be woaɖe gbeƒã, elabe wova ɖe mɔxeɖenuawo ɖa. Yehowa Ðasefo akpe geɖe wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ɖe gbeƒã le dutoƒo eye nu nyui geɖewo do tso eme.

22. Aleke nàte ŋu awɔ ablɔɖe si su asiwò ŋu dɔ nyuie?

22 Ðe nèle ablɔɖe si su asiwò fifia ŋu dɔ wɔm nyuiea? Ne èle dukɔ si me woɖe mɔ be amewo nasubɔ le ablɔɖe mea, Satana adi be nàzã ɣeyiɣi ma atsɔ ati kesinɔnuwo yome, ke menye be nàzãe atsɔ awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me o. (Mat. 13:22) Mègana naneke nahe wò susu o. Wɔ tomefafa ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si su asiwò ŋu dɔ nyuie. Bu ɣeyiɣi mawo be wonye mɔnukpɔkpɔ be yeatsɔ aɖi ɖase tsitotsito, eye yeakpe asi ɖe hamea ŋu. Nenɔ susu me na wò be nɔnɔmeawo ate ŋu ava trɔ kpata.

23, 24. (a) Nu kawoe míesrɔ̃ tso nudzɔdzɔ si ku ɖe Tabita ŋu me? (b) Nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa be míawɔ?

23 Bu nu si dzɔ ɖe nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Tabita, alo Dorkas, dzi ŋu kpɔ. Enɔ Yopa, si medidi tso Lida dua gbɔ o. Nɔvinyɔnu wɔnuteƒe sia wɔ eƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ tsɔ wɔ “dɔ nyui geɖewo eye wònaa nu amewo dɔmenyotɔe.” Gake eva dze dɔ kpata eye wòku. c Nusrɔ̃la siwo nɔ Yopa, vevietɔ ahosi siwo wònyoa dɔme naa, xa nu vevie le eƒe kua ta. Esi Petro va ɖo aƒe si me wole ame kukua dzram ɖo hena ɖiɖi le mea, ewɔ nukunu aɖe si Yesu Kristo ƒe apostolowo dometɔ aɖeke mewɔ kpɔ o. Petro do gbe ɖa eye wòfɔ Tabita si kua ɖe tsitre! Bu dzidzɔ si gbegbe ahosiawo kple nusrɔ̃la bubuawo anya kpɔ esi Petro yɔ wo va xɔa me eye wòkplɔ Tabita de asi na wo agbagbee ŋu kpɔ! Nudzɔdzɔ sia anya do ŋusẽ nusrɔ̃lawo be woanɔ te ɖe dodokpɔ siwo ava wo dzia nu. Mewɔ nuku o be nukunu sia ŋu nya “kaka ɖe Yopa blibo la katã, eye ame geɖewo va xɔ Aƒetɔ la dzi se.”—Dɔw. 9:36-42.

Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Tabita?

24 Míesrɔ̃ nu vevi eve tso Tabita ŋu nya lédziname sia me. (1) Agbea le kpuie. Eya ta esi mɔnukpɔkpɔa li fifia, ele be míadze agbagba awɔ ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ! (Nyagb. 7:1) (2) Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi nye nu ŋutɔŋutɔ. Yehowa meŋlɔ dɔmenyonu gbogbo siwo Tabita wɔa be o. Eɖo eteƒe nɛ. Ne míeku do ŋgɔ na Armagedon gɔ̃ hãa, maŋlɔ dɔ nyui siwo míewɔa be o. (Heb. 6:10) Míeɖale “ɣeyiɣi madeamedziwo” alo ‘tomefafa’ ƒe ɣeyiɣi me o, mina mí katã míado dzi aɖi ɖase tso Kristo ŋu tsitotsito.—2 Tim. 4:2.

a Kpɔ aɖaka si nye “ Saul Si Nye Farisitɔ.”

b Zi geɖea, apostoloawo dzie ame tona xɔa gbɔgbɔ kɔkɔea. Gake le go sia mea, edze abe Yesu na ŋusẽ Anania be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea Saul ene. Le Saul ƒe dzimetɔtrɔ megbea, ɣeyiɣi aɖe va yi hafi wòva do go apostolo 12-awo ŋutɔwo. Gake anɔ eme be enɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi le ɣeyiɣi mawo me. Eya ta edze ƒãa be Yesu na ŋusẽ si Saul hiã lae be wòate ŋu aɖe gbeƒã.