Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 6

Stefano—‘Ame Si Nu Mawu Ve Eye Wòna Ŋusẽ Geɖee’

Stefano—‘Ame Si Nu Mawu Ve Eye Wòna Ŋusẽ Geɖee’

Nu si míesrɔ̃ tso ale si dzi nɔ Stefano ƒo wòɖi ɖase le Sanhedrin la ŋkumea me

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 6:8–8:3 dzi

1-3. (a) Nɔnɔme sesẽ ka mee Stefano va ɖo, eye aleke wòwɔ nui? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

 STEFANO ye nye ema va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe. Etsi tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃la 71 siwo nɔ anyi ɖe fli godoo me ŋkume, le xɔ gã aɖe si gogo Yerusalem gbedoxɔa me. Sanhedrin la ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo va kpe ta be yewoadrɔ̃ ʋɔnu Stefano. Ʋɔnudrɔ̃la siawo sẽ ŋu, eye wonye ame ŋkuta siwo mebua Yesu ƒe nusrɔ̃la sia ɖe ɖeke me o. Le nyateƒe mea, Nunɔlagã Kayafa, ame si nɔ zi me na Sanhedrin la esi wobu fɔ Yesu Kristo eye wowui ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ kee gayɔ ʋɔnudrɔ̃laawo va kpe ta. Ðe esia na vɔvɔ̃ ɖo Stefanoa?

2 Le gaƒoƒo sia mea, nane ɖe dzesi le Stefano ƒe dzedzeme ŋu. Ʋɔnudrɔ̃lawo fɔ ŋku ɖe edzi, eye wokpɔe be eƒe mo le “abe mawudɔla ƒe mo ene.” (Dɔw. 6:15) Yehowa Mawu ƒe nyawoe mawudɔlawo gblɔna, eya ta womevɔ̃na o; woɖea dzi ɖi, eye wofaa tu. Aleae Stefano ƒe dzedzeme le, eye ʋɔnudrɔ̃la siwo lé fui gɔ̃ hã kpɔe nenema. Nu kae na wòɖe dzi ɖi alea gbegbe?

3 Kristotɔ siwo li egbea hã ate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nyabiase ma ƒe ŋuɖoɖo me. Eye míedi be míanya nu si ta Stefano va do ɖe teƒe sia. Aleke wòʋli eƒe xɔse ta va yi, eye nu kawo mee míate ŋu asrɔ̃e le?

“Wode Zi Ameha La . . . Me” (Dɔw. 6:8-15)

4, 5. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Stefano wɔ akpa vevi aɖe le hamea me? (b) Nu kae ɖo kpe edzi be Stefano nye “ame si nu Mawu ve eye wòna ŋusẽ geɖe”?

4 Míekpɔe va yi be Stefano wɔ akpa vevi aɖe le Kristo hame si nɔ dzidzim ɖe edzi me. Le ta si do ŋgɔ mea, míekpɔe be eya hã le ŋutsu adre siwo bɔbɔ wo ɖokui, eye wolɔ̃ faa be yewoakpe asi ɖe apostoloawo ŋu dome. Togbɔ be Mawu na ŋutete kple mɔnukpɔkpɔ geɖewoe hãa, ale si wòbɔbɔ eɖokui ɖe dzesi ŋutɔ. Dɔwɔwɔwo 6:8 gblɔ be ewɔa “nukunu kple dzesi gãwo,” abe ale si apostoloawo dometɔ aɖewo wɔe ene. Wogblɔ le mawunyakpukpui ma ke me be enye “ame si nu Mawu ve eye wòna ŋusẽ geɖe.” Nu kae nya mawo fia?

5 Edze ƒãa be Stefano nye ame si nyoa dɔme eye wògbɔa dzi ɖi, si na ame geɖe lɔ̃ eƒe nya. Eƒe nufiafiawo wɔ dɔ ɖe amewo dzi. Ena wokpɔe be nu siwo fiam yele wo le eteƒe eye aɖe vi na wo. Esẽ ŋu le gbɔgbɔ me, elabe eɖe mɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔe. Mɔnukpɔkpɔ kple ŋutete nyui siwo le esi mena wòdo eɖokui ɖe dzi o, ke boŋ etsɔ esiawo ŋuti kafukafua na Yehowa. Eɖee fia be yelɔ̃a ame siwo yefiaa nui eye yetsɔ ɖe le eme na wo. Mewɔ nuku o be ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu kpɔe be ne yewomedi naneke wɔ oa, aɖe fu na yewo!

6-8. (a) Nya eve kawoe tsitretsiɖeŋulawo tsɔ ɖe Stefano ŋu, eye nu ka tae? (b) Nu ka tae Stefano ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí Kristotɔ siwo li egbea?

6 Ame vovovowo tso be yewoahe nya kple Stefano, “gake womete ŋu nɔ te ɖe nunya kple gbɔgbɔ si wòtsɔ le nu ƒomee la nu o.” a Esi wowɔ ɖe sia ɖe wòglo taa, “wode nya ŋutsu aɖewo nu le adzame” be woatso Kristo yomedzela sia si meɖi fɔ aɖeke o nu alakpatɔe. “Wode zi” amehaa, ame tsitsiwo, kple agbalẽfialawo me, ale be wolé Stefano sesẽe eye wohee yi Sanhedrin la. (Dɔw. 6:9-12) Tsitretsiɖeŋulaawo tsɔ nya eve ɖe eŋu: Wobe egblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye wògblɔ busunya ɖe Mose hã ŋu. Le mɔ ka nu?

7 Aʋatsonutsola siawo tso Stefano nu be eƒo nu tsi tsitre ɖe “kɔkɔeƒe,” si nye gbedoxɔ si le Yerusalem ŋu, eya ta egblɔ busunya ɖe Mawu ŋu. (Dɔw. 6:13) Wotso enu hã be eƒo nu tsi tsitre ɖe Mose ƒe Sea ŋu eye wòle kɔnyinyi siwo Mose ɖo ɖia trɔm, eya ta egblɔ busunya ɖe Mose hã ŋu. Nutsotso siawo nye nya gã, elabe ɣemaɣia, Yudatɔwo dea bubu gbedoxɔa kple Mose ƒe Sea me nyakui ɖe sia ɖe, kple kɔnyinyi siwo woawo ŋutɔwo tsɔ va kpe Sea emegbea ŋu. Nutsotso siawo fia be Stefano nye ame vɔ̃ɖi si dze na ku!

8 Nublanuitɔea, subɔsubɔhawo toa ayemɔ siawo dzi be yewoade Mawu subɔlawo nya me. Egbea hãa, subɔsubɔha siwo lé fu mí dea adã tame na dziɖuɖumegãwo ɣeaɖewoɣi be woati Yehowa Ðasefowo yome. Aleke wòle be míawɔ nui ne wotso mía nu alakpatɔe? Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Stefano gbɔ.

Dzi Nɔ Eƒo Wòɖi Ðase Tso “Ŋutikɔkɔe Ƒe Mawu La” Ŋu (Dɔw. 7:1-53)

9, 10. Nya kae ɖeklemiɖelawo gblɔna tso nya siwo Stefano gblɔ le Sanhedrin la ŋkume ŋu, eye nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

9 Abe ale si míekpɔe va yii enea, esi wole nya siawo tsɔm ɖe Stefano ŋua, eƒe mo va le abe mawudɔla ƒe mo ene, si fia be eɖe dzi ɖi. Azɔ Kayafa trɔ ɖe eŋu biae be: “Nya siawo le emea?” (Dɔw. 7:1) Ɣeyiɣia de be Stefano naƒo nu. Eye eƒo nu hã!

10 Ðeklemiɖela aɖewo gblɔna be Stefano meɖo nya siwo wotsɔ ɖe eŋua ŋu le nya gbogbo siwo wògblɔa me o. Gake nyateƒeae nye be, Stefano ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le ale si ‘míaʋli nya nyuia ta’ me. (1 Pet. 3:15) Ðo ŋku edzi be wotso Stefano nu be eƒo nu tsi tsitre ɖe gbedoxɔa ŋu, eya ta egblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye be eƒo nu tsi tsitre ɖe Sea ŋu, eya ta egblɔ busunya ɖe Mose hã ŋu. Le Stefano ƒe nyaŋuɖoɖoa mea, ema Israel-viwo ƒe ŋutinya ɖe akpa etɔ̃ me, eƒo nu tso eŋu kpokploe, eye wòte gbe ɖe akpa vevi aɖewo dzi. Na míadzro ŋutinyaa ƒe akpa etɔ̃awo me ɖekaɖeka.

11, 12. (a) Mɔ ka nue Stefano zã Abraham ƒe kpɔɖeŋua wòɖe vi le? (b) Nu ka tae Stefano ƒo nu tso Yosef ŋu?

11 Le Blemafofowo ƒe ŋkekeawo me. (Dɔw. 7:1-16) Stefano dze eƒe nyawo gɔme tso Abraham dzi, elabe Yudatɔwo dea bubu eŋu le eƒe xɔse ta. Esi Stefano dze eƒe nyawo gɔme kple nu si ŋu Yudatɔwo nya nu tsoe nyuiea, ete gbe ɖe edzi be Yehowa, “ŋutikɔkɔe ƒe Mawu” la ɖe eɖokui fia Abraham zi gbãtɔ le Mesopotamia. (Dɔw. 7:2) Abraham va zu amedzrovi le Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gake Mose ƒe Sea menɔ Abraham si o, eye mesubɔ le gbedoxɔ aɖeke me o. Eya ta ɖe wòsɔ be woate tɔ ɖe edzi be gbedoxɔa kple Sea hiã hafi ame nate ŋu awɔ nuteƒe na Mawua?

12 Ame siwo nɔ to ɖom Stefano dea bubu Abraham ƒe dzidzimevi Yosef hã ŋu ŋutɔ. Gake eɖo ŋku edzi na wo be, Yosef nɔviŋutsuwo, siwo ƒe dzidzimeviwo va zu Israel-to 12-awo, ti ame dzɔdzɔe Yosef yome eye wodzrae wòzu kluvi. Gake eya dzie Mawu to ɖe Israel-viwo esime dɔ to. Ðikeke aɖeke mele eme o be, Stefano kpɔ kadodo si le Yosef kple Yesu Kristo dome, gake meɖee gblɔ o, kple susu be eƒe nyaselawo nayi edzi aɖo toe.

13. Aleke nya siwo Stefano gblɔ tso Mose ŋu ɖo nya siwo wotsɔ tso enu ŋu, eye nya vevi kae Stefano he ɖe go?

13 Le Mose ƒe ŋkekeawo me. (Dɔw. 7:17-43) Stefano ƒo nu geɖe tso Mose ŋu, eye esɔ be ewɔe alea, elabe Sanhedrin la me tɔ geɖe nye Zadukitɔwo, ame siwo gbe Biblia-gbalẽ ɖe sia ɖe negbe agbalẽ siwo Mose ŋlɔ ko. Ðo ŋku edzi be wotso Stefano nu be egblɔ busunya ɖe Mose hã ŋu. Nya siwo Stefano gblɔa ɖo nutsotsoa ŋu, eye wòɖee fia be edea bubu gã aɖe Mose kple Sea ŋu. (Dɔw. 7:38) Egblɔ be ame siwo Mose nɔ agbagba dzem be yeaɖe gɔ̃ hã gbee. Wogbee esi wòxɔ ƒe 40. Le ƒe 40 bubu megbea, wotsi tsitre ɖe eŋu zi geɖe be medze anye yewo kplɔla o. b Vivivia, Stefano di be yeahe nya vevi aɖe ɖe go, si nye be, Mawu ƒe amewo gbea ame siwo Yehowa ɖona be woakplɔ wo la enuenu.

14. Nu vevi ka dzie nya siwo Stefano gblɔ tso Mose ŋu ɖo kpee?

14 Stefano ɖo ŋku edzi na eƒe nyaselawo be Mose gblɔe ɖi be woaɖo nyagblɔɖila aɖe le Israel, si anɔ abe ye Mose ene. Ame kae anye nyagblɔɖila ma, eye aleke woaxɔe? Stefano meɖo nya siawo ŋu enumake o. Eva ɖo wo ŋu le eƒe nuƒoa ƒe nuwuwu. Egahe nya vevi aɖe ɖe go si nye be, Mose de dzesii be teƒe ɖe sia ɖe ate ŋu anɔ kɔkɔe, abe ŋuve si nɔ bibim, si gbɔ Yehowa ƒo nu kplii le ene. Eya ta ɖe woate ŋu agblɔ be xɔ aɖe, abe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem ene, me koe woasubɔ Yehowa lea? Na míakpɔe ɖa.

15, 16. (a) Nu ka tae wòsɔ be Stefano ƒo nu tso avɔgbadɔa ŋu le eƒe nyaa me? (b) Nya kae Stefano gblɔ tso Salomo ƒe gbedoxɔa hã ŋu?

15 Avɔgbadɔa kple gbedoxɔa. (Dɔw. 7:44-50) Stefano ɖo ŋku edzi na ʋɔnudrɔ̃ƒea be, hafi woava tu gbedoxɔa ɖe Yerusalem la, Mawu na Mose wɔ avɔgbadɔ si me wosubɔna le, eye wotsɔnɛ tso teƒe yia teƒe. Ame kae ate kpɔ agblɔ be avɔgbadɔa mede gbedoxɔa nu o, evɔ wònye afi mae Mose ŋutɔ subɔ le?

16 Emegbe esi Salomo tu gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la, gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ nya vevi aɖe le gbe si wòdo ɖa tsɔ kɔ xɔa ŋu me. Stefano gblɔe eme kɔ be: “Dziƒoʋĩtɔ la menɔa xɔ siwo wotsɔ asi tui la me o.” (Dɔw. 7:48; 2 Kron. 6:18) Yehowa ate ŋu azã gbedoxɔ be yeƒe tameɖoɖowo nava eme, gake menɔa xɔ siawo me o. Eya ta nu ka tae esubɔlawo agblɔ be xɔ siwo wotsɔ asi tui la me koe woate ŋu asubɔe le hafi wòadze eŋu? Stefano yɔ nya tso Yesaya ƒe agbalẽa me tsɔ ƒo eƒe nyawo ta. Afi si Yehowa gblɔ le be: “Dziƒoe nye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Yehowa be, xɔ ka ƒomevie miebe yewoatu nam? Alo afi kae anye gbɔɖemeƒe nam? Menye nye asie wɔ nu siawo katã oa?”—Dɔw. 7:49, 50; Yes. 66:1, 2.

17. Aleke Stefano ƒe nyawo ɖee fia be (a) enutsolawo da ƒu kuraa? (b) eɖo nya siwo wotsɔ ɖe eŋua ŋu?

17 Va se ɖe fifiaa, esi míelé ŋku ɖe nya siwo Stefano gblɔ le Sanhedrin la ŋkume ŋua, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be enutsolawo da ƒu kura oa? Eɖee fia be, Yehowa mele kpaɖii eye wòlé ɖe kɔnyinyiwo ŋu o, ke boŋ etrɔa asi le nuwo ŋu ale be eƒe tameɖoɖowo nava eme. Yudatɔ siawo da taɖodzinu si le Sea kple gbedoxɔa ŋua ƒu, elabe wodea bubu si gbɔ eme gbedoxɔa kple kɔnyinyi siwo woawo ŋutɔwo va tsɔ kpe ɖe Mose ƒe Sea ŋu la ŋu. Stefano ƒe nyawo fɔ nyabiase vevi aɖe ɖe te, si nye be: Ðe manyo be ame si di be yeade bubu Sea kple gbedoxɔa ŋu naɖo to Yehowa oa? Stefano ƒe nyawo ɖee fia eme kɔ be mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o, elabe eɖoa to Yehowa le nu sia nu me.

18. Nu kawo mee míate ŋu asrɔ̃ Stefano le?

18 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Stefano ƒe nuƒoa me? Enya Ŋɔŋlɔawo nyuie. Ne míawo hã míedi be míawɔ “nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ” la, ele be míado vevie nu asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la. (2 Tim. 2:15) Míate ŋu asrɔ̃ ale si míaɖɔ ŋu ɖo agbɔ dzi ɖi hã tso Stefano gbɔ. Dzi le ame siwo le to ɖomee kum vevie! Gake ete ŋu ƒo nu na wo ɣeyiɣi didi aɖe tso nu si me wotsɔ ɖe le ŋu. Eƒo nu na wo bubutɔe hã, eye wòyɔ ŋutsu tsitsi siawo be “fofowo.” (Dɔw. 7:2) Ele be míawo hã míagblɔ nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nyaa me “le tufafa kple bubu deto me.”—1 Pet. 3:15.

19. Aleke Stefano gblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu nyawo na Sanhedrin la vɔvɔ̃manɔmee?

19 Míawo hã míegblɔa Mawu ƒe Nyaa vɔvɔ̃manɔmee eye mímetɔa tsi Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu nyawo be ava ɖe fu na amewo ta o. Stefano ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi. Stefano va kpɔe be agbagba siwo katã yedze gblɔ kpeɖodzinya mawo le Sanhedrin la ƒe ʋɔnudrɔ̃la sẽdzime mawo ŋkumea, nye tsi ko yekɔ ɖe kpe dzi. Eya ta gbɔgbɔ kɔkɔea ʋãe wòƒo eƒe nuƒoa ta vɔvɔ̃manɔmee, eye wògblɔ na wo be ɖeko wole abe wo tɔgbui siwo gbe Yosef, Mose kple nyagblɔɖilawo katã ene. (Dɔw. 7:51-53) Le nyateƒe mea, Sanhedrin la ƒe ʋɔnudrɔ̃lawoe wu Mesia la, ame si ŋu Mose kple nyagblɔɖilawo katã gblɔ nya ɖi le. Edze ƒãa be, ame siawo boŋue ɖoe koŋ da le Mose ƒe Sea dzi!

“Aƒetɔ Yesu, Xɔ Nye Gbɔgbɔ” (Dɔw. 7:54–8:3)

“Esi wose nya siawo la, eku dzi na wo vevie, eye woɖu aɖukli ɖe eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 7:54

20, 21. Aleke Sanhedrin la wɔ nu ɖe Stefano ƒe nyawo ŋui, eye aleke Yehowa do ŋusẽe?

20 Nyateƒenya siwo Stefano gblɔa na ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe dzi ho, eye wodze nuwɔwɔ adãtɔe ɖe Stefano ŋu. Nuteƒewɔla sia va de dzesii be womakpɔ nublanui aɖeke na ye o, abe ale si ko womekpɔ nublanui na yeƒe Aƒetɔ Yesu o ene.

21 Ehiã be dzi nanɔ Stefano ƒo hafi wòate ŋu anɔ te ɖe nu siwo ava dzɔ ɖe edzia nu. Ðikeke aɖeke mele eme o be, Yehowa nyo dɔme nɛ eye wòto ŋutega aɖe dzi do ŋusẽe. Le ŋutegaa mea, Stefano kpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe eye wòkpɔ Yesu wòtsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ɖusime! Esi Stefano nɔ ŋutega sia ŋu nya gblɔm na ʋɔnudrɔ̃lawoa, wotsɔ asi xe tome. Nu ka tae wowɔ nu alea? Elabe do ŋgɔa, Yesu gblɔ na ʋɔnudrɔ̃la siawo be yee nye Mesia la, eye madidi o, yeava bɔbɔ nɔ ye Fofo ƒe ɖusime. (Marko 14:62) Stefano ƒe ŋutegaa ɖee fia be Yesu ƒe nyawo va eme. Le nyateƒe mea, Sanhedrin lae de Mesia asi wowu! Eya ta wolũ ɖe Stefano dzi enumake hee do goe, eye amehaa ƒu kpee wòku. c

22, 23. Mɔ ka nue Stefano ku abe eƒe Aƒetɔ ene le, eye aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu ana dzi nanɔ wo ƒo abe Stefano ene?

22 Stefano ku abe ale si ko eƒe Aƒetɔ hã kui ene. Eɖe dzi ɖi, ka ɖe Yehowa dzi, eye wòbia be woatsɔ ye wulawo ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Egblɔ be: “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ,” elabe ɖewohĩ le ɣeyiɣi ma mea, eganɔ Amegbetɔvi la kpɔm le Yehowa ƒe axadzi. Edze ƒãa be Stefano nya Yesu ƒe dzideƒonamenya siawo be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.” (Yoh. 11:25) Mlɔeba Stefano do gbe ɖa na Mawu sesĩe be: “Yehowa, mègabu nu vɔ̃ sia na wo o.” Esi wògblɔ nya siawo vɔa, edɔ alɔ̃ le ku me.—Dɔw. 7:59, 60.

23 Stefano ye nye Kristo yomedzela gbãtɔ si wowu ɖe eƒe xɔse ta. (Kpɔ aɖaka si nye “ Wowui Ðe Eƒe Xɔse Ta.”) Nublanuitɔea, menye eyae nye ame mamlɛtɔ o. Va se ɖe egbea, subɔsubɔha siwo hea zazɛ̃nya, dunyahela siwo hea glãka, kple tsitretsiɖeŋula siwo sẽa ŋuta wua Yehowa subɔla wɔnuteƒewo. Gake susu nyui geɖewo li siwo tae wòle be dzi nanɔ mía ƒo abe Stefano ene, elabe Yesu nye Fia si le dzi ɖum eye wòle ŋusẽ gã si Fofoa nae zãm. Ate ŋu afɔ eyomedzela wɔnuteƒewo ɖe tsitre; naneke maxe mɔ nɛ o.—Yoh. 5:28, 29.

24. Akpa kae Saul wɔ le Stefano wuwu me, eye aleke nuteƒewɔla sia ƒe ku kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo dzii?

24 Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Saul nɔ nu siawo katã teƒe kpɔm. Eda asi ɖe Stefano wuwu dzi, eye wònɔ ame siwo nɔ kpe ƒumee ƒe awuwo gɔ̃ hã dzi kpɔm na wo. Ema megbe kpuiea, eti Kristotɔwo yome kutɔkutɔe. Gake ɖe Stefano ƒe kua kpɔ ŋusẽ nyui ɖe Kristotɔwo dzi boŋ. Edo ŋusẽ wo be woyi edzi wɔ nuteƒe, eye woawo hã wonɔ te ɖe yometiti mawo ƒomevi nu. Tsɔ kpe ɖe eŋua, Saul si wova yɔ ƒe aɖewo megbe be Paulo va ɖo ŋku akpa si wòwɔ le Stefano wuwu me dzi eye wòte ɖe edzi. (Dɔw. 22:20) Eva de dzesii emegbe be yenye “busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame.” (1 Tim. 1:13) Edze ƒãa be Paulo maŋlɔ Stefano kple nya ʋãme siwo wògblɔ gbe ma gbea be gbeɖe o. Le nyateƒe mea, nya siwo Stefano gblɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe ɖewo dze le Paulo ƒe nuƒowo kple lɛta siwo wòŋlɔ me. (Dɔw. 7:48; 17:24; Heb. 9:24) Emegbea, Paulo va srɔ̃ Stefano, ‘ame si nu mawu ve eye wòna ŋusẽ geɖee’ la ƒe xɔse kple dzinɔameƒo. Nyabiaseae nye be: Ðe míawo hã míasrɔ̃ea?

a Tsitretsiɖeŋula siawo dometɔ aɖewo nye “Ablɔɖexɔlawo Ƒe Ƒuƒoƒe” la me tɔwo. Anɔ eme be wonye ame siwo Romatɔwo lé va yi gake woɖe asi le wo ŋu, alo wonye kluvi siwo wona ablɔɖee, siwo trɔ dzi me va zu Yudatɔwo. Wo dometɔ aɖewo tso Kilikia, abe Saul ke ene. Nuŋlɔɖia megblɔe ne Saul hã nɔ Kilikiatɔ siwo mete ŋu nɔ te ɖe Stefano nu o dome o.

b Nya vevi aɖewo dze le Stefano ƒe nyawo me, siwo medze le Biblia-gbalẽ bubu aɖeke me o. Wo dometɔ aɖewoe nye hehe si Mose xɔ le Egipte, ƒe si wòxɔ hafi sí le Egipte, kple ɣeyiɣi didi si wònɔ Midian-nyigba dzi.

c Edze abe le Romatɔwo ƒe sea nua, Sanhedrin la mate ŋu aɖe gbe be woawu ame si wodrɔ̃ ʋɔnui o ene. (Yoh. 18:31) Aleke kee wòɖale o, womena wòdze be ʋɔnudrɔ̃ƒeae ɖe gbe be woawu Stefano o, ke boŋ be ameha si do dziku ɖe eŋu lae wui.