Ƒe 2018 Ƒe Akɔntabubua Katã
Yehowa Ðasefowo Ƒe Alɔdzedɔwɔƒewo: 87
Dukɔ Siwo Me Akɔntabubuawo Tso: 240
Hamewo Katã: 119,954
Ame Siwo De Ŋkuɖodzia Le Xexea Me Godoo: 20,329,317
Ame Siwo Ðu Ŋkuɖodzia Ƒe Kpɔɖeŋunuawo Le Xexea Me Godoo: 19,521
Gbeƒãɖelawo Ƒe Xexlẽme Gbogbotɔ *: 8,579,909
Gbeƒãɖelawo Le Mama Dedie Nu Ɣleti Sia Ɣleti: 8,360,594
Gbeƒãɖelawo Ƒe Dzidziɖedzi Le Alafa Me Ðe Ƒe 2017 Tɔ Dzi: 1.4
Ame Siwo Xɔ Nyɔnyrɔ *: 281,744
Mɔɖelawo * Le Mama Dedie Nu Ɣleti Sia Ɣleti: 1,267,808
Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo Le Mama Dedie Nu Ɣleti Sia Ɣleti: 446,642
Gaƒoƒo Siwo Katã Míezã Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me: 2,074,655,497
Biblia Nusɔsrɔ̃wo * Le Mama Dedie Nu Ɣleti Sia Ɣleti: 10,079,709
Le ƒe 2018 subɔsubɔƒea me la, * Yehowa Ðasefowo zã Amerika dɔlar miliɔn 214 tsɔ kpɔ mɔɖela veviwo, dutanyanyuigblɔlawo kple nutome sue dzikpɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le nya nyui gbɔgblɔ dɔ siwo wode asi na wo la me. Le xexea me godoo la, subɔla ɖeadzɔgbe 20,331 ye le dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒeawo. Wo katã wole Yehowa Ðasefowo Ƒe Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔ Tɔxɛ Wɔla Siwo Le Xexea Me Godoo la dome.
^ mm. 7 Gbeƒãɖela ye nye ame si ɖea gbeƒã alo fiaa Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia amewo edziedzi. (Mateo 24:14) Be nàkpɔ ale si míewɔna nyaa ame siwo ɖea gbeƒã edziedzi ƒe xexlẽme la, yi jw.org eye nàxlẽ nyati si nye “Yehowa Ðasefo Nenie Le Xexea Me Godoo?”
^ mm. 10 Ne èdi nyatakaka geɖe tso afɔ siwo wòle be ame naɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ŋu la, kpɔ nyati si nye “Aleke Mawɔ Azu Yehowa Ðasefo?” si le jw.org.
^ mm. 11 Mɔɖela ye nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ si nye kpɔɖeŋunyuiɖola, si tsɔ eɖokui na faa be yeazã gaƒoƒo aɖe koŋ atsɔ aɖe gbeƒã nya nyuia ɣleti sia ɣleti.
^ mm. 14 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le nyati si nye, “Nu Kae Nye Biblia-nusɔsrɔ̃?” me, le jw.org.
^ mm. 15 Ƒe 2018 subɔsubɔƒea dze egɔme tso September 1, 2017, va se ɖe August 31, 2018.