Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒe 2021 Ƒe Akɔntabubua Katã

Ƒe 2021 Ƒe Akɔntabubua Katã
  • Yehowa Ðasefowo Ƒe Alɔdzedɔwɔƒewo: 87

  • Dukɔ Siwo Me Akɔntabubuawo Tso: 239

  • Hamewo Katã: 119,297

  • Ame Siwo De Ŋkuɖodzia Le Xexea Me Godoo: 21,367,603

  • Ame Siwo Ðu Ŋkuɖodzia Ƒe Kpɔɖeŋunuawo Le Xexea Me Godoo: 20,746

  • Gbeƒãɖelawo Ƒe Xexlẽme Gbogbotɔ *: 8,686,980

  • Gbeƒãɖelawo Le Mama Dedie Nu Ɣleti Sia Ɣleti: 8,480,147

  • Gbeƒãɖelawo Ƒe Dzidziɖedzi Le Alafa Me Ðe Ƒe 2020 Tɔ Dzi: 0.7

  • Ame Siwo Xɔ Nyɔnyrɔ *: 171,393

  • Mɔɖelawo * Le Mama Dedie Nu Ɣleti Sia Ɣleti: 1,350,138

  • Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo Le Mama Dedie Nu Ɣleti Sia Ɣleti: 398,504

  • Gaƒoƒo Siwo Katã Míezã Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me: 1,423,039,931

  • Biblia Nusɔsrɔ̃wo * Le Mama Dedie Nu Ɣleti Sia Ɣleti: 5,908,167

Le ƒe 2021 subɔsubɔƒea me la, * Yehowa Ðasefowo zã Amerika dɔlar miliɔn 229 tsɔ kpɔ mɔɖela veviwo, dutanyanyuigblɔlawo kple nutome sue dzikpɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le nya nyui gbɔgblɔ dɔ siwo wode asi na wo la me. Le xexea me godoo la, subɔla ɖeadzɔgbe 20,595 ye le dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒeawo. Wo katã wole Yehowa Ðasefowo Ƒe Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔ Tɔxɛ Wɔla Siwo Le Xexea Me Godoo la dome.

^ Gbeƒãɖela ye nye ame si ɖea gbeƒã alo fiaa Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia amewo edziedzi. (Mateo 24:14) Be nàkpɔ ale si míewɔna nyaa ame siwo ɖea gbeƒã edziedzi ƒe xexlẽme la, yi jw.org eye nàxlẽ nyati si nye “Yehowa Ðasefo Nenie Le Xexea Me Godoo?

^ Ne èdi nyatakaka geɖe tso afɔ siwo wòle be ame naɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ŋu la, kpɔ nyati si nye “Aleke Mawɔ Azu Yehowa Ðasefo?” si le jw.org.

^ Mɔɖela ye nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ si nye kpɔɖeŋu nyui ɖola, si tsɔ eɖokui na faa be yeazã gaƒoƒo agbɔsɔsɔme aɖe koŋ atsɔ aɖe gbeƒã nya nyuia ɣleti sia ɣleti.

^ Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le jw.org ƒe nyati si ƒe tanyae nye “Aleke Biblia Nusɔsrɔ̃ Si Yehowa Ðasefowo Wɔna Kple Amewo La Le?” la me.

^ Ƒe 2021 subɔsubɔƒea dze egɔme tso September 1, 2020, va se ɖe August 31, 2021.