Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 6

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Dzea Mawu Ŋua?

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Dzea Mawu Ŋua?

1. Subɔsubɔ ƒomevi eve kawo koe Mawu ƒe Nya la gblɔ be woli?

 YESU gblɔ be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Mawu ƒe Nya la fia be subɔsubɔ ƒomevi eve koe li: ɖeka nye nyateƒetɔ, ɖeka nye alakpatɔ; ɖeka nyo, ɖeka menyo o; ɖeka kplɔa ame yia agbe me, ɖeka kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me.

2. Aleke Ŋɔŋlɔawo fia be subɔsubɔwo katã medzea Mawu ŋu o?

2 Ame aɖewo bu be subɔsubɔhawo katã dzea Mawu ŋu. Biblia ƒe kpukpui siwo gbɔna fia be menye nyateƒee o:

  •   “Israel-viwo yi dzi wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo kple Astarot, Aramtɔwo ƒe mawuwo, Zidontɔwo ƒe mawuwo, Moabtɔwo ƒe mawuwo, Amon-viwo ƒe mawuwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo, ke wogblẽ Yehowa ɖi, eye womesubɔe o. Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:6, 7) Ne míesubɔa legbawo alo mawu bubuwo ke menye Mawu vavã la o la, Yehowa makpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o.

  •   “Dukɔ sia le [nye Mawu bum] kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Ke dzodzroe wole subɔyem, hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.” (Marko 7:6, 7) Ne amesiwo ƒua asi akɔ be yewole Mawu subɔm evɔ wofiaa woa ŋutɔwo ƒe nufiafiawo ɖe nusi Biblia gblɔ teƒe la, woƒe subɔsubɔ nye dzodzro. Medzea Mawu ŋu o.

  •   “Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Ele be míaƒe subɔsubɔ nawɔ ɖeka kple nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me.

Alakpasubɔsubɔ ƒe Kutsetsewo

3. Mɔ siwo dzi míato ade vovototo subɔsubɔ vavãtɔ kple alakpatɔ dome dometɔ ɖeka ɖe?

3 Aleke míawɔ anya ne subɔsubɔ aɖe dze Mawu ŋu loo alo medze eŋu o? Yesu gblɔ be: “Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo. . . Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe!” Efia ko be ne subɔsubɔha aɖe nye Mawu tɔ la, atse ku nyui; gake ne Satana tɔe la, atse ku gbegblẽ.—Mateo 7:15-20.

4. Nɔnɔme kae Yehowa subɔlawo ɖena fiana?

4 Nyateƒe subɔsubɔ wɔnɛ be emetɔwo nyea amesiwo dome lɔlɔ̃ le eye woɖea lɔlɔ̃ fiaa ame bubuwo. Nusitae nye be lɔlɔ̃ Mawue Yehowa ŋutɔ nye. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” Aleke subɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo le ne wotsɔ wo sɔ kple subɔsubɔ vavãtɔ ƒe dzidzenu sia?—Yohanes 13:35; Luka 10:27; Yohanes I, 4:8.

5. Nya kae numekugbalẽ aɖe gblɔ tso Afrika kluvisitsatsa la ŋu?

5 Bu kluvisitsatsa si yi edzi le Afrika ŋu kpɔ. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Afrikatɔ 18,000,000 kloe ye wodzra hekplɔ to Islāmtɔwo ƒe Sahara-mɔ kple India Ƒugã dzi ƒe kluvisitsatsa me le ƒe 650 kple 1905 domee. Tso ƒe alafa 15 lia ƒe domedome heyina la, Europatɔwo va te asitsatsa le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe ƒuta, eye va ɖo ƒe 1867 me la, Afrikatɔ 7,000,000 va ɖo 10,000,000 ye nye kluvi siwo wode meli yi Xexe Yeyea me.”

6. Aleke subɔsubɔhawo kpɔ gome le kluvisitsatsa la mee?

6 Akpa kae subɔsubɔhawo wɔ le Afrika ƒe xaxaɣi sia me esime wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo dzoe le woƒe aƒewo me kple ƒomewo gbɔ, hede kɔsɔkɔsɔ wo, hetsɔ ga dzodzo de dzesi woe, eye woƒle wo dzra abe nyi ene? Bethwell Ogot ŋlɔ ɖe Nairobi, Kenya, ƒe Daily Nation me be: “Kristotɔwo kple Islamtɔwo siaa fiaa nu tso ameƒomea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu le woƒe mawunyafiafia me, gake subɔsubɔha evea siaa ɖo kluvisitsatsa habɔbɔ siwo me nazãbubu ɖe ameƒomevi bubuwo ŋu xɔ aƒe ɖo. . . . Ele be míalɔ̃ ɖe agɔ si Moslemtɔwo kple Kristotɔwo, Ɣetoɖoƒetɔwo kple Titina Ɣedzeƒetɔwo dze la dzi, kpakple ɖe nuŋumabumabu si na Afrikatɔ geɖe kpe fu manyagblɔwo ƒe alafa geɖe la dzi.”

Mawusubɔsubɔ Kple Aʋawɔwɔ

7. Akpa kae subɔsubɔhakplɔlawo wɔ le aʋawɔwɔ me?

7 Alakpasubɔsubɔ tse eƒe ku gbegblẽawo le mɔ bubuwo hã nu. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Biblia gblɔ be “lɔ̃ hawòvi” hã la, subɔsubɔhakplɔla siwo le xexeame godoo tsɔ dzonɔameme kpe asi ɖe aʋawɔwɔ ŋu hede edzi.—Mateo 22:39.

Alakpasubɔsubɔhawo kpɔ gome le aʋawɔwɔwo kple kluvisitsatsa me

8. (a) Aleke subɔsubɔhakplɔlawo de amewuwu ƒe dzi ƒo le Afrika-ʋawo mee? (b) Nukae osɔfo aɖe gblɔ le subɔsubɔhakplɔlawo ŋu le Nigeria ƒe dukɔmeviʋa la wɔɣi?

8 Ele nyanya nyuie be le ƒe 1994 me la, nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo kple nunɔla aɖewo kpɔ gome le amewo wuwu me le Rwanda. Subɔsubɔhawo wɔ akpa gã aɖewo le Afrika-ʋa bubuwo hã me. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔmeviʋa si me wokɔ ʋu gbogbo aɖe ɖi le le Nigeria la, subɔsubɔha siwo nɔ akpa eveawo dzi de dzi ƒo na amewo be woawɔ aʋa. Esime aʋaa nɔ edzi yim wòte amewo ŋu la, osɔfo aɖe gblɔ be sɔlemeha ŋgɔnɔlawo “gblẽ dɔ si Mawu de wo si la ɖi.” Egagblɔ be: “Mí amesiwo yɔa mía ɖokui be Mawu ƒe amedɔdɔwo la míeva zu Satana ƒe dɔlawo.”

9. Nya kae Biblia gblɔ le Satana ƒe dɔlawo ŋu?

9 Nusia ke koe Biblia gblɔ: “Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla. Eyata ne eƒe dɔlawo trɔa wo ɖokui abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔlawo ene la, menye nu gã o.” (Korintotɔwo II, 11:14, 15) Abe alesi ame vɔ̃ɖi geɖe wɔa nu abe ke ame nyuiwoe wonye ene la, Satana hã flua amewo to dɔla siwo ɖi ame dzɔdzɔewo evɔ woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi eye woƒe kutsetsewo vlo la dzi.

10. Mɔ ka nue subɔsubɔhakplɔlawo gbe nu le Mawu gbɔ le?

10 Le xexeame godoo la, subɔsubɔhakplɔlawo gblɔa lɔlɔ̃, ŋutifafa, kple nunyuiwɔwɔ ŋu nya le woƒe mawunyagbɔgblɔ me, gake fuléle, aʋawɔwɔ, kple mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwoe wowɔna. Nya si Biblia gblɔ le wo ŋu la sɔ ŋutɔ. Egblɔ be: “Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ.”—Tito 1:16.

Mido Go le ‘Babilon Gã’ la Me

11. Aleke Biblia ɖɔ alakpasubɔsubɔe?

11 Míate ŋu akpɔ alesi Yehowa bua alakpasubɔsubɔe ne míexlẽ Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia. Woɖɔ alakpasubɔsubɔ le afima be enye kpɔɖeŋunyɔnu, si woyɔ be “Babilon gã.” (Nyaɖeɖefia 17:5) Se alesi Mawu ɖɔe ɖa:

  •   “Gbolo gã, si . . . kple anyigba dzi fiawo wɔ ahasi.” (Nyaɖeɖefia 17:1, 2) Le esi teƒe be alakpasubɔsubɔhawo nawɔ nuteƒe na Mawu la, woƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me, eye zi geɖe la, woawoe ɖoa nu na dziɖuɖuwo.

  •   “Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.” (Nyaɖeɖefia 18:24) Alakpasubɔsubɔhawo ti Mawu subɔla wɔnuteƒewo yome hewu wo eye woawo gbɔe wòtso be wowu ame miliɔn geɖe le aʋawɔwɔ me.

  •   ‘Edo eɖokui ɖe dzi heɖu agbe ŋumakpemakpee.’ (Nyaɖeɖefia 18:7) Kesinɔnu gbogbo aɖewo le alakpasubɔsubɔhawo si, eye woƒe kplɔlawo tsɔ wo ɖua agbee.

  •   “Woble dukɔwo katã to [eƒe] afakaka me.” (Nyaɖeɖefia 18:23) To alakpanya si alakpasubɔsubɔhawo fia be luʋɔ mekuna o dzi la, woʋu mɔ na gbɔgbɔyɔyɔ kple afakaka ƒomevi ɖesiaɖe eye wona vɔvɔ̃ na ame kukuwo kpakple tɔgbui kukuwo subɔsubɔ dzi ɖe edzi.

12. Nuxlɔ̃amenya kae Biblia gblɔ le alakpasubɔsubɔhawo ŋu?

12 Biblia gblɔ nuxlɔ̃amenya sẽŋu aɖe na amewo be woado le alakpasubɔsubɔ me, be: “Mi amesiwo katã nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.”—Nyaɖeɖefia 18:4, 5.

13. Nukae adzɔ ɖe alakpasubɔsubɔ kple amesiwo kpɔa gome le eme dzi?

13 Madidi kura o la, woatsrɔ̃ Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la keŋkeŋ. Biblia gblɔ be: “Le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ; elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.” (Nyaɖeɖefia 18:8) Ne míedi be míaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o la, ele be míatso kadodo ɖesiaɖe me kple alakpasubɔsubɔ, míagakpɔ gome aɖeke le nuwɔna, azãɖuɖu, kple dzixɔse siwo medzea Mawu ŋu o la me o. Ŋkubiãnyae. Míaƒe agbe ɖo afɔku me!—Korintotɔwo II, 6:14-18.