Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 1

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Fiaa Nyateƒe La?

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Fiaa Nyateƒe La?

1. Mawusubɔsubɔ ƒomevi siwo yia edzi le Afrika dometɔ aɖewo ɖe?

 AMESIAME kloe le Afrika lɔ̃ ɖe edzi be tadedeagu na Mawu le vevie. Gake woƒe susu mewɔ ɖeka le alesi woasubɔe ŋuti o. Wo dometɔ aɖewo dea ta agu le Moslemtɔwo ƒe gbedoxɔwo me, eye bubuwo yia trɔ̃ƒewo. Ame bubuwo hã dea sɔleme. Gake masɔ be míasusui be subɔsubɔha etɔ̃ koe le Afrika o. Sewo kple dzixɔsewo menye ɖeka le Moslem-hawo me o. Nuto ɖesiaɖe hã kple eƒe dekɔnu dzixɔsee. Ðekamawɔmawɔ si le sɔlemeha siwo be Kristotɔwoe yewonye dome kura wɔ moyaa wu. Le sɔlemeha gãwo megbe la, sɔlemeha siwo le wo ɖokui si akpe geɖe hã le Afrika katã.

Ele Be Míatu Míaƒe Subɔsubɔ ɖe Nyateƒe Dzi

2. (a) Zi geɖe la, nuka gbɔe wòtsona amewo nɔa subɔsubɔha aɖe me? (b) Nuka dzie mele be míanɔ te ɖo agblɔ be míaƒe subɔsubɔha dze Mawu ŋu o?

2 Nukatae amewo ɖo ha si me wole la me? Ame akpa gãtɔ xɔ wo dzilawo ƒe subɔsubɔ. Nya siwo dzɔ gbaɖegbe ʋĩ va yi hã naa amewo subɔna le mɔ aɖewo nu egbea. Agbalẽ si nye The Africans—A Triple Heritage gblɔ be: “Aʋawɔwɔ dzie Islam to kaka ɖe Sahara ƒe dziehe, . . . mɔ ma ke dzie Kristotɔnyenye hã to kaka ɖe Sahara ƒe anyiehe. Esi Islam to yi tsɔtsɔ do ŋɔdzi na amewo dzi kaka ɖe Sahara ƒe dziehe la, Kristotɔnyenye hã to tu tsɔtsɔ do ŋɔdzi na amewo dzi kaka ɖe Sahara ƒe anyiehe.” Ke hã mía dometɔ akpa gãtɔ míexɔe se be míaƒe subɔsubɔha dze Mawu ŋu. Gake menye esi mía dzilawo le ha aɖe me alo esi dutadukɔ aɖe va zii ɖe mía tɔgbuiwo dzi tae wòfia be eyae nye vavãtɔ o.

3-5. Kpɔɖeŋu kae kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be menye subɔsubɔhawo katãe fiaa nyateƒea o?

3 Togbɔ be subɔsubɔha ɖesiaɖe gblɔna be yele mɔfiame adodoea nam tso Mawu subɔsubɔ ŋu hã la, woƒe nukpɔsusuwo le vovovo. Wofiaa nu vovovo tso amesi Mawu nye kple nusi wòdina tso mía si ŋuti. Bu nya sia ŋu kpɔ: Tsɔe be yekpɔ dɔ le dɔwɔƒe gã aɖe. Ŋkeke gbãtɔ si nèyi dɔa me la, èse be amegã la yi mɔkeke. Eyata èbia gbe dɔwɔlaawo dometɔ etɔ̃ be yeanya dɔ si yeawɔ. Dɔwɔla gbãtɔ gblɔ na wò be dɔtɔa be nàkplɔ nu. Evelia gblɔ na wò be nàsi aŋɔ na xɔa. Etɔ̃lia gblɔ na wò be nàma lɛta na amewo.

4 Emegbe èbia dɔwɔlaawo be yeanya amesi ƒomevi dɔtɔa nye. Dɔwɔla gbãtɔ gblɔ be dɔtɔa nye ɖekakpui kɔkɔ aɖe si ƒe nya me sẽ. Evelia gblɔ be enye ame tsitsi ɖagbi aɖe si ƒe dɔme nyo. Etɔ̃lia gblɔ na wò be menye ŋutsue dɔtɔa nye kura o—ebe nyɔnue dɔtɔa nye. Anɔ eme be àƒo nya ta be menye dɔwɔla etɔ̃awo katãe le nyateƒe tom o. Ne èdi be yeƒe dɔ yeye si yekpɔ negage le ye si o la, ɖewohĩ àku nu me be yeanya amesi ƒomevi tututu dɔtɔa nye kple nusi wòdi be yeawɔ.

5 Nenema ke wòle le mawusubɔsubɔ hã gome. Esi wònye nya siwo wogblɔna tso Mawu kple nusiwo dim wòle tso mía si ŋuti sɔ gbɔ taŋtaŋ ta la, ehiã be míaka ɖe edzi be mɔ si nu míedea ta agu le wɔ ɖeka kple nyateƒea. Gake aleke míawɔ anya nusi nye nyateƒea tso Mawu ŋu?