Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 4

Afikae Mía Tɔgbui Kukuwo Le?

Afikae Mía Tɔgbui Kukuwo Le?

1, 2. Nukawo dzie ame geɖe xɔ se tso ame kukuwo ŋu?

 AME miliɔn geɖe xɔe se le Afrika be ku menye agbe ƒe nuwuwu o, ke enye nɔƒe ɖɔliɖɔli ko, wobe enye agbe dzi yiyi le nuto bubu me. Ame geɖe bui be ɖeko yewo tɔgbui kukuwo ʋuna tso xexe si míekpɔna kple ŋku me yia esi ŋku mekpɔna o me, tso amegbetɔwo ƒe xexeme yia gbɔgbɔwo ƒe xexeme.

2 Woxɔe se be tɔgbui siawo, alo tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔwo, kpɔa woƒe ƒometɔ siwo le anyigba dzi ƒe agbe ta eye wokpɔa egbɔ be nu nadze edzi na wo. Le nukpɔsusu sia nu la, tɔgbuiawo ƒe gbɔgbɔwo nye xɔlɔ̃ sẽŋu siwo te ŋu nana woŋea agblemenu sɔa gbɔ, wote ŋu naa eme nyona na ame, eye wokpɔa ame ta tso afɔku me. Ne wogblẽ wo ɖi, alo wodze agɔ le wo dzi la, wogblɔ be wohea dzɔgbevɔ̃e vanɛ—ete ŋu nyea dɔléle, ahedada, kple afɔku.

3. Aleke ame aɖewo subɔa wo tɔgbui kukuwoe?

3 Agbagbeawo tsɔa nuwɔna kple kɔnu aɖewo dea bubu tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔ ŋu kple susu be ƒomedodo nyui nakpɔtɔ anɔ yewo kple wo dome. Wowɔa wɔna siawo vevietɔ le kunu kple ameɖiɖi kɔnuwo abe ŋudɔdɔ kple amea ƒe ŋutinu aɖewo gbugbɔgaɖi si woyɔna be luʋɔdodo ene me. Wosubɔa tɔgbui kukuwo le mɔ bubuwo hã nu. Le kpɔɖeŋu me, hafi ame aɖewo ano aha la, woƒoa sue aɖe ɖe anyi na tɔgbuiwo. Eye ne woɖa nu la, wogblẽa nua ɖe ɖe zea me be ne tɔgbuiawo va la, woakpɔ nane aɖu.

4. Nuka dzie ame geɖe xɔ se le luʋɔ ŋu?

4 Ame bubuwo xɔe se be luʋɔ makumaku le agbagbeawo me si yia agbenɔnɔ dzi ne ŋutilã la ku. Ne amea nɔ agbe nyui la, wobe eƒe luʋɔ yia dziƒo, alo paradiso me, gake ne amea nɔ agbe baɖa la, wobui be eƒe luʋɔ tsia dzomavɔ me. Zi geɖe la, amewo tsɔa nukpɔsusu siawo tsakana kple dekɔnu dzixɔsewo. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi wogblɔna kpena ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ me kugbeƒãɖeɖewo ŋu be amea “yi nugbe” alo “eyi tɔgbuiwo gbɔ.” Nukpɔsusu si dzi wotu nuwɔna siawo katã ɖo ye nye be luʋɔ, alo gbɔgbɔ la, yia agbenɔnɔ dzi ne ŋutilã la ku. Nukae Biblia gblɔ le nya sia ŋu?

Luʋɔ Kple Gbɔgbɔ

5, 6. Nukae Biblia gblɔ be luʋɔ la nye?

5 Biblia ɖee fia be luʋɔ menye nane si le ame me o; luʋɔ lae nye amea ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu wɔ Adam la, “ame la zu luʋɔ gbagbe.” (Mose I, 2:7) Menye ɖe wona luʋɔ Adam o; eya ame blibo lae nye luʋɔ la.

6 Eyatae míexlẽnɛ be wodzi luʋɔwo. (Mose I, 46:18, NW) Wote ŋu ɖua nu hetsia nu dɔna. (Mose III, 7:20, NW; Psalmo 35:13) Wofaa avi eye nu tea wo ŋu. (Yeremya 13:17; Yona 2:8) Wote ŋu léa luʋɔwo sesẽe, wokplɔa wo ɖo, eye wodea wo kunyowu me. (Mose V, 24:7, NW; Psalmo 7:6, NW; 105:18, NW) Le Biblia aɖewo me la, “luʋɔ” ye wozã le kpukpui siawo me ɖe nya si wozã le gbegbɔgblɔ si wotsɔ ŋlɔ Bibliae me teƒe eye Biblia bubuwo zã nya siwo nye “nuwɔwɔ,” alo “ame.” Gɔmesese ɖekae le wo katã si.

7. Biblia me mawunyakpukpui kawoe fia be luʋɔ te ŋu kuna?

7 Esi luʋɔ lae nye amea ta la, ne amea ku la, ke luʋɔa ye ku. Xezekiel 18:4 gblɔ be: “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” Eye Dɔwɔwɔwo 3:23 gblɔ hã be: “Luʋɔ sia luʋɔ [alo amesiame], si maɖo to nyagblɔɖila ma o la, woatsrɔ̃e keŋ tso dukɔ la dome.” Eyata menye nane si yia agbenɔnɔ dzi ne ŋutilã la ku ye luʋɔ la nye o.

8. Nukae nye gbɔgbɔ si le amegbetɔwo me?

8 Menye nu ɖekae gbɔgbɔ kple luʋɔ nye o. Le amegbetɔwo me la, gbɔgbɔ ye nye agbeŋusẽ si na wote ŋu wɔa agbemedɔwo. Gbɔgbɔ la le abe elektrikŋusẽ ene. Elektrikŋusẽ ate ŋu ana yagbɔmɔ̃ alo nufamɔ̃ nawɔ dɔ gake eya ŋutɔ mate ŋu agbɔ ya la alo ana nu nafa le eɖokui si o. Nenema ke míaƒe gbɔgbɔ te ŋu naa míekpɔa nu, sea nu, bua tame. Gake gbɔgbɔ la ŋutɔ mate ŋu awɔ nusiawo dometɔ aɖeke le eɖokui si ŋku, to, alo ahɔhɔ̃ manɔmee o. Susu sia tae Biblia gblɔ le amegbetɔ ŋu be: “Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:4.

9. Nukae luʋɔ kple gbɔgbɔ mate ŋu awɔ o?

9 Eyata le nya si Biblia gblɔ nu la, luʋɔ la loo alo gbɔgbɔ medoa go le ametia me ne ŋutilãa ku ale be wòyia agbenɔnɔ dzi le gbɔgbɔmenutome o.

Nɔnɔme si me Ame Kukuwo Le

10. Nukae Biblia gblɔ le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu?

10 Ekema nɔnɔme ka mee ame kukuwo le? Esi Yehowae nye amesi wɔ amegbetɔwo ta la, enya nusi dzɔna ɖe mía dzi ne míeku hã. Eƒe Nya la fia be agbe mele ame kukuwo me o, womesea nu, kpɔa nu, ƒoa nu, alo bua naneke ŋu o. Biblia gblɔ be:

  •   “Kukuawo menya naneke o.”—Nyagblɔla 9:5.

  •   “Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke.”—Nyagblɔla 9:6.

  •   “Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele [yɔdo me], afisi yi ge nala o.”—Nyagblɔla 9:10.

11. Esi Adam wɔ nuvɔ̃ la, nya kae Yehowa gblɔ nɛ?

11 Bu nusi Biblia gblɔ tso mía tɔgbui gbãtɔ, Adam, ŋu kpɔ. Yehowa “tsɔ anyi mè” Adam. (Mose I, 2:7) Ne ɖe Adam wɔ Yehowa ƒe se dzi la, anye ne anɔ agbe le dzidzɔ me le anyigba dzi tegbee. Gake Adam gbe Yehowa ƒe se dzi wɔwɔ, eye eƒe tohehee nye ku. Afikae Adam yi esi wòku? Mawu gblɔ nɛ be: “[Àgatrɔ] azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!”—Mose I, 3:19.

12. Nukae dzɔ ɖe Adam dzi esi wòku?

12 Afikae Adam nɔ hafi Yehowa tsɔ anyi mèe? Menɔ afi aɖeke o. Menɔ anyi o. Eyata esi Yehowa gblɔ be Adam ‘agatrɔ azu anyi’ la, Efia be agbe maganɔ Adam me o, abe anyi ene. Adam meyi agbenɔnɔ dzi le gbɔgbɔmenutome o. ‘Meyi nugbe’ le tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔwo nɔƒe o. Meyi dziƒo alo dzomavɔ me o. Egatrɔ yi agbemanɔmanɔ me; megale agbe o.

13. Nukae dzɔna ɖe amegbetɔwo kple lãwo siaa dzi ne woku?

13 Nu ma kee dzɔna ɖe amegbetɔwo katã dzia? Ẽ, eyae dzɔna ɖe wo dzi. Biblia ɖe nu me be: “[Amegbetɔwo kple lãwo siaa yia] teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.”—Nyagblɔla 3:19, 20.

14. Mɔkpɔkpɔ kae li na ame kukuwo?

14 Biblia do ŋugbe be Mawu afɔ ame kukuwo woagava nɔ agbe le paradisonyigba dzi. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Gake ɣeyiɣi ma meɖo haɖe o. Fifia ya wole alɔ̃ dɔm le ku me gbɔ. (Yohanes 11:11-14) Mele be míavɔ̃ wo alo ade ta agu na wo o, elabena womate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo awɔ nuvevi mí o.

15, 16. Aleke Satana wɔna be amewo naxɔe ase be menye ɖe ame kukuwo ku ŋutɔŋutɔ o?

15 Nufiafia si nye be míekuna ŋutɔŋutɔ o la nye alakpanya si Satana Abosam kaka ɖi. Be wòana amewo naxɔ alakpanya sia dzi ase la, wo kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba be yewoana amewo nasusu be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ gbɔe dɔléle kple kuxi bubuwo tsona. Ele eme baa be gbɔgbɔ vɔ̃awo ŋutɔwo gbɔe xaxa aɖewo tsona ya. Enye nyateƒe hã be fukpekpe aɖewo metso gbɔgbɔwo gbɔ o. Gake menye nyateƒe be amesiwo le alɔ̃ dɔm le ku me ate ŋu awɔ nuvevi mí o.

16 Mɔ bubu aɖe hã li si dzi gbɔgbɔ vɔ̃wo tona be yewoana amewo nasusu be nusi Biblia gblɔ tso ku ŋu mele eteƒe o. Woflua amewo wosusuna be yewokpɔ ame kukuwo alo be yewoƒo nu kpli wo. Gbɔgbɔ vɔ̃awo wɔa nusia to ŋutega, drɔ̃ewo, kple gbɔgbɔyɔlawo dzi, alo to mɔ bubuwo nu. Gake menye ame kukuawo ŋutɔŋutɔwoe amesiawo wɔa nu kplii o ke boŋ gbɔgbɔ vɔ̃ siwo wɔa nu abe woawoe nye ame kukuawo ene ye wowɔa nu kplii. Susu ma tae Yehowa tsri gbɔgbɔyɔlawo kple amesiwo biaa nu ame kukuwo ɖikaɖika na mí ɖo.—Mose V, 18:10-12; Zaxarya 10:2.