Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 2

Aleke Nàwɔ Anya Nyateƒe si Ku Ðe Mawu Ŋu?

Aleke Nàwɔ Anya Nyateƒe si Ku Ðe Mawu Ŋu?

1, 2. Kpɔɖeŋu kae fia alesi wòahiãe be woazã dzidzenu atsɔ akpɔ subɔsubɔnyawo gbɔe?

 ALEKE míawɔ anya Mawu? Ðe wòahiã be míadzro subɔsubɔha gbogbo siwo li ƒe nufiafiawo mea? Manya wɔ nenema o. Ne ɖe míate ŋui gɔ̃ hã la, aleke míawɔ anya nufiafia si nye nyateƒea?

2 Ðikeke mele eme o be le alesi nukpɔsusuawo le vovovoe tso Mawu ŋu ta la, míehiã mɔ si dzi míato anya esi nye nyateƒea, wòanye dzidzenu si dzi amesiame ada asi ɖo. Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be nyaʋiʋli do mo ɖa le asime ku ɖe avɔ ƒe didime ŋu. Edzrala be avɔa ƒe didime nye meta etɔ̃, gake eƒlela ƒe susue nye be mede nenema o. Aleke woakpɔ nya sia gbɔe? Dzidzeti ko woatsɔ ɖe avɔa ŋu.

3. Susu ka tae woŋlɔ Biblia ɖo?

3 Ðe dzidzeti, alo dzidzenu, li woatsɔ akpɔ subɔsubɔnyawo gbɔa? Ẽ, eli eye eyae nye Biblia. Mawu na woŋlɔ Biblia kple susu be amewo nate ŋu anya nusi nye nyateƒea le ye ŋu le afisiafi. Wota ɖekaɖeka biliɔn geɖe. Woɖe agbalẽ bliboa alo eƒe akpa aɖe ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,100 me. Amesiame kloe ate ŋu axlẽ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu le wo degbe me.

4. Nya kawoe le Biblia me?

4 Biblia nye nunana xɔasi aɖe tso Mawu gbɔ. Eɖe nu geɖe siwo anye ne míate ŋu anya akpɔ gbeɖe o me. Eƒo nu tso amesiwo le gbɔgbɔmenutome ŋu. Eɖe Mawu ƒe nukpɔsusu, eƒe amenyenye, kple eƒe tameɖoɖo fia. Egblɔ alesi wòwɔ nu ɖe amewo ŋui ƒe akpe geɖe enye si va yi ŋu nya. Egblɔ nusiwo ava dzɔ le etsɔme. Eye efia alesi míawɔ ake ɖe agbe mavɔ mɔ la ŋu.

Nusitae Nàte Ŋu Axɔ Biblia Dzi Ase

5. Kpɔɖeŋu kae fia be Biblia wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya?

5 Susu geɖe li siwo ta míate ŋu axɔ Biblia dzi ase be nyateƒee, Mawu ƒe Nyae wònye. Susuawo dometɔ ɖekae nye be Biblia wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya. Le blema la, amewo susui le xexeame godoo be nane dzie woli anyigba ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le Ɣetoɖoƒe Afrika la, amewo xɔe se ɣeaɖeɣi be da gã aɖe si xatsa dzie anyigba la le, ale be da la ƒe xatsaxatsa agbaka 3,500 le anyigba la tame eye xatsaxatsa 3,500 le tome. Ke hã le ɖekawɔwɔ me kple dzɔdzɔmeŋutinunya la, Biblia-ŋlɔla aɖe ŋlɔe ƒe 3,500 kple edzivɔe nye si va yi be Mawu “meku anyigba ɖe naneke ŋu o.”—Hiob 26:7.

6. Kpeɖodzi kae nye gãtɔ kekeake si fia be Mawu gbɔe Biblia tso?

6 Kpeɖodzi gãtɔ kekeake si fia be Biblia tso Mawu gbɔ nyateƒee nye ɖaseɖiɖi deblibo si li be ete ŋu gblɔa etsɔme ɖi. To vovo na amegbetɔ siwo nye vivimenukpɔlawo la, Mawu nya etsɔme pɛpɛpɛ; nusianu si wògblɔ la vaa eme ɣesiaɣi.

7. Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo va eme va yi dometɔ aɖewo ɖe?

7 Biblia ƒe nyagblɔɖi alafa geɖe va eme le blema. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔe ɖi pɛpɛpɛ ƒe 700 do ŋgɔ be woava dzi Yesu le du si nye Betlexem me, eye nenema wòdzɔe hã. (Mixa 5:1; Mateo 2:3-9) Tsɔ kpe ɖe Yesu ŋu nyagblɔɖi bubu geɖe siwo Biblia gblɔ ɖi ŋuti la, egblɔe ɖi hã be ɖetugbi nɔaƒee adzii eye be woava dee asi emegbe axɔ klosalo 30. Nyagblɔɖi siawo hã va eme. Ðikeke mele eme o be amegbetɔ aɖeke mate ŋu agblɔ nya mawo ɖi o!—Yesaya 7:14; Zaxarya 11:12, 13; Mateo 1:22, 23; 27:3-5.

8. Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo le eme vam egbea dometɔ aɖewo ɖe, eye nuka dzie woɖo kpee?

8 Biblia ƒe nyagblɔɖi geɖe le eme vam le míaƒe ɣeyiɣia me. Wo dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

  •   “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti [le aʋawɔwɔ me], eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.”—Luka 21:10, 11.

  •   ‘Numadzɔmadzɔwɔwɔ adzi ɖe edzi.’—Mateo 24:12.

  •   “Le ŋkeke mamlɛawo me la . . . ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame maɖoto dzilawo, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, . . . amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.”—Timoteo II, 3:1-5.

Ðe mèkpɔe be nusiawo le dzɔdzɔm fifia oa? Alesi Biblia ƒe nyagblɔɖiwo nye nyateƒe eye wovaa eme pɛpɛpɛ la fia be menye agbalẽ dzro koe Biblia nye o. Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee wònye!—Timoteo II, 3:16.

Ðe Wotrɔ Biblia me Nyawoa?

9, 10. Nukae fia be Mawu meɖe mɔ amewo trɔ Biblia me nyawo o?

9 Tsɔe be mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe aɖe le asiwò eye nèklã sewo ɖi na wò dɔwɔlawo. Ne futɔ aɖe va trɔ nusiwo nèŋlɔ la, nukae nàwɔ? Ðe màɖɔ nusiwo wotrɔ la ɖo oa? Nenema ke Mawu hã meɖea mɔ be amewo natrɔ nyateƒe si le eƒe Nya Biblia me o.

10 Amesiwo te kpɔ be yewoatrɔ nusiwo Mawu ƒe Nya fia la mekpɔ dzidzedze o. Ne míetsɔ Biblia si le mía si egbea sɔ kple blema Bibliawo la, wosɔ. Efia be wometrɔ Biblia me nyawo esi ƒeawo va nɔ yiyim o.