Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 7

Amekawo ƒe Subɔsubɔe Nye Vavãtɔ?

Amekawo ƒe Subɔsubɔe Nye Vavãtɔ?

1. Nukae wòle be míawɔ hafi adze Mawu ŋu?

 HAFI ƒomedodo si me vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ le nanɔ mía kple Mawu dome la, mele be míakpɔ gome aɖeke le alakpasubɔsubɔ me o. Ele be míanɔ subɔsubɔ vavãtɔ me. Ame miliɔn geɖe le nusia wɔm le xexeame godoo.

2. Afikae woate ŋu akpɔ Yehowa Ðasefowo le, eye dɔ kae wowɔna?

2 Abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene la, tadeagula vavãtɔwo nye “ameha gã” siwo “tso dukɔ sia dukɔ . . . kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe ƒe ŋku biã le anyigba 235 dzi wole kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe mɔwo kple nudidi siwo me lɔlɔ̃ le ŋu.

Sidzedze Tadeagula Vavãtɔwo

3. Amekae Ðasefowo dea ta agu na, eye tadedeagu ka ƒomeviwo mee womekpɔa gome le o?

3 Ðasefoawo lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ɖeɖekoe dze na tadedeagu. Wogbea tadede agu na legbawo alo nɔnɔmetata siwo amewo subɔna. (Yohanes I, 5:21) Womedɔa ŋu alo kpɔa gome le azã siwo dea alakpasubɔsubɔ dzixɔsewo kple “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia” dzi be yewotsɔ le bubu dem ame kukuwo ŋui me o. (Timoteo I, 4:1) Gake woɖea ŋugbe si Mawu do be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre va paradisonyigba dzi la me tsɔ faa akɔ na amesiwo ƒe ame ku.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

4. Nɔnɔme kae le Mawu ƒe amewo si ɖe dzosasa ŋu?

4 Ðasefowo mesaa dzo, kaa afa, wɔa akunya, alo adze o, elabena wonya be Abosam gbɔe nusiawo dzɔ tso. Womeɖoa ŋu ɖe dzoka ŋu be wòakpɔ yewo ta o—Yehowa ŋue woɖoa ŋu ɖo.—Lododowo 18:10.

5. Mɔ ka nue Yehowa Ðasefowo ‘menye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ le?

5 Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo ‘manye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 17:16) Yesu ŋutɔ hã gbe gomekpɔkpɔ le eŋɔli me dunyahehe me. (Yohanes 6:15) Nenema ke Ðasefowo hã mekpɔa gome aɖeke le xexe sia me ƒe dunyahehe, dukɔmevinyenye, kple ɖoƒeʋiʋli me o. Gake woxea woƒe adzɔwo eye wowɔna ɖe dukɔ si me wole ƒe sewo dzi.—Yohanes 15:19; Romatɔwo 13:1, 7.

6. Mɔfiame kawo dzie Mawu subɔlawo wɔna ɖo le srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe gome?

6 Esi Ðasefowo wɔna ɖe dziɖuɖu ƒe mɔfiafia dzi ta la, wokpɔa egbɔ be yewode yewoƒe srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me. (Tito 3:1) Wowɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi, eyata womeɖea srɔ̃ geɖe o. (Timoteo I, 3:2) Gakpe ɖe eŋu la, esi Mawu subɔlawo wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le woƒe agbenɔnɔ me ta la, ƒã hafi wogbea wo srɔ̃wo.

7. Aleke Ðasefowo ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewoe?

7 Ðasefowo lɔ̃ wo nɔewo. Lɔlɔ̃ sia, kpakple lɔlɔ̃ na Mawu, na wowɔ ɖeka le nɔviwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ me, togbɔ be wonye gbevovovodolawo kple dukɔ vovovo me tɔwo hã. Ne afɔku dzɔ alo hiã tu wo nɔviwo la, Ðasefoawo tsona kpla va kpena ɖe wo nɔewo ŋu. Lɔlɔ̃ dzena le alesi Ðasefowo nɔa agbee me.—Yohanes 13:35.

Yehowa Ðasefowo wɔ ɖeka le nɔviwo ƒe habɔbɔ me le xexeame katã

8. Nu gbegblẽ kawoe Mawu ƒe amewo mewɔna o?

8 Yehowa ƒe amewo dzea agbagba vevie be yewoaɖi anukware ahanɔ agbe dzɔdzɔe. Womefia fi, kaa aʋatso, nɔa agbe gbegblẽ, mua aha, alo ƒoa wo ɖokui ɖe asitsamɔnu fitifitiwo me o. Srɔ̃ŋutsuwo meƒoa wo srɔ̃wo o. Wo dometɔ aɖewo wɔa nusiawo tsã hafi va zu Ðasefowo, gake Yehowa kpe ɖe wo ŋu wodzudzɔ. “Wole tsi” na wo wo ŋu kɔ le Mawu ŋkume.—Korintotɔwo I, 6:9-11.

Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔlawo

9. Nya kae agbalẽ aɖe gblɔ tso Afrika gbɔgbɔhawo ŋu?

9 Nyateƒe wònye be subɔsubɔha geɖe gblɔna be yewoe fiaa nyateƒea. Wote ŋu tɔa asi nu gã siwo wowɔ dzi tsɔ ɖoa kpe woƒe nyagbɔgblɔwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ aɖe gblɔ le subɔsubɔha siwo woyɔna be gbɔgbɔhawo ŋu le Afrika be: “[Kristo-ha yeyewo] va xɔ dɔ si nuwɔla alo bokɔwo wɔna ƒe akpa gãtɔ le wɔwɔm. . . . Wobe yewokpɔa nu eye wowɔa nukunuwo. Woƒe nyagblɔɖilawo kpɔa ŋutegawo heɖea drɔ̃ewo gɔme. Wozãa tsi kɔkɔe, ami kɔkɔe, dzofi, bosomikaɖiwo kple lifi tsɔ daa dɔ gatsɔ xea mɔ na dɔlélewo.”

10, 11. Nukatae nukunu siwo amewo be yewowɔna egbea mefia be woƒe subɔsubɔha tso Mawu gbɔ o?

10 Subɔsubɔha siawo me tɔwo gblɔna be nukunuawo ɖo kpe edzi be Mawu da asi ɖe yewoƒe subɔsubɔ dzi. Gake nukunu siwo wobe wowɔna le subɔsubɔha aɖe me meɖo kpe edzi be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Satana naa ŋusẽ alakpatadeagula aɖewo wowɔa ‘ŋusẽdɔwo.’ (Tesalonikatɔwo II, 2:9) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔe ɖi be ‘woaɖe’ nukununana siwo tso Mawu gbɔ, abe nyagbɔgblɔɖi, aɖeyeyegbɔgblɔ, kple nunya tɔxɛ ene ‘ɖa.’—Korintotɔwo I, 13:8.

11 Yesu xlɔ̃ nu be: “Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míenyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!”—Mateo 7:21-23.

12. Amekawoe ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒea me?

12 Ke amekawoe ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒea me? Amesiwo wɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ye.

Mawu Fiaɖuƒea ƒe Gbeƒãɖelawo

13. Dɔ kae Mawu de asi na eƒe amewo be woawɔ egbea, eye amekawoe le ewɔm?

13 Nukae Mawu di be yeƒe amewo nanɔ wɔwɔm egbea? Yesu gblɔe be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) Dɔ sia wɔm Yehowa Ðasefowo le kple dzonɔameme.

14. Nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea, eye amekawoe aɖu fia le Fiaɖuƒea me?

14 Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒea “le xexe blibo la katã me” be enye dziƒo dziɖuɖu si aɖu anyigba bliboa dzi le dzɔdzɔenyenye me. Wofiaa nu be Yehowa tsɔ Kristo Yesu ɖo Fiaɖuƒea ƒe Fiae, eye hatidziɖula 144,000 siwo wotia tso ameƒomea dome hã akpe ɖe eŋu.—Daniel 7:14, 18; Nyaɖeɖefia 14:1, 4.

15. Nukawoe Fiaɖuƒea atsrɔ̃?

15 Ðasefowo zãa Biblia tsɔ fiaa nu amewo be Mawu ƒe Fiaɖuƒea atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi bliboa katã. Alakpasubɔsubɔhawo kple woƒe nufiafia siwo medea bubu Mawu ŋu o gake wokɔa Abosam ya ŋu nu ayi! (Nyaɖeɖefia 18:8) Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu siwo katã tsia tre ɖe Mawu ŋu hã nu ayi!—Daniel 2:44.

16. Amekawoe anye Kristo Yesu teviwo, eye afikae woanɔ?

16 Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa Ðasefowo naa amewo nyana be Kristo Yesu ayra amesiwo katã wɔa nusi Mawu di geɖe ŋutɔ. Woawoe anye eteviwo le anyigba dzi. Biblia do ŋugbe be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.”—Psalmo 72:12, 13.

17. Amekawo koe le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea?

17 Ameha bubu aɖeke megali si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu to gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nyanyuia me o. Yehowa Ðasefowo koe le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea le anyigba bliboa katã dzi.