Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 8

Do le Alakpasubɔsubɔ me Nàge Ðe Subɔsubɔ Vavãtɔ Me

Do le Alakpasubɔsubɔ me Nàge Ðe Subɔsubɔ Vavãtɔ Me

1. Tiatia kae dze ŋgɔ amewo egbea le subɔsubɔ gome?

 YESU gblɔ be: “Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye.” (Mateo 12:30) Ne míele Yehowa ƒe akpa dzi o la, ke Satana ƒe akpa dzie míele. Ame akpa gãtɔ susunɛ be yewole Mawu subɔm alesi dze eŋu, gake Biblia gblɔ be Satana le ‘xexeame katã blem.’ (Nyaɖeɖefia 12:9) Ame miliɔn geɖe xɔe se be Mawu subɔm yewole, gake Satana Abosam boŋ subɔm wole! Tiatia aɖe dze ŋgɔ amewo egbea: Woasubɔ Yehowa, ‘Mawu nyateƒetɔ’ la loo, alo woasubɔ Satana, “aʋatsokafofo” la.—Psalmo 31:6; Yohanes 8:44.

Do Go le Alakpasubɔsubɔ Me

2. Mɔ siwo dzi Satana tona be yeaxe mɔ na amewo be woagasubɔ Yehowa o dometɔ ɖeka ɖe?

2 Nyametsotso si nàwɔ be yeasubɔ Yehowa nye esi me nunya le, eyae nye tiatia si ana wò nu nadze Mawu ŋu. Gake Satana mekpɔa dzidzɔ ɖe amesiame si subɔa Mawu ŋu o; eɖea fu na amesiwo subɔa Mawu. Mɔ siwo dzi wòwɔnɛ to dometɔ ɖekae nye be wòana amewo naɖu fewu le ŋuwò alo woatsi tre ɖe ŋuwò, woate ŋu anye xɔ̃wòwo kple ƒowòmetɔwo gɔ̃ hã. Yesu xlɔ̃ nu be: “Ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.”—Mateo 10:36.

3. Ne wò ƒometɔwo alo xɔ̃wòwo tsi tre ɖe wò Mawu subɔsubɔ ŋu la, nukae nàwɔ?

3 Ne nu ma dzɔ ɖe dziwò la, aleke nàwɔ? Ame geɖe nya be yewoƒe subɔsubɔ menyo o, gake womedina be yewoado le eme o. Wobuna be dodo le eme anye nuteƒemawɔmawɔ na yewoƒe ƒometɔwo. Ðe susu le eme nenema? Ne èse be wò ƒometɔ kpamkpamwo le atike vɔ̃ɖiwo zãm la, ɖe màxlɔ̃ nu wo be atike vɔ̃ɖiawo agblẽ nu le wo ŋu oa? Màno atike vɔ̃ɖiawo ɖe wo ti o ɖe, alo?

4. Nya kae Yosua gblɔ na Israel-viwo tso mawusubɔsubɔ ŋu le eŋɔli?

4 Yosua de dzi ƒo na Israel-viwo be woaɖe asi le wo tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔ nuwɔna kple kɔnyinyi gbegblẽwo ŋu. Egblɔ be: “Mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe blibo le nyateƒe me, miɖe mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo kple Egipte la ɖa, eye misubɔ Yehowa!” (Yosua 24:14) Yosua wɔ nuteƒe na Mawu, eye Yehowa yrae. Ne míawo hã míewɔ nuteƒe na Yehowa la, ayra mí.—Samuel II, 22:26.

Tsɔ Nusiwo Nèzãna le Alakpasubɔsubɔ me Ƒu Gbe

5. Nukatae wòle be míatsɔ dzo nuwo aƒu gbe?

5 Gododo le alakpasubɔsubɔ me fia hã be míagblẽ dzo nu siwo katã le mía si dome keŋkeŋ, siwo ƒe ɖewoe nye atiblɛwo, tilawo, dzosigɛwo kple bokɛwo, kple nusiawo tɔgbe. Esia le vevie elabena efia be Yehowa ŋu koe míeɖo ŋu ɖo bliboe.

6. Nukae Kristotɔ gbãtɔwo wɔ kple woƒe afakagbalẽwo?

6 Bu nusi Kristotɔ gbãtɔ aɖewo wɔ esime woɖoe be yewoasubɔ le mɔ vavãtɔ nu ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: “Ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye wotɔ dzo wo le wo katã ƒe ŋku me.”—Dɔwɔwɔwo 19:19.

7. Nukae míate ŋu awɔ ne gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖea fu na mí?

7 Gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu aɖe fu na ame aɖewo siwo va dze Yehowa subɔsubɔ gɔme evɔ tsã wokpɔ gome le adzewɔwɔ, afakaka, alo dzosasa me tẽ. Ne wòdzɔ ɖe dziwò alea la, yɔ Yehowa sesĩe le gbedodoɖa me, yɔ eƒe ŋkɔ. Akpe ɖe ŋuwò.—Lododowo 18:10; Yakobo 4:7.

8. Aleke Kristotɔwo bua legbawo, nɔnɔmewɔwɔwo, kple nɔnɔmetata siwo wozãna le alakpasubɔsubɔ mee?

8 Mele be legba, nɔnɔmewɔwɔ, alo nɔnɔmetata siwo wozãna le alakpasubɔsubɔ me ƒe ɖeke nakpɔtɔ anɔ amesiwo di be yewoasubɔ Yehowa si loo alo be woaganɔ wo zãm o. Kristotɔ vavãwo ‘zɔna le xɔse me, menye le nukpɔkpɔ me o.’ (Korintotɔwo II, 5:7) Wodea bubu Mawu ƒe se si tsri nɔnɔmewɔwɔwo zazã le tadedeagu me ŋu.—Mose II, 20:4, 5.

De Ha Kple Yehowa ƒe Amewo

9. Aɖaŋu kae Biblia ɖo le alesi míawɔ azu nunyala ŋu?

9 Biblia gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.” (Lododowo 13:20) Ne míedi be míadze nunya la, ke ehiã be míazɔ kple Yehowa Ðasefowo, alo ade ha kple wo. Woawoe nye amesiwo le agbe mavɔ mɔ la dzi zɔm.—Mateo 7:14.

10. Aleke Yehowa Ðasefowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe be nàsubɔ Mawu?

10 Ðasefowo tsɔ ɖe le eme na amewo ŋutɔ. Woƒe dɔe nye be woakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu woase Biblia ƒe nyateƒenya siwo naa wokpɔa agbe mavɔ la gɔme. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò asrɔ̃ Biblia kpli wò femaxee. Woaɖo wò biabiawo ŋu eye woafia alesi nàzã Biblia me sidzedze le wò agbenɔnɔ mee wò.—Yohanes 17:3.

11. Aleke Kristotɔwo ƒe kpekpewo akpe ɖe ŋuwòe?

11 Àte ŋu agasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe mɔwo ŋu le woƒe kpekpe siwo zi geɖe wowɔna le Fiaɖuƒe Akpata me la me. Woado ŋusẽ didi si le mewò be nàsubɔ le mɔ vavãtɔ nu. Eye àxɔ hehe hã be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ Biblia ƒe nyateƒeawo.—Hebritɔwo 10:24, 25.

12. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe be nàsubɔ Mawu?

12 Ne èva le nu srɔ̃m yi ŋgɔe le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe tameɖoɖo ŋu la, ava eme be alesi nèse eƒe lɔlɔ̃mɔwo gɔmee la ade to ɖe edzi. Ele be wò didi be yeadze eŋu eye nàtsri nusi medze eŋu o hã nadzi ɖe edzi. Ðo ŋku edzi be àte ŋu ate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me abiae be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu nyui ahatsri nuvɔ̃.—Korintotɔwo I, 6:9, 10; Filipitɔwo 4:6.

Aleke nàwɔ asubɔ le mɔ nyuitɔ nu?

13. Aleke nàwɔ anye amesi ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi?

13 Le ɣeyiɣi aɖewo megbe, ne èva le tsitsim le gbɔgbɔ me la, ɖikeke mele eme o be àva kpɔe be ehiã be yeazu Yehowa ƒe Ðasefo ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ. Ne èva wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo la, àdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Àva nye amesiwo ŋu Mawu gblɔ le be, “Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ” la dometɔ ɖeka.—Korintotɔwo II, 6:16.