Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 9

Subɔsubɔ Vavãtɔ Ate Ŋu Aɖe Vi na Wò Tegbee!

Subɔsubɔ Vavãtɔ Ate Ŋu Aɖe Vi na Wò Tegbee!

1. Nukae adzɔ ne ‘míete ɖe Mawu ŋu’?

 YEHOWA lɔ̃ amesiwo subɔnɛ. Ne èsubɔa Yehowa la, ayra wò fifia kple le etsɔme. Biblia gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

2. Aleke míawɔ ate ɖe Mawu ŋu, eye ŋusẽ kae tete ɖe eŋu akpɔ ɖe míaƒe gbedodoɖawo dzi?

2 Hafi nàte ŋu ate ɖe Mawu ŋu la, ele be nàsrɔ̃ eƒe Nya atsɔe awɔ dɔe. Ne èdo gbe ɖa le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, ase wò gbedodoɖawo aɖo wo ŋu. Kristotɔ apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Dzideƒo, si le mía si le [Mawu gbɔ] la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí. Eye ne míenyae bena, eɖoa to mí le nusianu, si ke míebia me la, ekema míenyae bena, míexɔa nusiwo míebia tso egbɔ.”—Yohanes I, 5:14, 15.

3-7. Aleke míawɔ be nunya si tso Mawu gbɔ nanɔ mía si, eye aleke wòakpe ɖe mía ŋui?

3 Gakpe ɖe eŋu la, ne èle tetem ɖe Mawu ŋu la, ana nunya si nàtsɔ akpe akɔ kple gbesiagbe ƒe agbemenyawoe la wò. Biblia gblɔ be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu.”—Yakobo 1:5.

4 Aleke nunya si tso Mawu gbɔ akpe ɖe ŋuwòe? Ðekae nye be, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nusiwo medzea Yehowa ŋu o. Àgate ŋu anya nusita nusiawo nye nu gbegblẽ kple nusi nàwɔ be mànɔ wo wɔm o. Sidzedze sia ate ŋu akpɔ tawò tso kuxi siwo ɖea fu na ame akpa gãtɔ me. Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋu si Mawu ɖo be woanɔ agbe nyui dzi wɔwɔ kpɔa Mawu ƒe amewo ta tso gbɔmeyafufɔfɔ, nulɔdɔwo, kple srɔ̃ɖeɖe siwo me dzidzɔ mele o alo esiwo me gblẽ la me.

5 Nu bubu kae nunya si tso Mawu gbɔ ate ŋu awɔ na wò? Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ viɖe gbogbotɔ kekeake tso agbe me. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nyametsotso nyuiwo le agbemenya ŋutɔŋutɔwo abe wò ga zazã ene me. Àte ŋu aminya taɖodzinu ɖɔʋuwo eye nàgbe taɖodzinu siwo ŋu asixɔxɔ si nɔa anyi didina mele o.

6 Nunya si tso Mawu gbɔ agate ŋu akpe ɖe ŋuwò le mia kple amewo dome ƒomedodowo me. Dzidzɔ geɖe wu anɔ wò ƒomegbenɔnɔ me. Xɔlɔ̃wɔwɔ vavãtɔ si li ke ate ŋu anɔ mia kple amewo dome, eye ate ŋu ana amewo nade bubu ŋuwò, amesiwo mesubɔa Mawu o gɔ̃ hã ade bubu ŋuwò.

7 Gakpe ɖe eŋu la, nunya si tso Mawu gbɔ ƒe asiwò nɔnɔ ana nukpɔsusu nyui nanɔ asiwò ɖe agbe ŋu. Akpe ɖe ŋuwò be nàkpe akɔ kple agbemekuxiwo kple numadzedzinamewo. Azɔ hã etsɔme ŋuti nukpɔsusu si da sɔ anɔ asiwò. Nukpɔsusu ɖɔʋu si anɔ asiwò awɔe hã be wò susu nadze akɔ anyi eye nànɔ lãmesẽ me.—Lododowo 14:30; Yesaya 48:17.

8. Ne èsubɔa Mawu la, nukawoe màvɔ̃ na o?

8 Ne èsubɔ Mawu vavãtɔ la, wò ya màvɔ̃ na nusiwo amesiwo mesubɔnɛ o la vɔ̃na na o. Esi nènya be ame kukuwo megale agbe le yɔdo me o ta la, màvɔ̃ na ame kukuwo o. Esi nèka ɖe ŋugbe si Mawu do be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre dzi ta la, màvɔ̃ na ku o. Eye esi nènya be Mawu nye ŋusẽkatãtɔ ta la, màvɔ̃ na adzetɔwo alo gbesa o.—Yohanes 8:32.

Ame Dzɔdzɔewo Anyi Anyigba la ƒe Dome

9-11. Amekawoe anɔ Paradiso me, eye amekawoe manɔe o?

9 Ne ète ɖe Mawu ŋu la, màvɔ̃ na etsɔme o. Abe alesi míekpɔe ene la, Biblia gblɔ kuxi siwo teƒe kpɔm míele le anyigba dzi egbea dometɔ geɖe ɖi. Yehowa gblɔ na mí be ɣeyiɣi kpui aɖe koe nusiawo anɔ anyi; madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ anyigba sia wòazu paradiso.—Luka 21:10, 11, 31; 23:43.

10 Amesiwo te ɖe Yehowa ŋu eye wosubɔnɛ koe anɔ Paradiso me. Biblia gblɔ be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.

11 Amesiwo tsɔ totitri gbe be yewomawɔ ɖe Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo dzi o la abu woƒe agbe tegbee. (Tesalonikatɔwo II, 1:8, 9) Womaganɔ anyi o. Wo nu ayi kple Satana kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le ku mavɔ me. (Nyaɖeɖefia 20:10, 14) Gake amesiwo srɔ̃a nu tso Yehowa ŋu hesubɔnɛ akpɔ dzidzɔ si mele gbɔgblɔ me o le Paradiso me le anyigba dzi.

Etsɔme Nyui Aɖe!

12. Nukae Biblia gblɔ le etsɔme ŋu?

12 Yehowa dzra nu wɔnukuwo ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ! Kpɔ nusiwo eƒe Nya la gblɔ le agbe si woanɔ le anyigba dzi Paradisoa me ŋu ɖa:

  •   Nu abɔ woaɖu: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

  •   Aƒe nyuiwo: “Woatu xɔ anɔ eme.”—Yesaya 65:21.

  •   Dɔwɔna dodzidzɔname: “Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o.”—Yesaya 65:22, 23.

  •   Dɔléle manɔ anyi o: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

  •   Nuwɔame manɔ anyi o: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5, 6.

  •   Vevesese, konyifafa, kple ku manɔ anyi o: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

  •   Aʋawɔwɔ manɔ anyi o: “[Mawu] tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.”—Psalmo 46:10.

  •   Agbe mavɔ: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

13. Ameka koe ate ŋu ana anyigba sia nazu paradiso, eye nukatae?

13 Amegbetɔwo mate ŋu ana nusiawo nava eme gbeɖe o, gake ŋusẽ le Yehowa si be wòawɔ nusianu si wògblɔ be yeawɔ. Naneke mate ŋu axe mɔ nɛ be mawɔ nusi wòdi be yeawɔ o. Biblia gblɔ be: “Naneke mesẽ na Mawu o.”—Luka 1:37.

14. Aleke nàwɔ adze agbe mavɔ ƒe mɔ la dzi zɔzɔ gɔme?

14 Yehowa to eƒe Ðasefowo dzi le mɔnukpɔkpɔ nam amewo le afisiafi be ‘woato agbo bii la me’ azɔ agbe mavɔ mɔ la dzi. Neva eme be wò hã nànɔ dzidzɔtɔ siwo wɔ ɖe yɔyɔ sia dzi la dome. Neva eme be nàsubɔ le mɔ vavãtɔ nu eye nàse vivi na Yehowa ƒe yayrawo tegbee!—Mateo 7:13, 14.