Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya

Agbalẽ sia si nye Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàke ɖe mawunyakpukpui kple Biblia me ŋutinya siwo akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxi siwo nèdoa goe le agbe me nu. Akpe ɖe ŋuwò hã be nàkpɔ ŋɔŋlɔ siwo nàte ŋu azã atsɔ ade dzi ƒo na amewo be woatso nya me nyuie wòadze Yehowa ŋu. Ne ètia nyati si nèdi la, àkpɔ biabiawo kple Biblia me ŋutinya kpuiwo le nyati ɖe sia ɖe te. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Nàzã Agbalẽ Sia.”) Azɔ̃ hã, àkpɔ Mawu ƒe Nya la me nuxlɔ̃ame, aɖaŋuɖoɖowo kple akɔfanamenya geɖe siwo aɖe vi na wò. Àke ɖe kesinɔnu geɖe siwo nàte ŋu azã atsɔ akpe ɖe amewo ŋu la ŋu. Esia ƒe ɖewo nye mawunyakpukpui siwo nàtsɔ ade dzi ƒo na wo, esiwo akpe ɖe wo ŋu woakpɔ kuxiwo gbɔ kple esiwo afia mɔ wo atu wo ɖo.

Menye mawunyakpukpui ɖe sia ɖe si ku ɖe nyati aɖe ŋue dze le agbalẽ sia me o. Gake àkpɔ mawunyakpukpui vevi siwo ku ɖe nyati ɖe sia ɖe ŋu. (Lod 2:​1-6) Eyome àgate ŋu azã numekugbalẽ bubu siwo hiã. Àte ŋu aku nu me ayi ŋgɔ ne èzã Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe titinanuŋɔŋlɔwo kple numeɖeɖe siwo le yevugbe me Biblia nusɔsrɔ̃tɔ me hã. Zã Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo alo Watch Tower Publications Index (Index des publications des Témoins de Jéhovah) be nàse mawunyakpukpuiawo gɔme ɖe edzi wu eye nàkpɔ ale si nàwɔ wo ŋu dɔe. Di nyawo tso míaƒe agbalẽ siwo wota nyitsɔ laa me be nàke ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmesese yeyetɔwo ŋu.

Neva eme be Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo nakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nunya, sidzedze kple gɔmesese siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me ŋu. Ne èzã agbalẽ sia la, ana nàgaka ɖe edzi geɖe wu be “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.”—Heb 4:12.