Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutilãmenuwo Didi

Ŋutilãmenuwo Didi

Ðe Biblia gblɔ be egblẽ be ga kple ŋutilãmenuwo nanɔ ame sia?

Nyg 7:12

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 3:​11-14—Yehowa tsɔ kesinɔnu geɖe yra Fia Salomo ɖe ale si wòbɔbɔ eɖokui ta

    • Hio 1:​1-3, 8-10—Kesinɔnuwo bɔ ɖe Hiob si ale gbegbe gake nuteƒewɔwɔwɔ na Yehowae nɔ vevie nɛ wu

Nu ka tae ga kple kesinɔnuwo yometiti menana míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ o?

Aleke wòate ŋu adzɔe be viɖe aɖeke mava nɔ míaƒe kesinɔnuwo ŋu o?

Afɔku gã kae le ga kple kesinɔnuwo yometiti me?

Mɔ ka nue kesinɔnuwo ate ŋu aflu mí le?

Lod 11:​4, 18, 28; 18:11; Mt 13:22

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 8:​18-24—Simon wɔ bometsinu esi wòsusui be yeate ŋu atsɔ ga aƒle ɖoƒe le Kristo hamea me

Nu kae galɔlɔ̃ ate ŋu agblẽ le mía ŋu?

Mt 6:​19-21; Lk 17:​31, 32

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mr 10:​17-23—Ðekakpui kesinɔtɔ aɖe lɔ̃ eƒe kesinɔnuwo vevie, esia wɔe be mete ŋu dze Yesu yome o

    • 1Ti 6:​17-19—Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nye kesinɔtɔwo be woaƒo asa na ɖokuidodoɖedzi, ne menye nenema o la, woƒe nu madze Mawu ŋu o

Aleke ŋutilãmenuwo didi ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe xɔse eye wòana míawɔ nu siwo medzea Mawu ŋu o?

5Mo 8:​10-14; Lod 28:20; 1Yh 2:​15-17

Kpɔ Ps 52:​6, 7; Am 3:​12, 15; 6:​4-8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hio 31:​24, 25, 28—Hiob kpɔe be enye vodada gã aɖe be ame naɖo dzi ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu, elabe esia afia be meka ɖe Mawu dzi o

    • Lk 12:​15-21—Yesu zã ŋutsu aɖe si si nuwo bɔ ɖo gake menye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o ƒe kpɔɖeŋu tsɔ xlɔ̃ nu mí be míaƒo asa na kesinɔnuwo didi

Aleke míawɔ be ŋutilãmenu siwo le mía si nadze mía ŋu?

Nu vevi kawoe xɔ asi sãsãsã wu ŋutilãmenuwo?

Lod 3:​11, 13-18; 10:22; Mt 6:​19-21

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hag 1:​3-11—Yehowa to nyagblɔɖila Hagai dzi gblɔ na eƒe dukɔa be yemagayra wo o elabe wogblẽ yeƒe aƒea ɖi eye wovu ɖe woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo tutu kple nu siwo ana woakpɔ dzidzɔ ko ŋu

    • Nyɖ 3:​14-19—Yesu gbe nya na Laodikea hamea elabe wona ŋutilãmenuwo va le vevie na wo wu mawusubɔsubɔ

Nu ka tae wòle be míaka ɖe edzi be Yehowa ana ŋutilãmenu siwo míehiã la mí?