Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo Kple Sɔhɛwo

Ðeviwo Kple Sɔhɛwo

Ale si Mawu bua ɖeviwoe

Nu kae ɖee fia be ɖeviwo kple sɔhɛwo le vevie na Yehowa?

5Mo 6:​6, 7; 14:​28, 29; Ps 110:3; 127:​3-5; 128:​3, 4; Yak 1:27

Kpɔ Hio 29:12; Ps 27:10; Lod 17:6

Kpɔ nyati si nye “Ƒome” hã

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 1:​27, 28—Yehowa ɖo tame le gɔmedzedzea be amegbetɔwo nadzi ayɔ anyigba la dzi

    • 1Mo 9:1—Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Mawu gaɖo tame be amegbetɔwo nadzi ayɔ anyigba la dzi

    • 1Mo 33:5—Blemafofo wɔnuteƒe Yakob bu vi siwo wòdzi be wonye nunana tso Mawu gbɔ

    • Mr 10:​13-16—Yesu lɔ̃ ɖeviwo abe ale si ko Fofoa hã lɔ̃ wo ene

Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso ame siwo sẽa ŋuta le ɖeviwo ŋu alo wɔa fu wo ŋu?

Mɔfiame kawoe le Biblia me siwo ɖee fia be mele be woabia tso ɖeviwo si be woawɔ ame tsitsiwo ƒe dɔwo o?

4Mo 1:3; 1Ko 13:11

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 33:​12-14—Yakob de dzesii be ye viwo mate ŋu azɔ kabakaba abe ame tsitsiwo ene o

Mawu gbɔe wòtso be ɖeviwo le fu kpema?

Hio 34:10; Yak 1:13; 1Yh 5:19

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 5:​18, 20, 23-25—Yesu na eme kɔ be nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi tae míedzea dɔ

    • Ro 5:12—Apostolo Paulo gblɔ nu si tae míewɔa nu vɔ̃ eye míekuna

Ŋugbe kae Yehowa do si na míekpɔe be fu siwo ame tsitsiwo kple ɖeviwo kpena nu ayi?

Ne dzilawo ƒe agbenɔnɔ mede ame dzi o eye wowɔa fu wo viwo la, ɖe ema fia be evɔ na ɖeviawo eye woawo hã ava nɔ agbe abe wo dzilawo enea?

5Mo 24:16; Eze 18:​1-3, 14-18

Kpɔ 5Mo 30:​15, 16

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

Agba si le ɖeviwo kple sɔhɛwo dzi

Aleke Yehowa bua ɖevi siwo kpɔtɔ le wo dzila si nye mawuvɔ̃la gbɔe?

1Ko 7:14

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 19:​12, 15—Susu si tae mawudɔlawo kpɔ Lot vinyɔnuawo ta dometɔ ɖekae nye be wo fofo nye ame dzɔdzɔe

Ne dzila aɖe nye mawuvɔ̃la la, ɖe ema fia kokoko be viawo hã anye mawuvɔ̃lawoa?

Lod 20:11; Eze 18:​5, 10-13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 3Mo 10:​1-3, 8, 9—Anɔ eme be wowu nunɔlagã Aron ƒe viwo le esi womu aha ta

    • 1Sa 8:​1-5—Togbɔ be Samuel nye nyagblɔɖila si wɔ nuteƒe hã, viawo ya me ɖi anukware o

Nu kae wòle be ɖeviwo nawɔ be woƒe nu nadze Mawu ŋu?

Nu ka tae wòle be sɔhɛwo nade hamea ƒe kpekpeawo?

5Mo 31:​12, 13; Heb 10:​24, 25

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

Aleke míewɔ nya be Yehowa di be ɖeviwo nasubɔ ye?

Ps 8:2; 148:​12, 13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 17:​4, 8-10, 41, 42, 45-51—Yehowa to David si nye ɖevi dzaa dzi ɖu aʋakalẽtɔ aɖe dzi tsɔ kɔ eƒe ŋkɔa ŋu

    • 2Fi 5:​1-15—Yehowa to Israel-nyɔnuvi dzaa aɖe dzi kpe ɖe aʋafia aɖe si menye Israel-vi o ŋu wòva nya Mawu vavã la

    • Mt 21:​15, 16—Yesu kpɔ dzidzɔ ɖe ɖevi siwo kafu eya si nye Mesia la ŋu

Aleke Mawu bua ɖevi siwo subɔnɛ togbɔ be wo dzilawo mesubɔnɛ o hã?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 4Mo 16:​25, 26, 32, 33—Esime ame aɖewo dze aglã ɖe nyagblɔɖila Mose kple Nunɔlagã Aron ŋu la, Yehowa he to na wo kple woƒe ƒometɔ siwo de wo dzi

    • 4Mo 26:​10, 11—Esi wotsrɔ̃ aglãdzela Kora la, wometsrɔ̃ viawo ya o elabe wowɔ nuteƒe na Mawu

Nu ka tae wòle be sɔhɛ siwo li egbea natia ame si woade ha kplii nyuie?

Ame kawoe wòle be Kristotɔ sɔhɛwo nadze xɔ̃e?

2Ti 2:22

Kpɔ nyati si nye “Hadede” hã