Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aɖaŋuɖoɖo

Aɖaŋuɖoɖo

Aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ

Nu ka tae wòle be míadi aɖaŋuɖoɖo tso Biblia me?

Nu ka tae wòle be míalɔ̃ axɔ aɖaŋuɖoɖo tsɔ wu be míanɔ mía ɖokui nu ɖem?

Lod 12:15; 29:1

Kpɔ Lod 1:​23-31; 15:31

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 15:​3, 9-23—Esi nyagblɔɖila Samuel ɖɔ Fia Saul ɖo la, Saul nɔ eɖokui nu ɖem, esia wɔe be Yehowa gbee

    • 2Kr 25:​14-16, 27—Fia Amaziya wɔ nu vɔ̃ eye wògbe aɖaŋu si Mawu ƒe nyagblɔɖila ɖo nɛ, esia na Yehowa gbee

Nu ka tae wòle be míaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm ƒe aɖaŋuɖoɖowo?

1Te 5:12; 1Ti 5:17; Heb 13:​7, 17

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 3Yh 9, 10—Apostolo Yohanes si zu amegãɖeɖi la gbe nya na Diotrefo elabe medea bubu ame siwo le ŋgɔ xɔm le Kristo hamea me ŋu o

Nu ka tae wòle be míaɖo to ame tsitsiwo?

3Mo 19:32; Lod 16:31

Kpɔ Hio 12:12; 32:7; Tit 2:​3-5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 23:​16-18—Yonatan si tsi wu Fia David ƒe 30 sɔŋ la ɖo aɖaŋu nɛ, eye esia do ŋusẽ David ŋutɔ

    • 1Fi 12:​1-17—Fia Rehabeam gbe aɖaŋu nyui si ame tsitsiwo ɖo nɛ eye wòɖo to ehatiwo ƒe aɖaŋu vɔ̃wo boŋ; esia gblẽ nu le dukɔa ŋu vevie

Nu kae ɖee fia be nyɔnu nuteƒewɔlawo kple ɖevi siwo subɔa Yehowa ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo?

Hio 32:​6, 9, 10; Lod 31:​1, 10, 26; Nyg 4:13

Kpɔ Ps 119:100

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 25:​14-35—Aɖaŋu si Abigail ɖo na Fia David wɔe be wòxɔ ame geɖe ɖe agbe eye David hã meɖi ʋufɔ o

    • 2Sa 20:​15-22—Nyɔnu dzeaɖaŋu aɖe ɖo aɖaŋu nyui aɖe na Yoab eye esia wɔe be wòxɔ Abel dua me tɔwo ɖe agbe

    • 2Fi 5:​1-14—Israel-nyɔnuvi aɖe ɖo aɖaŋu na aʋakalẽtɔ sẽŋu aɖe, esia wɔe be wote ŋu da ŋutsua ƒe anyidɔa nɛ

Nu ka tae mele be míaɖo to ame siwo mesubɔa Yehowa alo womenya eƒe Nyaa o ƒe aɖaŋuɖoɖowo o?

Ps 1:1; Lod 4:14

Kpɔ Lk 6:39

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Kr 10:​13, 14—Fia Saul ku le eƒe nuteƒemawɔmawɔ ta elabe ebia nu ta se le ŋɔliyɔla gbɔ, eye mebia gbe Yehowa o

    • 2Kr 22:​2-5, 9—Fia Ahaziya ɖe mɔ ame mawɔnuteƒewo ɖo aɖaŋu nɛ eye esia he ku vɛ nɛ

    • Hio 21:​7, 14-16—Hiob mewɔ ame siwo medea bubu Yehowa ŋu o la ƒe nyawo dzi o

Aɖaŋuɖoɖo na amewo

Ne nya aɖe do mo ɖa le ame aɖewo dome la, nu ka tae wòle be míaɖo to ame siwo katã nyaa lɔ ɖe eme ase nyateƒe bliboa hafi aɖo aɖaŋu?

Lod 18:​13, 17

Kpɔ Lod 25:8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 1:​9-16—Nunɔlagã Eli gbe nya na Hana elabe esusui be ahae wòmu; emegbe hafi wòva nya nyateƒea

    • Mt 16:​21-23—Esi apostolo Petro menya nyateƒe bliboa o ta la, aɖaŋu aɖe si wòɖo na Yesu ana Yesu nawɔ nu si adze Satana ŋu, ke menye nu si adze Yehowa ŋu o

Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa abia Yehowa ƒe mɔfiame hafi aɖo aɖaŋu na ame aɖe?

Ps 32:8; 73:​23, 24; Lod 3:​5, 6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Mo 3:​13-18—Nyagblɔɖila Mose bia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu aɖo Israel-viwo ƒe nyawo ŋu na wo nyuie

    • 1Fi 3:​5-12—Fia Salomo si nye ɖekakpui meka ɖe eɖokui dzi o, ke boŋ ebia Yehowa be wòana nunya ye, eye Yehowa yrae ɖe esia ta

Nu ka tae wòle be míazã Mawu ƒe Nyaa koŋ ne míele aɖaŋu ɖom na amewo?

Ps 119:​24, 105; Lod 19:21; 2Ti 3:​16, 17

Kpɔ 5Mo 17:​18-20

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 4:​1-11—Esi Yesu nɔ nya ŋu ɖom na Satana ame si nɔ etem kpɔ la, mezã eya ŋutɔ ƒe susu o, ke boŋ ezã Mawu ƒe Nyaa

    • Yh 12:​49, 50—Yesu gblɔ na amewo be nu si ye Fofo fia ye la, nu mawo kee yefiaa amewo; ele be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua

Ne míele aɖaŋu ɖom na ame aɖe la, nu ka tae wòle be míadze agbagba afa tu, eye míakafui ɖe nane si wòwɔ nyuie hã ta?

Ga 6:1; Kol 3:12

Kpɔ Yes 9:6; 42:​1-3; Mt 11:​28, 29

Ne Kristotɔ aɖe gblɔ na mí be nɔvi aɖe mewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o, ɖewohĩ eba ye alo zɔ ye gɔme la, nu ka tae wòanyo be míade dzi ƒo nɛ be wòayi nɔvia gbɔ ne woa kplii ɖeɖe woakpɔ nyaa gbɔ gbã?

Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na Kristotɔ aɖe si susui be wodze agɔ le ye dzi vevie la be wòakpɔ nublanui, agbɔ dzi ɖi eye wòalɔ̃ faa atsɔ ake?

Mt 18:​21, 22; Mr 11:25; Lk 6:36; Ef 4:32; Kol 3:13

Kpɔ Mt 6:14; 1Ko 6:​1-8; 1Pe 3:​8, 9

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 18:​23-35—Yesu wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tsɔ ɖe nu si tae wòle vevie be míatsɔ ake amewo fia

Nu ka tae wòle be míatɔ afɔ to vevie hafi aɖo aɖaŋu ɣeaɖewoɣi?

Ps 141:5; Lod 17:10; 2Ko 7:​8-11

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 15:​23-29—Nyagblɔɖila Samuel mevɔ̃ be yeaɖo aɖaŋu na Fia Saul o

    • 1Fi 22:​19-28—Togbɔ be wodo ŋɔdzi na nyagblɔɖila Mikaya eye woƒoe hã, egblɔ Yehowa ƒe nya la na Fia Ahab

Aleke míawɔ be míaƒe aɖaŋuɖoɖowo nagava zu nukikli na ame aɖe o?

Heb 12:​11-13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 22:​31-34—Togbɔ be apostolo Petro da vo geɖe hã, Yesu ka ɖe edzi be ate ŋu atrɔ eye wòado ŋusẽ ame bubuwo

    • Flm 21—Apostolo Paulo ka ɖe Filemon dzi be awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo tso Mawu gbɔ dzi

Aleke míaɖo aɖaŋu na ame siwo ƒo dzi ɖe le alo ame siwo dzi nu te ɖo vevie la lɔlɔ̃tɔe?

Aleke míana ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ nakpɔe be ɖe míedi be míakpe ɖe ye ŋu be ye kple Yehowa dome nagava nɔ nyuie?

Aleke míate ŋu ade bubu amewo ŋu ne míele aɖaŋu ɖom na wo, woɖanye nyɔnu alo ŋutsu, ɖevi alo ame tsitsi o?

Ne ame aɖe ɖoe koŋ gbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ enuenu la, nu ka tae wòle be hamemetsitsiwo natɔ afɔ to aɖɔ amea ɖo?