Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Adzɔgbeɖeɖe

Adzɔgbeɖeɖe

Nu ka koŋue ʋãa mí míetsɔa mía ɖokui ɖea adzɔgbe na Yehowa Mawu?

Ne míedi be míasubɔ Mawu la, aleke wòle be míabu Bibliae?

Ðoɖo kae Yehowa wɔ be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye nu ka tae wòle be míalɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi?

Nu kae aɖee fia be míetrɔ míaƒe agbenɔnɔ?

Dw 3:19; 26:20

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 19:​1-10—Zaxeo si nye adzɔxɔlawo ƒe amegã trɔ dzi me eye wòlɔ̃ be yeaɖo nu sia nu si yetafa amewo xɔ le wo si la teƒe

    • 1Ti 1:​12-16—Apostolo Paulo gblɔ be yedzudzɔ nu vɔ̃ siwo yewɔna tsã, eye esia na Mawu kple Kristo kpɔ nublanui na ye eye wotsɔe ke ye

Ne míedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la, nu ka hãe wòle be míawɔ?

Nuwɔna kawoe wòle be míaƒo asa na be míasubɔ Mawu wòadze eŋu?

1Ko 6:​9-11; Kol 3:​5-9; 1Pe 1:​14, 15; 4:​3, 4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Ko 5:​1-13—Apostolo Paulo gblɔ na Korinto hamea be woaɖe ŋutsu aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã eye wògbe dzimetɔtrɔ la le hamea me

    • 2Ti 2:​16-19—Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be wòagbe xɔsegbelawo ƒe nyawo, siwo kekea ta abe abi vɔ̃ ene

Nu ka tae mele be mawusubɔlawo nade nu xexe sia ƒe dunyahehewo me o?

Yes 2:​3, 4; Yh 15:19

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yh 6:​10-15—Yesu na nuɖuɖu ame gbogbo aɖewo nukutɔe, esia na wodi be yewoalée aɖo fia, gake Yesu si dzo le wo gbɔ

    • Yh 18:​33-36—Yesu ɖe eme be kadodo aɖeke mele yeƒe Fiaɖuƒea kple xexe sia ƒe fiaɖuƒewo dome o

Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu le mawusubɔsubɔ me?

Yh 16:13; Ga 5:​22, 23

Kpɔ Dw 20:28; Ef 5:18

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 15:​28, 29—Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe dɔdzikpɔha si nɔ Yerusalem ŋu wotso nya me le nya vevi si nye aʋatsotso ƒe nyaa ŋu

Nu ka tae wòle be míasubɔ Mawu abe ale si Yesu Kristo wɔe ene?

Nu ka tae wòle vevie be Kristotɔ siwo ɖe adzɔgbe naxɔ nyɔnyrɔ?

Mt 28:​19, 20; Dw 2:​40, 41; 8:12; 1Pe 3:21

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 3:​13-17—Yesu xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe edzi be yeva be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu

    • Dw 8:​26-39—Togbɔ be Etiopiatɔwo ƒe amegã la trɔ dzi me zu Yudatɔ xoxo hã, elɔ̃ be yeaxɔ nyɔnyrɔ esime wòva srɔ̃ nu tso Yesu Kristo ŋu