Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Míebua Ame Bubuwoe

Ale Si Míebua Ame Bubuwoe

Ðe Mawu bua ame aɖe be enyo wu ame bubu le dukɔ si me wòtso, gbe si wòdona, ƒome si me wòtso, alo ga si gbegbe le esi ta?

Dw 17:​26, 27; Ro 3:​23-27; Ga 2:6; 3:28

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yh 8:​31-40—Yudatɔ aɖewo dana be Abraham nye yewo tɔgbui, gake Yesu gbee na wo eye wògblɔ be womewɔa nu abe Abraham ene o

Ðe wòsɔ be míada ame siwo nye dukɔ bubu me tɔwo alo gbe bubu dolawo ɖe anyia?

Yh 3:16; Ro 2:11

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yon 4:​1-11—Yehowa gbɔ dzi ɖi na nyagblɔɖila Yona eye wòfiae ale si wòana Niniwetɔwo, siwo nye dukɔ bubu me tɔwo, ƒe nu nawɔ nublanui nɛ

    • Dw 10:​1-8, 24-29, 34, 35—Apostolo Petro va srɔ̃e be mele be yeabu dukɔ bubu me tɔwo be wo ŋu mekɔ o, eya ta ekpe ɖe Kornelio kple eƒemetɔwo ŋu wozu dukɔwo me tɔ gbãtɔ siwo va zu Kristotɔwo

Ðe wòle be Kristotɔ siwo si ga le nabui be yewonyo wu ame bubuwo alo anɔ mɔ kpɔm be woawɔ nu ɖe yewo ŋu etɔxɛa?

Ne ɖoƒe aɖe le ame aɖe si le hamea me la, ɖe wòfia be enyo wu ame bubuwo eye esia nawɔe be wòanɔ nu ɖom na woa?

2Ko 1:24; 1Pe 5:​2, 3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 5Mo 17:​18-20—Yehowa xlɔ̃ nu Israel-fiawo be woagado wo ɖokui ɖe dzi ɖe yeƒe amewo ŋu o, elabe le Mawu ŋkume la, nɔviwo koe wo katã wonye

    • Mr 10:​35-45, 42—Yesu ɖɔ eƒe apostolowo ɖo le esi wodina ɣesiaɣi be yewoanɔ nɔƒe gã ta

Nu kawoe nana ame ƒe nu dzea Mawu ŋu?

Ðe wòle be Kristotɔ nade habɔbɔ siwo dina be yewoahe tɔtrɔwo ava dukɔa me ale be nuwo nasɔ na ame sia ame la dzia?

Ef 6:​5-9; 1Ti 6:​1, 2

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yh 6:​14, 15—Togbɔ be amewo nɔ mɔ kpɔm be Yesu nahe tɔtrɔwo ava yewoƒe dukɔa me hã, egbe be woagaɖo ye fiae o