Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amehehe

Amehehe

Nu ka tae Biblia nyo na amehehe?

Nu ka tae mí katã míehiã na mɔfiame kple ɖɔɖɔɖo?

Ne Yehowa he to na ame aɖe la, nu kae ema fia?

Lod 3:​11, 12; Heb 12:​7-9

Kpɔ 5Mo 8:5; Lod 13:24; Nyɖ 3:19

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

Nu ka tae wòle vevie be míalɔ̃ faa Yehowa nahe to na mí, eye aleke esia aɖe vi na mí?

Ne ame aɖe gbe Mawu ƒe tohehe xɔxɔ la, nu kae ate ŋu adzɔ ɖe edzi?

Lod 1:​24-26; 13:18; 15:32; 29:1

Kpɔ Yr 7:​27, 28, 32-34

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yr 5:​3-7—Mawu he to na eƒe amewo esi wosẽ dzi me gake wogbe eƒe amehehe, esia wɔe be wògahe to na wo ɖe edzi

    • Zef 3:​1-8—Yerusalem tɔwo kpe fu vevie le esi wogbe toɖoɖo Yehowa ta

Aleke Yehowa ƒe amehehe ɖea vi na mí?

Lod 4:13; 1Ko 11:32; Tit 1:13; Heb 12:​10, 11

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 5Mo 30:​1-6—Nyagblɔɖila Mose gblɔ na dukɔa be ne wolɔ̃ xɔ Yehowa ƒe amehehe la, ayra wo

    • 2Kr 7:​13, 14—Yehowa gblɔ na Fia Salomo be ne dukɔa lɔ̃ xɔ yeƒe amehehe la, nu nyuiwo ado tso eme na wo

Ne ame aɖe wɔ nu gbegblẽ eye woɖɔe ɖo la, nu ka tae wònyo be míasrɔ̃ nu tso eme?

Nu ka tae mele be míakpɔ dzidzɔ ne wohe to na ame aɖe o?

Nu kae wòle be míawɔ be Mawu ƒe amehehe kple aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi na mí?

Yos 1:8; Yak 1:25

Kpɔ 5Mo 17:​18, 19; Ps 119:97

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Kr 22:​11-13—Fia David ka ɖe edzi na via Salomo be ne ewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi la ayrae

    • Ps 1:​1-6—Yehowa do ŋugbe be yeayra ame siwo xlẽa yeƒe se la eye wodea ŋugble le eŋu

Nu ka tae dzila siwo lɔ̃ wo viwo hea to na wo?

Kpɔ nyati si nye “Dzilawo

Aleke wòle be ɖeviwo nawɔ nui ne wo dzilawo he to na wo?

Kpɔ nyati si nye “Ƒome—Viŋutsuwo, Vinyɔnuwo