Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzɔdzɔenyenye

Dzɔdzɔenyenye

Ame ka ko sie ŋusẽ le be wòafia nu si nyo alo nu si le dzɔdzɔe?

5Mo 32:4; Eze 33:​17-20

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 18:​23-33—Yehowa na Abraham kpɔe be yenye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe

    • Ps 72:​1-4, 12-14—Hakpanya sia kafu Mesia Fia la be enye ame si srɔ̃ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye

Vi kae wòaɖe na mí ne míenɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo nu?

Ps 37:​25, 29; Yak 5:16; 1Pe 3:12

Kpɔ Ps 35:24; Yes 26:9; Ro 1:17

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hio 37:​22-24—Elihu kafu Yehowa ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ta elabe Yehowa ƒe gãnyenye nana eƒe amewo dea bubu deto eŋu

    • Ps 89:​13-17—Hakpala la kafu Yehowa ɖe ale si eƒe dziɖuɖu le dzɔdzɔe ɣesiaɣi ta

Nu kae wòfia be míanɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim?

Eze 18:​25-31; Mt 6:33; Ro 12:​1, 2; Eph 4:​23, 24

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 6:​9, 22; 7:1—Noa wɔ nu si le dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume; ewɔ nu siwo katã Yehowa bia tso esi eye esia fia be enye ame dzɔdzɔe

    • Ro 4:​1-3, 9—Abraham xɔ Yehowa dzi se bliboe eya ta Yehowa bui ame dzɔdzɔe

Nu ka tae wòle be lɔlɔ̃ na Yehowa naʋã mí míawɔ nu si le dzɔdzɔe ke menye be míawɔe kple susu be amewo nakafu mí o?

Mt 6:1; 23:​27, 28; Lk 16:​14, 15; Ro 10:10

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 5:20; 15:​7-9—Yesu gblɔ na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe gake woagasrɔ̃ agbalẽfiala kple Farisitɔ alakpatɔ siwo wɔa nu si le dzɔdzɔe le woawo ŋutɔwo ŋkume la o

    • Lk 18:​9-14—Yesu do lo aɖe tsɔ ɖɔ ame siwo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewo wu ame bubuwo la ɖo

Nu ka tae nyuiwɔwɔ le vevie wu dzɔdzɔenyenye?

Nu ka tae mele be míabu mía ɖokui ame dzɔdzɔewo eye míasusui be míenyo wu ame bubuwo o?