Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzitsinya

Dzitsinya

Aleke míewɔ nya be Yehowa na dzitsinya amegbetɔwo katã?

Ne ame aɖe yi edzi le nu gbegblẽ wɔm la, nu kae ate ŋu adzɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi?

Ne míesusui be naneke megblẽ le nu si wɔm míele ŋu o la, ɖe wòfia kokoko be nu nyui ye wònyea?

Yh 16:​2, 3; Ro 10:​2, 3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

Aleke míate ŋu ana hehe míaƒe dzitsinya nyuie?

2Ti 3:​16, 17; Heb 5:14

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 24:​2-7—Fia David ƒe dzitsinya kpe ɖe eŋu wòde bubu Fia Saul si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu

Aleke wòanya wɔe be dzitsinya dzadzɛ nanɔ amegbetɔ nu vɔ̃ mewo si?

Ef 1:7; Heb 9:14; 1Pe 3:21; 1Yh 1:​7, 9; 2:​1, 2

Kpɔ Nyɖ 1:5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yes 6:​1-8—Yehowa ka ɖe edzi na nyagblɔɖila Yesaya be yeate ŋu atsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee

    • Nyɖ 7:​9-14—Yesu ƒe tafevɔsa wɔe be ameha gã me tɔwo ate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃ kplikplikpliwo

Nu ka tae wònyo be míaɖo to míaƒe dzitsinya si míetsɔ Mawu ƒe Nya la na hehee?

Dw 24:​15, 16; 1Ti 1:​5, 6, 19; 1Pe 3:16

Kpɔ Ro 13:5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 2:25; 3:​6-13—Adam kple Xawa meɖo to woƒe dzitsinya o, esia na ŋu kpe wo emegbe elabe wowɔ nu vɔ̃

    • Neh 5:​1-13—Nutodziɖula Nehemiya ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe etɔ Yudatɔwo dzi elabe wonɔ Mawu ƒe Sea dzi dam eye wonɔ deme gbogbowo xɔm le wo nɔviwo si

Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie be míagawɔ naneke si aɖe fu na mía nɔviwo ƒe dzitsinya o?

Taɖodzinu kae wòle be míaɖo na mía ɖokuiwo le dzitsinya ƒe nya sia me?