Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Vɔ̃

Nu Vɔ̃

Nu kae nye nu vɔ̃, eye nu ka tae wògblẽa nu le mí katã ŋu?

Aleke Biblia ka ɖe edzi na mí be míate ŋu aɖu míaƒe dzodzro vɔ̃wo dzi?

Ro 6:​12-14

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Sa 11:​2-5, 14, 15, 26, 27; 12:​1-13—Esi Fia David wɔ nu vɔ̃ gã aɖewo la, wohe to nɛ vevie tsɔ ɖɔe ɖo eye wòdze agbagba trɔ dzi me

    • Ro 7:​15-24—Togbɔ be xɔse sẽŋu nɔ apostolo Paulo si eye wòdo vevie mawusubɔsubɔ hã, ele be wòaku kutri vevie hafi ate ŋu aɖu susu kple seselelãme manyomanyowo dzi

Nu ka tae ame geɖe wɔa nu vɔ̃ɖiwo ɣeaɖewoɣi?

Ne míenya be nane menyo o gake míeyi edzi le ewɔm la, aleke esia nye ŋkubiãnyae?

Nu kawoe Satana ate ŋu azã atsɔ ahe Mawu ƒe amewo ade nu vɔ̃ wɔwɔ me?

Lod 1:​10, 11, 15; Mt 5:28; Yak 1:​14, 15

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 3:​1-6—Satana to da aɖe dzi te Xawa kpɔ be wòadi eɖokui tɔ, esia wɔe be Xawa megava ka ɖe Yehowa dzi o

    • Lod 7:​6-10, 21-23—Fia Salomo ɖɔ ale si ɖekakpui aɖe si si tagbɔ mele o la ɖe mɔ nyɔnu gbolo aɖe blee de nu vɔ̃ wɔwɔ me

Aleke míate ŋu aƒo asa na Satana ƒe tetekpɔwo?

Ef 4:27; 6:​10-18; Yak 4:​7, 8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lod 5:​1-14—Gbɔgbɔ ʋã Fia Salomo wòɖo adaŋu na mí ku ɖe ale si míawɔ aƒo asa na agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔwo ŋu

    • Mt 4:​1-11—Yesu zã Mawu ƒe Nya la tsɔ nɔ te ɖe Satana ƒe tetekpɔwo nu. Eto esia dzi ɖo kpɔɖeŋu na mí

Nu vɔ̃ gã siwo wòle be Kristotɔwo naƒo asa na dometɔ aɖewo ɖe?

Kpɔ nyati si nye “Nuwɔna Gbegblẽwo

Nu vɔ̃ me ʋuʋu

Nu ka tae mele be míatee kpɔ be míaɣla míaƒe nu vɔ̃wo o?

Ame kae wòle be míaʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na?

Ame kae le abe “kpeɖeŋutɔ” ene na mí si xɔa míaƒe nyawo ɖe akɔ le Yehowa gbɔ?

Aleke ame aɖe awɔ aɖee afia le eƒe nuwɔnawo me be yetrɔ dzi me?

Dw 26:20; Yak 4:​8-10

Kpɔ nyati si nye “Dzimetɔtrɔ” hã

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Mo 22:​1-12—Le Mose ƒe Sea me la, ele be fiafi naɖo nu si wòfi la teƒe

    • Lk 19:​8, 9—Zaxeo si nye adzɔxɔlawo ƒe amegã la dzudzɔ ame tafatafa eye wòɖo nu sia nu si wòtafa ame aɖe xɔ le esi la teƒe nɛ; esia ɖee fia be etrɔ dzi me vavã

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí?

Kpɔ nyati si nye “Tsɔtsɔke

Ame kawoe Yehowa ɖo be woakpe ɖe ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã la ŋu eye woakpɔ hamea ta be wòanɔ dzadzɛ?

Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, aleke wòate ŋu agblẽ nu le eƒe ƒomea kple hamea ŋu?

Heb 12:​15, 16

Kpɔ 5Mo 29:18

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yos 7:​1-13, 20-26—Akan wɔ nu vɔ̃ gã aɖe eye wòdze agbagba be yeaɣlae, esia na Israel dukɔa kpe fu vevie

    • Yon 1:​1-16—Esi Yona mewɔ Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi o ta la, ame siwo katã nɔ tɔdziʋua me kplii ƒe agbe ɖo afɔku me

    • 1Ko 5:​1-7—Apostolo Paulo klo nu le nu vɔ gã aɖe si wɔm nɔvi aɖe nɔ le Korinto hamea me la dzi. Nɔvi sia ƒe nuwɔna nɔ nu gblẽm le hame bliboa ŋu

Nu ka tae mele be míana vɔvɔ̃ na tohehe nawɔe be míagabia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ o?

Nu ka tae wòle be míaka ɖe edzi be Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí, tsɔ wu be míanɔ nu xam edziedzi ɖe vo siwo míeda va yi la ta?

Kpɔ nyati si nye “Tsɔtsɔke

Ne míese be nɔvi aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe le hamea me la, nu ka tae wòle be míakpɔ egbɔ be evae gblɔe na hamemetsitsiawo?

3Mo 5:1

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 5Mo 13:​6-9; 21:​18-20—Mose ƒe Sea bia be ne ame aɖe se be dukɔa me tɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, ele be ame si se nya la navae gblɔe, ne nu gbegblẽwɔlaa nye eƒe ƒometɔ alo exɔlɔ̃ gɔ̃ hã