Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuwɔna Gbegblẽwo

Nuwɔna Gbegblẽwo

Nuwɔna gbegblẽ kawoe wòle be Kristotɔwo natsri?

Adegbeƒoƒo

Kpɔ nyati si nye “Adegbeƒoƒo

Adzodada

Ps 62:10; 1Ko 5:​10, 11; 6:​9, 10

Kpɔ Lod 1:19; 15:27

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yr 22:​11-17—Yehowa gbe Fia Salum (Yehoahaz) le esi wòda adzo amewo eye wòwɔ nu vɔ̃ gã bubuwo ta

    • Lk 19:​2, 8—Zaxeo si nye adzɔxɔlawo ƒe amegã la trɔ dzi me eye wòɖoe be yeaɖo nu sia nu si yetafa ame aɖe xɔ le esi la teƒe nɛ

    • Dw 24:​26, 27—Apostolo Paulo mena zãnu si Nutodziɖula Felike nɔ mɔ kpɔm be wòana ye la o

Aglotutu siwo gbɔ eme

Ro 13:13; Ga 5:​19, 21; 1Pe 4:3

Kpɔ Lod 20:1; 1Ko 10:31

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Da 5:​1-4, 30—Fia Belsazar ɖo “kplɔ̃ gã aɖe,” amewo no aha mu; fia la do vlo Yehowa eye esia na wòku

Ahamumu; aha tsu nono

Lod 20:1; 23:​20, 29-35; 1Ko 5:11; 6:​9, 10

Kpɔ Ef 5:18; 1Ti 3:8; Tit 2:3; 1Pe 4:3

Kpɔ nyati si nye “Ahanono” hã

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 9:​20-25—Noa no aha eye wòmu, esia wɔe be Ham kple via Kanaan wɔ nu vɔ̃ gã aɖe

    • Da 5:​1-6, 30—Esi Fia Belsazar no aha mu la, edzu Yehowa; esia wɔe be wòku eye wotsrɔ̃ eƒe fiaɖuƒea

Amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi; nudede ame bubuwo ƒe nya me

Amewuwu

2Mo 20:13; Mt 15:19; 1Pe 4:15

Kpɔ Mt 5:​21, 22; Mr 7:21

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 4:​4-16—Kain do toku Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame eye wòwu nɔvia Abel si nye nuteƒewɔla

    • 1Fi 21:​1-26; 2Fi 9:26—Ŋukeklẽ na Fia Ahab kple Fianyɔnu Izebel siwo vɔ̃ɖi la wu Nabot kple viawo

Aʋatsokaka; ameŋugbegblẽ

Kpɔ nyati si nye “Aʋatsokaka

Aʋatsokaka; ɖoɖowo dzi mawɔmawɔ

Kpɔ nyati si nye “Aʋatsokaka

Dzrehehe; ŋutasẽnuwɔwɔ

Ps 11:5; Lod 3:31; 29:22

Kpɔ 1Ti 3:​2, 3; Tit 1:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Mo 21:​22-27—Mose ƒe Sea gblɔ be ne ŋutsuwo le avu wɔm eye wowɔ nuvevi ame aɖe alo ame aɖe ku le eme la, ele be woahe to na avuwɔlaawo

Dzrewɔwɔ

Kpɔ nyati si nye “Dzrewɔwɔ

Fewuɖuɖu

Lod 19:29; 24:9

Kpɔ Lod 17:5; 22:10; 2Pe 3:​3, 4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 36:​15-21—Mawu he to na eƒe amewo vevie esi woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo kple amedɔdɔwo ŋu

    • Hio 12:4; 17:2; 21:3; 34:7—Esi ame dzɔdzɔe Hiob nɔ tetekpɔ sesẽwo me tom la, amewo ɖu fewu le eŋu

Fififi

Kpɔ nyati si nye “Fififi

Gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ

Hoʋiʋli

Nyg 4:4; Ga 5:26

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mr 9:​33-37; 10:​35-45—Yesu ƒe apostolowo nɔa nya ʋlim le wo nɔewo dome ku ɖe ame si nye gã ŋu, eya ta Yesu ɖɔa wo ɖo enuenu

    • 3Yh 9, 10—Diotrefo dina be yeanɔ “nɔƒe gbãtɔ” le nɔviawo dome

Kesekukuɖɔɖɔname

Hio 32:​21, 22; Ps 5:9; 12:​2, 3; Lod 26:​24-28; 29:5

Kpɔ Lod 28:23; 1Te 2:​3-6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 18:​18, 19—Yesu gbe be woagaɖɔ kesekuku na ye ayɔ bubuŋkɔ, ame nyui na ye o

    • Dw 12:​21-23—Esi woɖɔ kesekuku na Fia Herodes be ele abe mawu ene la, elɔ̃ ɖe edzi eye esia na wòku

Liʋiliʋĩlilĩ

1Ko 10:10; Flp 2:14; Yud 16

Kpɔ 4Mo 11:1

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 4Mo 14:​1-11, 26-30—Esi Israel-viwo lĩ liʋiliʋĩ le Mose kple Aron ŋu la, Yehowa gblɔ be ye ŋue wolĩ

    • Yh 6:​41-69—Yudatɔwo lĩ liʋiliʋĩ le Yesu ŋu; eƒe nusrɔ̃la aɖewo gblẽe ɖi

Mamawo; kɔmamãwo dodo ɖe ŋgɔ

Nu tsu ɖuɖu

Nya veamewo

Mt 5:22; 1Ko 6:​9, 10; Ef 4:31

Kpɔ 2Mo 22:28; Nyg 10:20; Yud 8

Ŋɔdzidodo na ame

Ef 6:9; 1Pe 2:23

Kpɔ Ps 10:​4, 7; 73:​3, 8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 4:​15-21—Sanhedrin la do ŋɔdzi na Yesu ƒe apostolowo ale be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa

Ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe; makɔmakɔnyenye; ahasiwɔwɔ

Kpɔ nyati si nye “Gbɔdɔdɔ Manɔsenu

Trɔ̃subɔsubɔ

Kpɔ nyati si nye “Trɔ̃subɔsubɔ

Ʋu zazã le mɔ gbegblẽ nu

1Mo 9:4; 5Mo 12:​16, 23; Dw 15:​28, 29

Kpɔ 3Mo 3:17; 7:26

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 14:​32-34—Israel-viwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu esime woɖu lã si ƒe ʋu womeɖuɖu nyuie o

Yakanyawo alo fefenya madzetowo gbɔgblɔ

Zãnunana alo zãnuxɔxɔ

2Mo 23:8; Ps 26:​9, 10; Lod 17:23

Kpɔ 5Mo 10:17; 16:19; Ps 15:​1, 5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 8:​1-5—Nyagblɔɖila Samuel viŋutsuwo mewɔ nu abe wo fofo ene o, woxɔ zãnu eye wotrɔ gbo nya dzɔdzɔe

    • Neh 6:​10-13—Yehowa ƒe futɔwo na zãnu alakpa nyagblɔɖila Semaya be wòado vɔvɔ̃ na Nutodziɖula Nehemiya ale be amewo nadzudzɔ Yehowa ƒe dɔa wɔwɔ