Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ɖeɖe

Srɔ̃ɖeɖe

Aleke srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa dze egɔmee?

Ame kae wòle be Kristotɔ natia be yeaɖe?

Nu ka tae dzila Kristotɔ aɖe mada asi ɖe edzi be ye vi naɖe ame aɖe si menye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ o?

1Ko 7:39; 2Ko 6:​14, 15

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 24:​1-4, 7—Abraham si tsi la di vevie be ye vi Isak naɖe srɔ̃ le Yehowa subɔlawo dome, ke menye le Kanaantɔ siwo subɔa mawu bubuwo la dome o

    • 1Mo 28:​1-4—Isak gblɔ na via Yakob be wòagaɖe Kanaan-nyɔnu o, ke boŋ wòaɖe Yehowa subɔla

Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne esubɔla aɖe ɖe dzimaxɔsetɔ?

5Mo 7:​3, 4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 11:​1-6, 9-11—Yehowa do dziku ɖe Fia Salomo ŋu vevie esi wògbe Yehowa ƒe mɔfiamewo eye wòɖe dutanyɔnu siwo trɔ eƒe dzi wòdze mawu bubuwo yome

    • Neh 13:​23-27—Abe Yehowa ene la, Nutodziɖula Nehemiya hã do dziku vevie eye wòhe to na Israel-ŋutsu siwo ɖe dutanyɔnuwo eye wòɖɔ wo ɖo

Nu ka tae nunya le eme be ame naɖe Yehowa subɔla si wɔa nuteƒe eye wònɔa agbe nyui?

Lod 18:22; 31:​10, 28

Kpɔ Ef 5:​28-31, 33

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 25:​2, 3, 14-17—Nabal nye kesinɔtɔ gake enye ŋlɔmitɔ si meɖɔ ʋu o, esia na be menye srɔ̃ŋutsu nyui na Abigail o

    • Lod 21:9—Ne ame aɖe ɖe ame si ƒe nɔnɔmewo menyo o la, makpɔ dzidzɔ o eye eƒe dzi madze eme hã o

    • Ro 7:2—Apostolo Paulo gblɔ be ne nyɔnu ɖe srɔ̃ la, eva nɔa srɔ̃a si mede blibo o ƒe ŋusẽ te, eya ta ele be nyɔnu si dze aɖaŋu nakpɔ nyuie le ame si wòalɔ̃ be yeaɖe ŋu

Dzadzraɖo na srɔ̃ɖeɖe

Nu ka tae wòle be ŋutsu nakpɔ egbɔ be yesu te nyuie akpɔ ƒome dzi hafi wòate srɔ̃ɖeɖe ŋu bubu?

1Ti 5:8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lod 24:27—Hafi ŋutsu aɖe naɖe srɔ̃ eye ɖewohĩ wòadzi vi la, ele be wòawɔ dɔ sesiẽ anɔ klalo na ƒome dzi kpɔkpɔ

Nu ka tae wòle be ame eve siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe naku nu me tso wo nɔewo ŋu eye woadze si wo nɔewo nyuie tsɔ wu be woƒe susu katã nanɔ wo nɔewo ƒe dzedzeme ko ŋu?

Lod 13:10; 1Pe 3:​3-6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ru 2:​4-7, 10-12—Boaz nya Rut nyuie esi wòlé ŋku ɖe ale si wòdoa vevie dɔ, ale si wòléa be na Naomi kple ale si wòlɔ̃ Yehowa ŋu, eye ese nya nyuiwo tso ame bubuwo hã gbɔ tso Rut ŋu

    • Ru 2:​8, 9, 20—Rut nya Boaz nyuie esi wòlé ŋku ɖe ale si Boaz nyoa dɔme kple ale si wòlɔ̃ Yehowae ŋu

Nu ka tae Yehowa di be ame siwo le ŋugbedodo me nalé wo ɖokui anɔ agbe dzadzɛ va se ɖe esime woɖe srɔ̃?

Ga 5:19; Kol 3:5; 1Te 4:4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lod 5:​18, 19—Srɔ̃tɔwo koe kpɔ mɔ awɔ lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna aɖewo

    • Haw 1:2; 2:6—Esi alẽkplɔla kple Sulam ɖetugbui la nɔ zɔzɔm la, woɖe lɔlɔ̃ fia wo nɔewo le mɔ si sɔ nu eye wonɔ dzadzɛ le woƒe nuwɔnawo me

    • Haw 4:12; 8:​8-10—Sulam ɖetugbuia nɔ agbe dzadzɛ, eɖu eɖokui dzi eye wònɔ abe abɔ si ƒe agbo wodo ene

Nu ka tae wòle be ŋutsu kple nyɔnu naɖe wo nɔewo le se nu?

Srɔ̃ŋutsu ƒe wɔƒe

Agba kae le srɔ̃ŋutsuwo dzi?

Ame ka ƒe kpɔɖeŋue wòle be srɔ̃ŋutsu nasrɔ̃ be wòate ŋu anye ƒome ƒe ta nyui?

Nu ka tae wòle be srɔ̃ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a eye wòase nu gɔme nɛ?

Kol 3:19; 1Pe 3:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 21:​8-12—Yehowa bia tso Abraham si be wòaɖo to Sara togbɔ be Abraham melɔ̃ ɖe Sara ƒe susu aɖe dzi o hã

    • Lod 31:​10, 11, 16, 28—Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ si ŋu woƒo nu tsoe le afi sia la srɔ̃ŋutsu meɖoa nu nɛ alo nɔa vodada dim le eŋu o, ke boŋ ekana ɖe edzi eye wòkafunɛ

    • Ef 5:33—Nya si gbɔgbɔ ʋa apostolo Paulo wòŋlɔ la ɖee fia be ele be srɔ̃nyɔnu nakpɔe be ye srɔ̃ lɔ̃ ye

Srɔ̃nyɔnu ƒe wɔƒe

Akpa vevi kae Yehowa di be srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo nawɔ?

Ðe akpa si srɔ̃nyɔnuwo wɔna ɖee fia be woda wo ɖe anyia?

1Mo 1:​26-28, 31; 2:18

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lod 1:8; 1Ko 7:4—Mawu na ŋusẽ aɖe sinu srɔ̃nyɔnuwo kple vidadawo le ƒomea me

    • 1Ko 11:3—Apostolo Paulo ɖe eme be ame sia me le tanyenye ƒe ɖoɖo aɖe te, negbe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ko

    • Heb 13:​7, 17—Le hamea me la, ele be ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nabɔbɔ wo ɖokuiwo na ame siwo le ŋgɔ xɔm eye woaɖo to wo

Aleke Kristotɔ srɔ̃nyɔnu si srɔ̃ mesubɔa Yehowa o ate ŋu ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ?

Aleke Kristotɔ srɔ̃nyɔnu ate ŋu ayi edzi ade bubu srɔ̃a ŋu?

Ef 5:33

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 18:12; 1Pe 3:​5, 6—Sara dea bubu deto srɔ̃a ŋu, eye wòbunɛ be enye yeƒe “aƒetɔ” alo yeƒe ta si Mawu ɖo

Srɔ̃nyɔnu ka tɔgbie wokafu le Biblia me?

Lod 19:14; 31:​10, 13-31

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 24:​62-67—Rebeka fa akɔ na srɔ̃a Isak le dadaa ƒe ku ta

    • 1Sa 25:​14-24, 32-38—Abigail tsɔ ɖokuibɔbɔ ɖe kuku na David be wòakpɔ nublanui na ye srɔ̃ movitɔ la, esia wɔe be Abigail kpɔ eƒe aƒemetɔwo ta

    • Es 4:​6-17; 5:​1-8; 7:​1-6; 8:​3-6—Fianyɔnu Esta de eƒe agbe afɔku me zi eve esi wòdo ɖe srɔ̃a si nye fia ŋkume evɔ womekpee o, eye wòɖe kuku nɛ be wòakpɔ Mawu ƒe amewo ta

Kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ

Biblia me mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woakpɔ kuxiwo gbɔ le srɔ̃ɖeɖea me?

Biblia me mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be susu si da sɔ ku ɖe ga ŋu nanɔ wo si?

Lk 12:15; Flp 4:5; 1Ti 6:​9, 10; Heb 13:5

Kpɔ nyati si nye “Ga” hã

Biblia me mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woanya ale si woawɔ nu kple woƒe ƒometɔwo kple wo srɔ̃wo ƒe ƒometɔwo?

Biblia me mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu le gbɔdɔnyawo me?

Nu ka tae wòle vevie be ame ƒe susu nanɔ srɔ̃a ƒe nyuiƒewo ŋu tsɔ wu eƒe gbagbãƒewo?

Nu ka tae wònyo be srɔ̃tɔwo nakpɔ kuxiwo gbɔ kaba le lɔlɔ̃ me tsɔ wu be woado dziku alé wo nɔewo ɖe dɔme?

Nu ka tae wòle be Kristotɔwo natsri dɔmedzoedodo, ɣlidodo, nya veame gbɔgblɔ kple ŋutasesẽ le ame ŋu kuraa?

Ne kuxi aɖe do mo ɖa la, nu kae wòle be wòanɔ vevie na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa?

Yayra kawoe srɔ̃tɔwo akpɔ ne woɖe mɔ Yehowa fia mɔ wo?

Mɔfiame siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu

Nu kae nye Yehowa ƒe mɔfiame ku ɖe gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋu?

Aleke wòle be Kristotɔwo nabu srɔ̃ geɖe ɖeɖe?

Aleke míewɔ nya be ŋutsu kple nyɔnu koe ate ŋu aɖe wo nɔewo?

Nu ka tae wòle be srɔ̃tɔwo nanɔ wo nɔewo gbɔ?

Nu ka ko dzie Kristotɔ ate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃a wòasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu?

Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne ame aɖe gbe srɔ̃a madzemadzee?

Ne ame srɔ̃ ku la, ɖe wòkpɔ mɔ agaɖe ame bubua?