Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Toɖoɖo

Toɖoɖo

Nu ka tae toɖoɖo le vevie?

2Mo 19:5; 5Mo 10:​12, 13; Nyg 12:13; Yak 1:22

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 15:​17-23—Nyagblɔɖila Samuel gbe nya na Fia Saul vevie le esi meɖo to Yehowa o ta; eyome ete gbe ɖe ale si toɖoɖo le veviea dzi

    • Heb 5:​7-10—Togbɔ be Yesu nye Mawu ƒe Vi si de blibo hã, eɖo to Fofoa esi amegbetɔwo na wòkpe fu vevie gɔ̃ hã

Nu kae wòle be Kristotɔ nawɔ ne ŋusẽtɔwo bia tso esi be wòagbe toɖoɖo Mawu?

Dw 5:29

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Da 3:​13-18—Hebrivi etɔ̃awo gbe be yewomade ta agu na Fia Nebukadnezar ƒe legbaa o togbɔ be wodo ŋɔdzi na wo be woawu wo hã

    • Mt 22:​15-22—Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woaɖo to dziɖuɖuwo le nu sia nu me negbe ɖe wobia tso wo si be woawɔ nu si Yehowa Mawu tsri

    • Dw 4:​18-31 —Togbɔ be ŋusẽtɔwo de se na apostoloawo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe hã, dzi nɔ wo ƒo woyi edzi gblɔ nya nyuia

Nu kae wòle be míawɔ be míate ŋu awɔ Yehowa ƒe sewo dzi ɣesiaɣi?

5Mo 6:​1-5; Ps 112:1; 1Yh 5:​2, 3

Kpɔ Ps 119:​11, 112; Ro 6:17

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ezr 7:​7-10—Nuteƒewɔla Ezra si nye nunɔla dzra eƒe dzi ɖo be yeate ŋu awɔ Mawu ƒe Sea dzi eye yeafia ame bubuwo hã. Esia nye kpɔɖeŋu nyui na dukɔa me tɔwo

    • Yh 14:31 —Yesu gblɔ susu si tae wòwɔa nu si tututu Fofoa de se nɛ be wòawɔ

Nu kae wòle be woaʋã mí míaɖo to Yehowa kple Yesu?

Aleke míaƒe toɖoɖo ɖenɛ fiana be xɔse le mía si?

Ro 1:5; 10:​16, 17; Yak 2:​20-23

Kpɔ 5Mo 9:23

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 6:​9-22; Heb 11:7—Noa ɖee fia be xɔse le ye si esi wòkpa aɖakaʋua abe ale si tututu Yehowa de se nɛ be wòawɔ ene

    • Heb 11:​8, 9, 17—Abraham ɖee fia be xɔse le ye si esi wòwɔ Yehowa ƒe nya dzi, ʋu le Ur eye wòlɔ̃ faa hã be yeatsɔ ye vi asa vɔ na Yehowa

Aleke Yehowa yraa ame siwo ɖoa toe?

Yr 7:23; Mt 7:21; 1Yh 3:22

Ne ame aɖe meɖo to o la, nu kae ate ŋu ado tso eme nɛ?

Ro 5:19; 2Te 1:​8, 9

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 2:​16, 17; 3:​17-19—Esi Adam kple Xawa meɖo to Yehowa Mawu o ta la, wobu woƒe Paradiso-ƒea, wova zu ame madeblibowo eye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa hã to wo ŋu

    • 5Mo 18:​18, 19; Dw 3:​12, 18, 22, 23—Yehowa gblɔe ɖi be Nyagblɔɖila aɖe si lolo wu Mose ado eye wòahe to na ame siwo maɖo toe o la vevie

    • Yud 6, 7—Mawudɔla dzeaglãwo kple Sodom kpakple Gomoratɔwo do dziku na Yehowa vevie le esi womeɖo toe o ta

Nu ka tae wòle be míaɖo to Yesu Kristo?

1Mo 49:10; Mt 28:18

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

Nu ka tae Kristotɔwo ɖoa to ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me?

Nu ka tae wòle be Kristotɔ srɔ̃nyɔnu nabɔbɔ eɖokui na srɔ̃a?

Nu ka tae wòle be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo?

Lod 23:22; Ef 6:1; Kol 3:20

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 37:​3, 4, 8, 11-13, 18—Ðekakpui Yosef ɖoa to fofoa eye wòyina vae sraa nɔvia ŋutsuwo kpɔna togbɔ be nɔviawo lé fui hã

    • Lk 2:51—Togbɔ be Yesu de blibo hã la, eyi edzi ɖo to edzila Yosef kple Maria siwo mede blibo o

Nu ka tae wòle be míaɖo to míaƒe dɔtɔwo ne amewo ƒe ŋku mele mía ŋu o gɔ̃ hã?

Nu ka tae Kristotɔwo ɖoa to dziɖuɖuwo?