Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsɔtsɔke

Tsɔtsɔke

Ðe Yehowa lɔ̃na faa tsɔna kena?

Ps 86:5; Da 9:9; Mik 7:18

Kpɔ 2Pe 3:9

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ps 78:​40, 41; 106:​36-46—Togbɔ be Israel-viwo ƒe nuwɔnawo te ɖe Yehowa dzi hã, etsɔe ke wo enuenu

    • Lk 15:​11-32—Yesu wɔ kpɔɖeŋu ku ɖe vifofo aɖe si kpɔ nublanui na via si dze aglã gake wòtrɔ dzi me la ŋu tsɔ ɖe ale si gbegbe Yehowa kpɔa nublanuii fia

Nu ka dzie Yehowa nɔa te ɖo tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí?

Yh 1:29; Ef 1:7; 1Yh 2:​1, 2

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Heb 9:​22-28—Apostolo Paulo na eme kɔ be Yesu ƒe ʋu dzi koe Yehowa anɔ te ɖo atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí

    • Nyɖ 7:​9, 10, 14, 15—Apostolo Yohanes gblɔ be wotsɔa “ameha gã” la ƒe nu vɔ̃ kea wo le esi woxɔ Yesu ƒe tafevɔsa dzi se ta

Ne míedi be Yehowa natsɔ ake mí la, nu kae wòle be míawɔ ne amewo dze agɔ le mía dzi?

Mt 6:​14, 15; Mr 11:25; Lk 17:​3, 4; Yak 2:13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hio 42:​7-10—Hafi Yehowa naɖe Hiob ƒe xaxawo ɖa eye wòayrae la, ebia tso esi be wòado gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃ siwo gblɔ nya manyomanyowo ɖe eŋu la ta

    • Mt 18:​21-35—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖee fia be ele vevie be míatsɔ ake amewo ne míedi be Yehowa natsɔ ake mí

Nu ka tae wòle vevie be míaʋu míaƒe nu vɔ̃ me eye míatrɔ dzi me?

Dw 3:19; 26:20; 1Yh 1:​8-10

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

Nu kawoe wòle be míawɔ ne míedi be Yehowa natsɔ míaƒe nu vɔ̃ ake mí?

Lod 28:13; Yes 55:7; Ef 4:28

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 21:​27-29; 2Kr 18:​18-22, 33, 34; 19:​1, 2—Esi wogbe nya na Fia Ahab la, ebɔbɔ eɖokui eye Yehowa kpɔ nublanui nɛ; gake esi eƒe nuwɔna ɖee fia be metrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ o ta la, Yehowa kpɔe be evɔ̃ɖi eye wòna wowui

    • 2Kr 33:​1-16—Fia Manase wɔ nu vɔ̃ gã geɖe gake esi wòtrɔ dzi me la, Yehowa tsɔe kee. Manase dze agbagba ɖe trɔ̃subɔsubɔ ɖa eye wòna dukɔa subɔ Yehowa tsɔ ɖee fia be yetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ

Aleke gbegbee Yehowa lɔ̃na faa be yeatsɔ ake nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me?

Ps 103:​10-14; Yes 1:18; 38:17; Yr 31:34; Mik 7:19

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Sa 12:13; 24:1; 1Fi 9:​4, 5—Togbɔ be Fia David wɔ nu vɔ̃ gãwo hã, Yehowa tsɔe kee esi wòtrɔ dzi me, eye wògblɔ emegbe be David nye ame dzɔdzɔe

Aleke Yesu lɔ̃ faa tsɔ ke amewo abe ale si Yehowa wɔnɛ ene?

Ps 86:5; Lk 23:​33, 34

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 26:​36, 40, 41—Le ɣeyiɣi si me Yesu di vevie be yeƒe nusrɔ̃lawo nanɔ ye ŋu la, wonɔ alɔ̃ dɔm; gake Yesu se egɔme na wo be ɖeɖie te wo ŋu

    • Mt 26:​69-75; Lk 24:​33, 34; Dw 2:​37-41—Petro gblɔ zi etɔ̃ sɔŋ be yemenya Yesu o, gake esi wòtrɔ dzi me la, Yesu tsɔe kee; esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, eɖe eɖokui fia Petro eye emegbe ede dɔ vevi aɖe asi nɛ be wòawɔ le hamea me

Aleke míewɔ nya be seɖoƒe li na Yehowa ƒe tsɔtsɔke?

Mt 12:31; Heb 10:​26, 27; 1Yh 5:​16, 17

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 23:​29-33—Yesu xlɔ̃ nu agbalẽfialawo kple Farisitɔwo be woadrɔ̃ ʋɔ̃nu wo woayi Gehena, si fia be woatsrɔ̃ wo ɖikaa

    • Yh 17:12; Mr 14:21—Yesu yɔ Yuda Iskariot be enye “tsɔtsrɔ̃vi” eye wògblɔ be ne ɖe womedzi yomemɔfiala sia kura o la, anye ne enyo nɛ wu

Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nalɔ̃ faa atsɔ amewo ƒe vodadawo ake wo?