Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tufafa

Tufafa

Aleke míewɔ nya be Yehowa fa tu?

Mt 11:​28, 29; Yh 14:9

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 19:12—Yehowa ƒo nu na nyagblɔɖila Eliya si dzi nu te ɖo la kple ‘gbe bɔbɔe si ɖi blewu’

    • Yon 3:10–4:11—Yona ƒo nu na Yehowa dzikutɔe, gake Yehowa gbɔ dzi ɖi nɛ eye wòfiae ale si wòakpɔ nublanui

Aleke míaɖee afia be míefa tu?

Lod 15:1; Ef 4:​1-3; Tit 3:2; Yak 3:​13, 17; 1Pe 3:15

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 4Mo 11:​26-29—Yosua gblɔ na nyagblɔɖila Mose be wòagbe nya na ŋutsu eve siwo nɔ nu wɔm abe nyagblɔɖilawo ene gake Mose ɖo nya ŋu nɛ tufafatɔe

    • Ʋɔn 8:​1-3—Ʋɔnudrɔ̃la Gideon ƒo nu na ame siwo di be yewoawɔ dzre kplii la tufafatɔe eye esia na woƒe dzi fa