Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔsetsakatsaka

Xɔsetsakatsaka

Mawu ɖekae subɔsubɔhawo katã subɔna?

Ðe subɔsubɔha vovovo siwo ƒe nufiafiawo to mɔ vovovowo la katã ƒe nu dzea Yehowa ŋua?

Mt 7:​13, 14; Yh 17:3; Ef 4:​4-6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yos 24:15—Yosua gblɔe eme kɔ be ele be míatiae nenye be míasubɔ Yehowa alo mawu bubuwo

    • 1Fi 18:​19-40—Yehowa to nyagblɔɖila Eliya dzi na eme kɔ be ame siwo di be yewoasubɔ Mawu vavã la naganɔ mawu bubuwo abe Baal ene subɔm o

Aleke Yehowa bua mawu bubuwo kple subɔsubɔ siwo wotsɔna na wo?

Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne amewo be yewole esubɔm gake wotsɔ nu siwo wòlé fui la tsaka woƒe subɔsubɔ?

Yes 1:​13-15; 1Ko 10:​20-22; 2Ko 6:​14, 15, 17

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Mo 32:​1-10—Israel-viwo ƒoe ɖe Aron nu wòwɔ sikanyivi na wo eye wogblɔ be yewole ‘azã ɖum na Yehowa,’ esia na Yehowa do dziku vevie

    • 1Fi 12:​26-30—Esi Fia Yeroboam medi be dukɔa nayi gbedoxɔa me le Yerusalem avae subɔ o ta la, ewɔ legbawo eye wògblɔ be wole tsitre ɖi na Yehowa; esia he dukɔa de nu vɔ̃ gã aɖe me

Nu kae Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woawɔ ale be woagasubɔ trɔ̃wo abe dukɔ bubuwo ene o?

Aleke Yehowa wɔ nui esi eƒe amewo ƒo wo ɖokui ɖe dukɔ bubuwo ƒe subɔsubɔnuwɔnawo me?

Ʋɔn 10:​6, 7; Ps 106:​35-40; Yr 44:​2, 3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 11:​1-9—Dutanyɔnu siwo Fia Salomo ɖe la ƒoe ɖe enu wòdo mawu bubuwo subɔsubɔ ɖe ŋgɔ le dukɔa me; esia do dziku na Yehowa

    • Ps 78:​40, 41, 55-62—Asaf ɖɔ ale si Israel-viwo ƒe aglãdzedze kple trɔ̃subɔsubɔ te ɖe Yehowa dzi eye wògbe nu le wo gbɔ

Aleke Yesu wɔ nu ɖe subɔsubɔhawo ƒe nufiafia siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nyaa o ŋu?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 16:​6, 12—Yesu tsɔ Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe nufiafiawo sɔ kple amɔwɔʋãnu elabe nufiafia mawo kakana kabakaba eye wogblẽa nu le nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me la ŋu

    • Mt 23:​5-7, 23-33—Yesu bu fɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe woƒe ameŋkumenuwɔwɔ kple nufiafia totroawo ta

    • Mr 7:​5-9—Yesu ʋu go agbalẽfialawo kple Farisitɔwo elabe wowɔna ɖe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi wu Mawu ƒe Nyaa

Ðe Yesu di be ye yomedzelawo naɖo subɔsubɔha vovovowoa?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yh 15:​4, 5—Yesu wɔ kpɔɖeŋu tso wainti ŋu tsɔ fia ale si wòle be ɖekawɔwɔ nanɔ eyomedzelawo dome kple ale si woawɔ ɖeka kplii

    • Yh 17:​1, 6, 11, 20-23—Le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, edo gbe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta be woawɔ ɖeka

Ðe Kristo hame vovovo siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me xɔ nu ɖeka dzi se eye wosubɔ Yehowa le mɔ ɖeka nua?

Dw 16:​4, 5; Ro 12:​4, 5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 11:​20-23, 25, 26—Hame siwo nɔ Antiokia kple Yerusalem wɔ ɖeka eye wowɔ nu aduadu

    • Ro 15:​25, 26; 2Ko 8:​1-7—Kristotɔwo ƒe hame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dzɔ nu be woatsɔ ana kpekpeɖeŋu wo nɔviwo; esia ɖee fia be lɔlɔ̃e na Kristotɔawo wɔ ɖeka

Ne amewo gblɔna kple nu ko be yewoxɔ Kristo dzi se la, ɖe ema fia be woƒe subɔsubɔ dzea Mawu ŋua?

Ne amewo melɔ̃ ɖe nu siwo Kristo kple apostoloawo fia dzi o la, ɖe woƒe subɔsubɔ adze Mawu ŋua?

Dw 20:​29, 30; 1Ti 4:​1-3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 13:​24-30, 36-43—Yesu tsɔ alakpa Kristotɔwo sɔ kple gbe vɔ̃ɖi siwo miena ɖe nuku nyuiwo dome eye wògblɔ be alakpa Kristotɔwo ado eye woaxɔ hamea me

    • 1Yh 2:​18, 19—Kaka ƒe alafa gbãtɔ nawu enua, apostolo tsitsi Yohanes gblɔ be Kristo ƒe futɔ geɖewo do xoxo

Ne woɖe mɔ na ame siwo fiaa alakpadzixɔsewo eye womeɖoa to Kristo o be woanɔ hamea mea, nu kae adzɔ?

Nu kae wòle be Kristotɔwo nawɔ be woayi edzi awɔ ɖeka?

Nu ka tae wòle be Kristotɔwo naƒo asa na alakpasubɔsubɔ?

Nu ka tae wòsɔ be woaklo nu le subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo dzi?

Ne alakpasubɔsubɔha me tɔwo tsi tre ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ŋu eye wotia emenɔlawo yome la, nu ka tae mele be wòawɔ nuku na mí o?