Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Kristo

Yesu Kristo

Akpa vevi ka wɔmee Yesu le be Yehowa ƒe tameɖoɖowo nava eme?

Dw 4:12; 10:43; 2Ko 1:20; Flp 2:​9, 10

Kpɔ Lod 8:​22, 23, 30, 31; Yh 1:10; Nyɖ 3:14

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 16:​13-17—Apostolo Petro de dzesii be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi

    • Mt 17:​1-9—Yesu ƒe apostolo etɔ̃ aɖewo kpɔ ale si Yesu ava nɔ eƒe ŋutikɔkɔe me la ƒe ŋutega aɖe eye wosee Yehowa gblɔ be Yesue nye ye Vi

Nu kae ɖee fia be Yesu nye ame vevi aɖe?

Yh 8:58; 14:​9, 10; Kol 1:​15-17; 1Pe 2:22

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 21:​1-9—Esi Yesu do tedzi ge ɖe Yerusalem la, ena nyagblɔɖi si ku ɖe Mesia Fia si Yehowa tia ŋu la va eme

    • Heb 7:​26-28—Apostolo Paulo na míekpɔ ale si Yesu si nye Nunɔla Gãtɔ Kekeake la to vovo na nunɔla bubuwo

Nu kae nukunu siwo Yesu wɔ la fia mí tso eya ŋutɔ kple Fofoa ŋu?

Yh 3:​1, 2; 5:36

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 4:​23, 24—Yesu ɖee fia be ŋusẽ le ye si wu gbɔgbɔ vɔ̃wo eye yeate ŋu ada dɔléle ƒomevi ɖe sia ɖe hã

    • Mt 14:​15-21—Yesu zã abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve ko tsɔ nyi ame akpe siwo dɔ nɔ wuwum la nukutɔe

    • Mt 17:​24-27—Yesu na Petro kpɔ ga nukutɔe vae xe adzɔ ale be amewo nagakpɔ nuɖiaɖia le yewo ŋu o

    • Mr 1:​40, 41—Anyidzela aɖe ƒe nu wɔ nublanui na Yesu eye wòda dɔ nɛ; esia ɖee fia be Yesu di vevie be yeada dɔ na dɔnɔwo

    • Mr 4:​36-41—Yesu na ya sesẽ aɖe dze akɔ anyi, eye esia ɖee fia be Fofoa nɛ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmenuwo gɔ̃ hã dzi

    • Yh 11:​11-15, 31-45—Yesu fa avi esi exɔlɔ̃ Lazaro ku eye emegbe wòfɔe; esia na míekpɔe be Yesu lé fu ku kple nu siwo wògblẽna le amewo ŋu

Nya vevi kae Yesu ɖe gbeƒãe?

Nɔnɔme nyui siwo Yesu ɖe fia esi wònɔ anyigba dzi la dometɔ aɖewo ɖe? De dzesi ale si wòɖee fia be ye nye . . .

Ame si bɔbɔa eɖokui—Mt 11:29; 20:28; Yh 13:​1-5; Flp 2:​7, 8

Ame si dze nunya—Mt 12:42; 13:54; Kol 2:3

Ame si ɖoa to—Lk 2:​40, 51, 52; Heb 5:8

Ame si ƒo dzi le—Mt 4:​2-11; Yh 2:​13-17; 18:​1-6

Ame si lɔ̃ ame—Yh 13:1; 14:31; 15:13; 1Yh 3:16

Ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe—Mt 13:2; Mr 10:​13-16; Lk 7:​36-50

Ame si sea veve ɖe ame nu; kpɔa nublanui na ame—Mr 5:​25-34; Lk 7:​11-15

Nu ka tae Yesu lɔ̃ faa be yeaku ɖe mía ta, eye aleke eƒe vɔsakua ɖe vi na míi?

Nu ka tae wòle be míakpɔ dzidzɔ be Yesu Kristo le Fia ɖum le dziƒo?

Ps 72:​12-14; Da 2:44; 7:​13, 14; Nyɖ 12:​9, 10

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ps 45:​2-7, 16, 17—Psalmo sia ɖee fia be Fia si Mawu ɖo la aɖu eƒe futɔwo katã dzi eye wòaɖu fia le nyateƒe kple ɖokuibɔbɔ kpakple dzɔdzɔenyenye me

    • Yes 11:​1-10—Ne Yesu va le fia ɖum ɖe anyigba dzi la, paradiso axɔ afi sia afi eye amewo anɔ ŋutifafa me

Nu kae Yesu awɔ kpuie?