Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ɣeyiɣi Si Me Yehowa Ðo Ʋɔnudrɔ̃lawo’

‘Ɣeyiɣi Si Me Yehowa Ðo Ʋɔnudrɔ̃lawo’

Ɣeyiɣi Si Me Yehowa Ðo Ʋɔnudrɔ̃lawo’

ÀTE ŋu akpɔ Tabor-to (Ɛ4) le anyigbatataa dzi bɔbɔe—ele Galilea-ƒua ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome, le Yezreel-bali me. Dze agbagba nàkpɔe ɖa le susu me be aʋakɔ si me asrafo 10,000 le la ƒo ƒu ɖe toa tame. Yehowa zã Ʋɔnudrɔ̃la Barak kple nyɔnunyagblɔɖila Debora be woaƒo Israel-viwo nu ƒu aho ɖe Kanaantɔwo ƒe Fia Yabin, si te wo ɖe anyi ƒe 20 sɔŋ ŋu. Le aʋafia Sisera ƒe kpɔkplɔ te la, Yabin ƒe gatasiaɖam 900 siwo nu yi ɖaɖɛwo le la ho tso Xaroset va Kison-tɔʋu si me tsiwo mie ƒe gbadzaƒe, si le Megido kple Tabor toawo domee.

Ʋɔnudrɔ̃la Barak kplɔ Israel-viwo yi tɔʋua me be woaɖakpe kple Sisera ƒe aʋakɔwo. Yehowa na woɖu aʋa dzi to tɔɖɔɖɔ gã si wòɖo ɖa dzi, si ɖe Sisera ƒe tasiaɖamwo le vome, ale be dzidzi ƒo Kanaantɔwo. (Ʋɔ 4:1–5:31) Esiae nye aʋa siwo dzi Mawu na Israel-viwo ɖu le Ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli la dometɔ ɖeka ko.

Le Kanaan dzi ɖuɖu vɔ megbe la, woma anyigba la na Israel-viwo ƒe toawo. De dzesi teƒe si to vovovoawo siwo menye Lewi-viwo ƒe towo o la nɔ. Simeon to sue la xɔ dugã siwo nɔ Yuda nutowo me. Le Yosua ƒe ku megbe la, dukɔa yi to le gbɔgbɔ me kple le agbenyuinɔnɔ me. Israel va “ɖo xaxa me ŋutɔ,” woƒe futɔwo te wo ɖe anyi vevie. Yehowa wɔ nu ɖe wo ŋu nublanuikpɔkpɔtɔe to ‘ʋɔnudrɔ̃lawo ɖoɖo na wo me’—siwo nye ŋutsu 12 siwo si xɔse kple dzideƒo nɔ—amesiwo xɔ na Israel-viwo le ƒe 300 me.—Ʋɔ 2:15, 16, 19.

Ʋɔnudrɔ̃la Gideon zã asrafo kalẽtɔ 300 pɛ siwo mezã aʋawɔnu boo aɖeke o tsɔ ɖu Midiantɔwo ƒe aʋawɔla 135,000 dzi. Teƒe si wowɔ aʋaa le nɔ Gilboa-toa kple More domee. Le aʋadziɖuɖu gbãtɔ megbe la, Gideon yi edzi ti futɔawo yome yi ɣedzeƒe, vaseɖe tagba ke.—Ʋɔ 6:1–8:32.

Yefta, si nye Gileadtɔ tso Manase toa me, ɖe Israel-viwo ƒe du siwo nɔ Yordan ƒe ɣedzeƒe gome tso Amonitɔwo ƒe ameteteɖeanyi te. Hafi Yefta nava ɖu aʋa dzi la, anɔ eme be fia ƒe Mɔ Gã La, si tso Ramot-Gilead yi Aroer, dzie wòto.—Ʋɔ 11:1–12:7.

Gaza kple Askalon ƒe ƒuta nutoawo mee Simson dze Filistitɔwo dzi le. Gaza le nuto si me tsi dzana le nyuie me eye wònye teƒe nyanyɛ si agblemenuwo wɔna le nyuie. Simson zã abei 300 tsɔ tɔ dzo Filistitɔwo ƒe lu kple wein gblewo kpakple amitibɔwo.—Ʋɔ 15:4, 5.

Abe alesi Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo alo to siwo me ʋɔnudrɔ̃lawo tso ɖee fia ene la, edze ƒã be ʋɔnudrɔ̃lawo do vevie nu le woƒe dɔwɔwɔwo me le Ŋugbedodonyigba bliboa katã dzi. Eɖanye teƒe ka kee Yehowa ƒe ame siwo trɔ dzime la ɖo afɔku me le o, ekpɔ wo ta le xaxaɣiwo.

[Anyigbatata si le axa 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Israel-viwo Ƒe Towo Kple Ʋɔnudrɔ̃lawo

Ʋɔnudrɔ̃lawo

1. Otniel (Manase-to)

2. Ehud (Yuda-to)

3. Samgar (Yuda-to)

4. Barak (Naftali-to)

5. Gideon (Isakar-to)

6. Tola (Manase-to)

7. Yair (Manase-to)

8. Yefta (Gad-to)

9. Ibzan (Zebulon-to)

10. Elon (Zebulon-to)

11. Abdon (Efrayim-to)

12. Simson (Yuda-to)

Anyigba si Woka na Toawo (Kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

Manase-viwo ƒe Dugãwo

E4 Dor

E5 Megido

E5 Tanax

Ɛ4 En-Dor

Ɛ5 Bet-Sean (Bet-San)

Ɛ5 Yibleam (Gat-Rimon)

Simeon-viwo Ƒe Dugãwo

D9 Saruxen (Saarayim) (Silxim)

D10 Bet-Lebaot (Bet-Birei)

Ð8 Eter (Toxen)

Ð9 Ziklag

Ð9 Ain

Ð9 Hazar-susah?

Ð9 Asan

Ð9 Beer-Seba

Ð10 Xazar-Susa?

E9 Etam

E9 Bet-Markabot

E9 Betuel? (Kesil?)

E9 Seba? (Yesua)

E10 Baalat-Beer (Baal)

E10 Ezem (Azem)

Lewi-viwo ƒe Sitsoƒeduwo

E8 Xebron

Ɛ3 Kedes

Ɛ6 Sixem

Ƒ4 Golan

Ƒ5 Ramot-Gilead

Ƒ8 Bezer

Mɔ Gãwo

B10 Via Maris

F10 Fia Ƒe Mɔ

Israel-viwo Ƒe Towo

DAN (D7)

Ð7 Yope

E8 Zora

YUDA (D9)

D8 Askalon

D9 Gaza

D9 Saruxen (Saarayim) (Silxim)

D10 Bet-Lebaot (Bet-Birei)

D12 Azmon

D12 Kades

Ð7 Yabneel

Ð8 Eter (Toxen)

Ð9 Ziklag

Ð9 Ain

Ð9 Hazar-Susah?

Ð9 Asan

Ð9 Beer-Seba

Ð10 Hazar-shual

E8 Lexi

E8 Betlehem

E8 Xebron

E9 Etam

E9 Bet-Markabot

E9 Betuel? (Kesil?)

E9 Seba? (Yesua)

E10 Baalat-Beer (Baal)

E10 Ezem (Azem)

Ɛ8 Yerusalem

ASER (E3)

E2 Tixo

E4 Xaxoset

E4 Dor

Ɛ1 Sidon

MANASE (E5)

E6 Samir (Samaria)

E6 Piraton

Ɛ6 Sixem

F5 Abel-Mexola

EFRAYIM (E7)

E7 Timnat-Serax

Ɛ6 Tapuax

Ɛ6 Silo

Ɛ7 Betel (Luz)

NAFTALI (F3)

Ɛ2 Bet-Anat

Ɛ3 Kedes

F3 Xazor

ZEBULON (F4)

E4 Betlexem

ISAXAR (F5)

E5 Megiddo

E5 Kedesh (Kishion)

E5 Tanax

Ɛ4 En-Dor

Ɛ5 Bet-Sita

Ɛ5 Bet-Sean (Bet-San)

Ɛ5 Yibleam (Gat-Rimon)

BENYAMIN (F7)

Ɛ7 Gilgal

DAN (G2)

F2 Dan (Lais)

MANASE (H3)

Ƒ4 Golan

GAD (H6)

F6 Sukot

F6 Pniel

F6 Mizpa (Mizpe)

F7 Yogbeha

Ƒ5 Ramot-Gilead

Ƒ7 Raba

Ƒ7 Abel-Keramim

RUBEN (H8)

F7 Xesbon

F9 Aroer

Ƒ7 Minit

Ƒ8 Bezer

[Teƒe bubuwo]

G1 Damasko

[Towo]]

Ɛ4 Tabor-to

Ɛ4 More

Ɛ5 Gilboa-to

Ɛ6 Ebal-to

Ɛ6 Gerizim-to

[Tɔwo]

D5 Mediterranea-ƒu (Ƒu Gã La)

Ɛ9 Dzeƒu

F4 Galilea-ƒu

[Tɔsisiwo kple Tɔʋuwo]

B11 Egipte-tɔʋu

Ɛ6 Yordan-tɔsisi

F6 Yabok-tɔʋu

F9 Arnon-tɔʋu

F11 Zered-tɔʋu

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Tabor-to, si le Isaxar ƒe nutowo me, le Yezreel-balia me

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Kison tɔɖɔɖɔa ɖe Sisera ƒe tasiaɖamwo