Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia-Nyigbawo

Biblia-Nyigbawo

Biblia-Nyigbawo

ESIME Israel-viwo nɔ dzadzram ɖo na Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi la, Mose ɖe eƒe didi vevie gblɔ na Mawu be: ‘Na mayi dzro, bena maɖakpɔ anyigba nyui la le Yordan godo kple tonyigba nyui siawo ɖa.’—Mo V, 3:25.

Togbɔ be womeɖe mɔ na Mose wòde anyigba ma dzi o hã la, elia to si dze ŋgɔ Yerixo eye wòkpɔ anyigba la—‘tso Gilead vaseɖe Dan kple Yuda ƒe anyigba vaseɖe ɣetoɖoƒe ƒua nu kpakple Negeb kple Yordan-bali me.’ (Mo V, 3:27; 34:1-4) Èse ŋkɔ mawo kpɔa? Ènya teƒe siwo wolea?

Yehowa subɔlawo dometɔ akpa gãtɔ mate ŋu azɔ mɔ ayi teƒe geɖe siwo ŋu woxlẽa nu tsoe le Biblia me o. Womete ŋu wɔa nusi Mawu gblɔ be yeana Abraham nawɔ, be wòazɔ mɔ atsa le Ŋugbedodonyigba la ƒe anyiehe, dziehe, ɣedzeƒe, kple ɣetoɖoƒe o. (Mo I, 13:14-17) Ke hã enye Kristotɔ vavãwo ƒe didi vevie be yewoanya nu tso Biblia-nyigbawo ŋu eye be yewoakpɔ alesi wodo ka kple wo nɔewoe.

‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ nye nusi nàte ŋu azã be wò Ŋɔŋlɔawo gɔmesese nagade to ɖe edzi. Teƒeawo tututu ƒe fotowoe le eme, abe Gilead, si dze le agbalẽa ƒe akpaa dzi ene. Nusi aɖe vi na wò geɖe enye anyigbatatawo, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàganya nu geɖe wu tso teƒe siwo woyɔ le Biblia me ŋu.

Anyigbatata si le axa 2 lia kple 3 lia ku ɖe anyigba alo nuto gãwo koŋ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ède dzesi afisi Asiria (alo Asur), kple Egipte le na Ŋugbedodonyigbaa la, àte ŋu ase nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso anyigba mawo ŋu gɔme nyuie wu. (Yes 7:18; 27:13; Ho 11:11; Mix 7:12) Anyigba sue legbe si woyɔna be Ŋugbedodonyigba la nɔ afisi blematɔwo ƒe asimɔ geɖe va do go le, eye dukɔ bubuwo di vevie be yewoaxɔ anyigba sia si dzi nukuwo, weinkawo, kple amitiwo wɔna le nyuie la.—Mo V, 8:8; Ʋɔ 15:5.

Àdi be yeatsɔ anyigbatatawo asɔ kple wo nɔewo ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, woɖo Yona ɖe Asiria ƒe fiadu me, gake ezɔ mɔ tso ƒu yi ɖe Tarsis. (Yon 1:1-3) Èkpɔ du mawo le anyigbatata gbãtɔ dzia? Gake mele be míawɔ vodada atsɔe be Tarsis ye nye Tarso afisi wodzi apostolo Paulo le o. Àkpɔ Tarso kple du nyanyɛ bubuwo le anyigbatata si le afisia dzi.

De ŋugble le teƒe siwo Abraham zɔ mɔ to kple mɔa ƒe didime ŋu esi nèle dzesi dem Ur, Xaran, kple Yerusalem. Esi Yehowa yɔe tso Ur vɔ megbe la, eyi va nɔ Xaran, emegbe eʋu yi Ŋugbedodonyigba la dzi. (Mo I, 11:28–12:1; Dɔ 7:2-5) Abraham ƒe mɔzɔzɔa agatsi susu me na wò geɖe wu ne èsrɔ̃ akpa si nye “Blemafofowo ƒe Xexeame,” le axa 6-7.

Anyigbatata gbãtɔ kple esi dze le afisia meku ɖe ɣeyiɣi aɖeke koŋ ŋu o. Gake le eve siawo yome la, woɖo anyigbatatawo ƒe akpa gãtɔ ɖe ɣeyiɣikɔntabubu nu. Dugã alo nu bubu siwo dze le anyigbatata aɖe dzi la ku ɖe alesi nuwo nɔ le ɣeyiɣi aɖe koŋ me ŋu. Togbɔ be Teƒewo Diƒe (axa 34-35) meyɔ teƒe ɖesiaɖe si dze le anyigbatatawo dzi o hã la, zi geɖe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ anyigbatata siwo ku ɖe nusi tututu ƒe numekuku wɔm nèle ŋu.

Ŋugbedodonyigba la ƒe duwo kple dugãwo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ dze le anyigbatata si le agbalẽa titina (axa 18-19) dzi. Anyigbatata ƒe Dzesifianuwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ Lewi-viwo ƒe dugãwo kple dugã ade siwo nye sitsoƒeduwo, eye akpe ɖe ŋuwò hã nànya ne woyɔ du aɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me loo alo le Hela Ŋɔŋlɔawo me, alo le evea siaa me.

Afisi tututu teƒe siwo woyɔ le Biblia me nɔ la dometɔ aɖewo mele nyanya na mí fifia o, eyata geɖe ƒe ŋkɔ medze le anyigbatata si le titina dzi o. Gakpe ɖe eŋu la, míete ŋu de dugã kple duvi ɖesiaɖe, abe du siwo katã ɖe liƒo kple tokɔ vovovoawo ene, la anyigbatataa dzi o. (Yos, ta 15-19) Ke hã dugã bubu siwo tsɔ du mawo gbɔ dze le anyigbatataa dzi, si ana nàte ŋu anya afisi lɔƒo du aɖe anya nɔ. Wode dzesi nanewo le anyigba la dzi (towo, tɔsisiwo, kple tɔʋuwo ƒe baliwo) kple afisiwo nye kɔkɔƒewo, gbadzaƒewo, kple balimewo wòle amadede me. Nu vovovo siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ Biblia me nudzɔdzɔ aɖewo ƒe nɔnɔmetata le susu me.

Àte ŋu akpɔ nyatakaka geɖe ku ɖe afisi Biblia-nyigbawo le ŋu le numekugbalẽ si nye Insight on the Scriptures, si wota ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me la me. a Ne èle numekugbalẽ ma kple Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo zãm la, na agbalẽ sia si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ nanɔ asitsɔƒe na wò. Zãe esime nèle Ŋɔŋlɔawo, siwo katã nye viɖenu le wò agbe me, srɔ̃m.—Ti II, 3:16, 17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka si le axa 5]

WOŊLƆ BIBLIA-GBALẼWO LE

Babilon

Kaisarea

Korinto

Egipte

Efeso

Yerusalem

Makedonia

Moab

Ŋugbedodonyigba La

Roma

Susa

[Anyigbatata si le axa 4, 5]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Biblia-nyigbawo Kple Dugã Veviwo

A1 ITALIA

A2 ROMA

A3 SICILY

A3 MELITE

D2 MAKEDONIA

D2 Filipi

D2 HELA

D3 ATENE

D3 Korinto

D3 KRETA

D4 LIBIA

Ð3 Antioxia (le Pisidia)

Ð3 Efeso

Ð3 PATMO

Ð3 RODO

Ð4 MEMPHIS

Ð5 EGIPTE

E2 ASIA SUE

E3 Tarso

E3 Antioxia (le Siria)

E3 KIPRO

E4 Zidon

E4 Damasko

E4 Tiro

E4 Kaisarea

E4 ŊUGBEDODO-NYIGBA LA

E4 YERUSALEM

E4 MOAB

E4 Kades

E4 EDOM

Ɛ3 Eden-bɔ?

Ɛ3 ASIRIA

Ɛ3 Xaran

Ɛ3 SIRIA

Ɛ5 ARABIA

G3 NINIWE

Ɛ4 BABILON

Ɛ4 KALDEA

Ɛ4 SUSA

Ɛ4 Ur

Ƒ3 MEDIA

[Towo]

E5 Sinai-to

Ɛ2 ARARAT-TOWO

[Tɔwo]

D3 Mediterranea-ƒu (Ƒu Gã La)

E1 Ƒuyibɔa

E5 Ƒudzĩa

Ƒ2 Caspian-ƒu

Ƒ5 Persia-ƒukɔme

[Tɔsisiwo]

Ð5 Nil-tɔsisi

Ɛ3 Frat-tɔsisi

Ɛ3 Tigris-tɔsisi