Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Blemafofowo Ƒe Xexeame

Blemafofowo Ƒe Xexeame

Blemafofowo Ƒe Xexeame

STEFANO dze nuƒo xɔŋkɔ aɖe gɔme si me wòyɔ anyigba ƒe teƒe nyanyɛ aɖewo ŋkɔ le, be: ‘Yehowa ɖe eɖokui fia mía fofo Abraham, esime wònɔ Mesopotamia, hafi wòva nɔ Xaran, eye wògblɔ nɛ bena: Ʋu nàyi anyigba, si mafia wò la dzi.’ (Dɔ 7:1-4) Sedede siae nye gɔmeɖoanyi na nu vevi siwo dzɔ le Ŋugbedodonyigba la dzi siwo ku ɖe Abraham, Isak, kple Yakob ŋu, wònye nudzɔdzɔ siwo do ƒome kple Mawu ƒe tameɖoɖo be yeayra ameƒomea.—Mo I, 12:1-3; Yos 24:3.

Mawu yɔ Abraham (alo, Abram) tso Kaldeatɔwo ƒe du si nye Ur, du si me kesinɔnuwo bɔ ɖo si nɔ Frat-tɔsisia to le ɣedzeƒe gome la me. Afikae Abraham azɔ mɔa atoe? Tso Kaldea, si nye nuto si wogayɔna be Sumer alo Sinear la, ɖewohĩ anɔ bɔbɔe wu be wòazɔ mɔa aɖo ta ɣetoɖoƒe gome tẽ. Gake nukata wòɖo ta dziehe yi keke Xaran ke?

Ur le Anyigba Gobaa Wɔnu la ƒe ɣedzeƒe gome ɖaa lɔƒo, si nye nuto si keke tso Palestina va ɖo anyigba si le Tigris kple Frat tɔsisiawo domee. Ðewohĩ tsã la, yame ƒe nɔnɔmewo de ame dzi wu le nuto sia me. Anyigba gobaa la ƒe anyigbe gomee Siria kple Arabia Gbedzi, teƒe si togbɛ siwo nye akalokpe kple tagba siwo dzi ke sɔ gbɔ ɖo, la le. The Encyclopædia Britannica gblɔ be dzogbe ma nye “mɔxenu gã si tsotso sesẽ ŋutɔ” le Mediterranea-ƒuta kple Mesopotamia domee. Ðewohĩ asitsaha aɖewo tsoa dzogbemɔ ma tso Frat-tɔsisia gbɔ yia Tadmor eye wotɔa edzi yia Damasko, gake Abraham ya mekplɔ eƒe ƒomea kple lãhawo to dzogbemɔ ma dzi o.

Ke boŋ Abraham zɔ mɔa to Frat-tɔsisia ƒe bali me mɔ ɖo ta dziehe yi Xaran. Tso afima ate ŋu ato asimɔ aɖe ayi tɔtsoƒe si le Karkemis eye wòayi mɔzɔzɔa dzi aɖo ta anyiehe ava to Damasko ayi teƒe si wova na ŋkɔe emegbe be Galilea-ƒua nu. Ƒutamɔ La to Megido yi kaka va ɖo Egipte. Gake Abraham zɔ mɔa to Samaria towo dzi, eye mlɔeba wòva nɔ avɔgbadɔ me le Sixem. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eyi mɔzɔzɔa dzi to tonyigbamɔ ma dzi ɖo ta anyiehe. Àte ŋu ade dzesi eƒe mɔzɔzɔa ne èle Mose I, 12:8–13:4 xlẽm. De dzesi teƒe bubu siwo wòto nuteƒekpɔkpɔ vovovowo me le: Dan, Damasko, Xoba, Mamre, Sodom, Gerar, Beer-Seba kple Moria (Yerusalem).—Mo I, 14:14-16; 18:1-16; 20:1-18; 21:25-34; 22:1-19.

Anyigba la ƒe nɔnɔme aɖewo gɔmesese ana be nusiwo dzɔ le Isak kple Yakob ƒe agbenɔɣiwo me nakɔ na mí wu. Le kpɔɖeŋu me, esime Abraham nɔ Beer-Seba la, afikae wòdɔ eƒe dɔla ɖo be wòava di srɔ̃ na Isak le? Le dziehe gome ɖaa le Mesopotamia (si gɔmee nye “Anyigba si Le Tɔsisiwo Dome”) yi Paddan-aram nutome. Eyome bu mɔ teɖeɖiameŋu si gbegbe Rebeka zɔ esi wònɔ kposɔ dzi va ɖo Negeb nutome, le afisi ɖewohĩ te ɖe Kades ŋu, heva do go Isak le ŋu kpɔ.—Mo I, 24:10, 62-64.

Ɣeyiɣi aɖe megbe wo vi Yakob (Israel) hã zɔ mɔ didi ma tɔgbe be yeava ɖe nyɔnu si nye Yehowa subɔla. Yakob to mɔ si to vovo vie esi wòtrɔ gbɔna eƒe anyigba dzi. Esi Yakob tso Yabok-tɔsisia le afisi gogo Penuel vɔ la, ete kame kple mawudɔla aɖe. (Mo I, 31:21-25; 32:3, 23-31) Esau do goe le nuto ma me eye emegbe wo dometɔ ɖesiaɖe lé eƒe mɔ va nɔ nuto bubu me.—Mo I, 33:1, 15-20.

Esi wodɔ Yakob vinyɔnu Dina gbɔ sesẽe le Sixem megbe la, Yakob ʋu yi Betel. Àte ŋu akpɔ keke afisi Yakob viŋutsuwo kplɔ eƒe alẽwo yii be woava ɖu gbe kple afisi Yosef va ke ɖe wo ŋu le mlɔeba la ƒe didime le susu mea? Anyigbatata sia (kple esi le axa 18-19) ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ alesi Betel didi tso Dotan gbɔe. (Mo I, 35:1-8; 37:12-17) Yosef nɔviŋutsuwo dzrae na asitsala siwo nɔ mɔ zɔm ɖo ta Egipte. Mɔ kae nèbu be woto yina si va ʋu mɔ ɖi na Israel-viwo ƒe Egipte yiyi kple woƒe Ʋuʋu dzo le afima ƒe nudzɔdzɔwo mlɔeba?—Mo I, 37:25-28.

[Anyigbatata siwo le axa 7]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Abraham ƒe Mɔzɔzɔwo (kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

Isak ƒe Mɔzɔzɔwo (kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

Yakob ƒe Mɔzɔzɔwo (kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

Mɔ Gãwo (kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

Blemafofowo (woƒe mɔzɔzɔwo)

A4 GOSEN

A5 EGIPTE

B4 SUR

B5 PARAN

D3 Damasko

D3 Dan (Lais)

D4 Sixem

D4 Betel

D4 Xebron (Kiryat-Arba)

D4 Gerar

D4 Beer-Seba

D4 SEIR

D4 Kades

D5 EDOM

Ð1 Karkemis

Ð2 Tadmor

Ð3 Xoba

E1 PADDAN-ARAM

E1 Xaran

Ɛ2 MESOPOTAMIA

F1 Niniwe

F2 ANYIGBA GOBAA WƆNU

F3 Babilon

Ƒ4 KALDEA

Ƒ4 Ur

[Towo]]

D4 Moria

[Tɔwo]

B3 Mediterranea-ƒu (Ƒu Gã La)

[Tɔsisiwo]

E2 Frat

F2 Tigris

Blemafofowo (le Ŋugbedodonyigba dzi)

KANAAN

Megido

GILEAD

Dotan

Sixem

Sukot

Maxanaim

Penuel

Betel (Luz)

Ai

Yerusalem (Salem)

Betlexem (Efrat)

Mamre

Xebron (Maxpela)

Gerar

Beer-Seba

Sodom?

NEGEB

Rehobot?

Beer-lahai-roi

Kades

Mɔ Gãwo

Via Maris

King’s Road

[Towo]]

Moria

[Tɔwo]

Ƒutamɔ La

[Tɔsisiwo kple Tɔʋuwo]

Yabok

Yordan

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Frat-tɔsisia le afisi gogo Babilon

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Abraham nɔ Beer-Seba eye wònyi eƒe lãhawo le nutoa me

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yabok-tɔʋu