Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fiaɖuƒewo Va Dze Ŋugbedodonyigba La dzi

Fiaɖuƒewo Va Dze Ŋugbedodonyigba La dzi

Fiaɖuƒewo Va Dze Ŋugbedodonyigba La dzi

ASIRIATƆWO (alo Asurtɔwo) ɖu Samaria si nye Israel ƒe dziehe fiaɖuƒea ƒe fiadu dzi le ƒe 740 D.M.Ŋ. me. Esia na Israel-viwo va dze fiaɖuƒe sẽŋuta aɖe si me. Asiria nɔ Mesopotamia tagba ƒe dziehe gome ɖaa, si te ɖe Tigris-tɔsisi si nye tɔsisi gã siwo le Anyigba Gobaa Wɔnua dzi la dometɔ ɖeka ŋu. Nimrod ye tso Asiria ƒe dugã vevi eve siwo nye Niniwe kple Kalax. (Mo I, 10:8-12) Le Salmanaser III ŋɔli la, Asiria-fiaɖuƒea keke ɖe enu yi ɣetoɖoƒe gome, va ɖo Siria kple dziehe Israel ƒe nuto wɔnu siwo me tsi bɔ ɖo.

Le Fia Tiglat-Pileser III (Pul), si ŋkɔ woyɔ le Biblia me ƒe dziɖuɣi la, Asiria va dze Israel-viwo teteɖeanyi gɔme. Eƒe aʋahohowo gblẽ nu le Yuda si le anyiehe gome hã ŋu. (Fia II, 15:19; 16:5-18) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Asiria ƒe ‘tsiwo’ si bababa va ɖe Yuda eye mlɔeba wògbagba ɖo eƒe fiadu Yerusalem me.—Yes 8:5-8.

Asiria alo Asur fia Sanxerib ho va dze Yuda dzi le ƒe 732 D.M.Ŋ me. (Fia II, 18:13, 14) Exɔ Yudea du 46, si me Laxis, si wotso ɖe Shephelah (alo Tagba) nuto nyuia me hã nɔ. Abe alesi anyigbatataa ɖee fia ene la, eƒe aʋakɔawo zɔ to Yerusalem dua megbe si wɔe be wote ŋu ɖe to ɖe Yuda ƒe fiadua. Sanxerib gblɔ dadatɔe le eƒe ŋutinyagbalẽ me be yelé Xizkiya ‘abe xevi le xadza me ene,’ gake Asiriatɔwo ƒe nuŋlɔɖia meƒo nu tso alesi Mawu ƒe dɔla va tsrɔ̃ Sanxerib ƒe asrafowo ya ŋu o.—Fia II, 18:17-36; 19:35-37.

Eteƒe medidi hafi wotsrɔ̃ Asiria Fiaɖuƒea o. Mediatɔ siwo nɔ togbɛ nutowo me, afisi nye egbegbe Iran, la dze aʋahoho ɖe Asiria ʋakɔ siwo susɔ ŋu gɔme. Esia na be Asiriatɔwo ƒe susu dzo le du siwo le woƒe ɣetoɖoƒe nutowo me dzi, amesiwo hã dze aglãdzedze ɖe wo ŋu gɔme. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Babilontɔwo va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi, eye ɣemaɣi woɖu du si nye Asshur dzi xoxo gɔ̃ hã. Le ƒe 632 D.M.Ŋ. me la, Babilontɔwo, Mediatɔwo, kple Skitetɔwo, siwo nye dukɔ siwo lɔ̃a aʋawɔwɔ siwo nɔ Ƒuyibɔa ƒe dziehe gome, la wɔ ɖeka va ɖu Niniwe—si nye “hlɔ̃dodu” la—dzi. Esia na Naxum kple Zefanya ƒe nyagblɔɖiwo va eme.—Nax 3:1; Zef 2:13.

Wotsi Asiria ƒe ŋusẽ mamlɛa nu keŋkeŋ le Xaran. Asiriatɔwo nɔ dzi dom kutrikukutɔe le Babilontɔ siwo ɖoe kplikpaa be yewoaɖu wo dzi la ƒe amedzidzedzea me henɔ lalam be Egiptetɔwo nava xɔ na yewo. Gake esi Farao Nexo nɔ mɔ dzi ɖo ta dziehe la, Yuda Fia Yosiya va tso mɔ nɛ le Megido. (Kr II, 35:20) Kaka Nexo nava ɖo Xaran mlɔeba la, etsi megbe akpa—woɖu Asiria Fiaɖuƒea dzi keŋkeŋ.

Babilonia Fiaɖuƒea

Dugã kae vaa susu me na wò ne èse nyagbɔgblɔ ‘abɔ si wotso ɖe gli dzi’? Babilon, si nye Babilonia xexemeŋusẽ ƒe fiadu, si woɖɔ le nyagblɔɖi me be dzata si to aʋala, lae. (Da 7:4) Dua xɔ ŋkɔ ɖe eƒe kesinɔnu, asitsatsa, kple mawusubɔsubɔ kpakple eƒe ɣletivimefakaka ta. Fiaɖuƒea nɔ anyiehe Mesopotamia ƒe tagba si tsi bɔ ɖo, le Tigris kple Frat tɔsisiawo dome. Wotso dua ɖe Frat-tɔsisia ƒe goawo kple eve dzi, eye eƒe gliawo na wòdze abe ɖe womate ŋu aɖu edzi o ene.

Babilontɔwo ɖe asimɔwo to dziehe Arabia ƒe dzogbekpenyigba dzi. Ɣeaɖeɣi Fia Nabonido va nɔ Tema, eye wògblẽ Belsazar ɖi be wòaɖu Babilon dzi.

Babilon ho va dze Kanaan dzi zi etɔ̃ xoxo. Esi Nebukadnezar ɖu Egiptetɔwo dzi le Karkemis le ƒe 625 D.M.Ŋ. vɔ megbe la, Babilontɔwo ɖo ta anyiehe yi Xamat, afisi wogaɖu Egiptetɔ siwo si le aʋa nu la dzi le ake. Emegbe Babilontɔwo ɖo ta Egipte-tɔʋua nu hetsrɔ̃ Askalon le mɔa dzi. (Fia II, 24:7; Yer 47:5-7) Yuda va nɔ Babilon ƒe ŋusẽ te le woƒe aʋahoho sia me.—Fia II, 24:1.

Yuda Fia Yoyakim dze aglã le ƒe 618 D.M.Ŋ. me. Esia na Babilon ɖo dukɔ siwo te ɖe Yuda ŋu ƒe aʋakɔwo ɖa be woava wɔ aʋa kplii, eyome Babilontɔwo ŋutɔ ƒe asrafowo va ɖe to ɖe Yerusalem hexɔe. Le esia megbe kpuie la, Babilontɔwo do dɔmedzoe vevie ɖe Yuda ŋu le esi Fia Zedekiya ƒe fiaɖuƒea va wɔ ɖeka kple Egipte ta. Wogaho va dze Yuda dzi ake eye wodze woƒe dugãwo tsɔtsrɔ̃ gɔme. (Yer 34:7) Mlɔeba la, Nebukadnezar na eƒe aʋakɔa trɔ ɖe Yerusalem ŋu, eye wòɖu edzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me.—Kr II, 36:17-21; Yer 39:10.

[Aɖaka si le axa 23]

BIBLIA-GBALẼ SIWO WOŊLƆ TSO ƔEYIƔI SIA DZI:

Hosea

Yesaya

Mixa

Lododowo (ƒe akpa aɖe)

Zefanya

Naxum

Xabakuk

Konyifahawo

Obadya

Xezekiel

Fiawo I, kple II

Yeremya

[Anyigbatata si le axa 23]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Babilonia/Asiria Fiaɖuƒe

Asiria Fiaɖuƒe

B4 Mof

B4 Zoan

B5 EGIPTE

D2 KIPRO (KITIM)

D3 Zidon

D3 Tiro

D3 Megido

D3 Samaria

D4 Yerusalem

D4 Askalon

D4 Laxis

Ð2 Xaran

Ð2 Karkemis

Ð2 Arpad

Ð2 Xamat

Ð3 Ribla

Ð3 SIRIA

Ð3 Damasko

E2 Gozan

E2 MESOPOTAMIA

F2 MINI

Ɛ2 ASIRIA

Ɛ2 Khorsabad

Ɛ2 Niniwe

Ɛ2 Kalax

Ɛ2 Asshur

Ɛ3 BABILONIA

Ɛ3 Babilon

Ɛ4 CHALDEA

Ɛ4 Erek

Ɛ4 Ur

G3 Susa

G4 ELAM

Babilonia Fiaɖuƒe

D3 Zidon

D3 Tiro

D3 Megido

D3 Samaria

D4 Yerusalem

D4 Askalon

D4 Laxis

Ð2 Xaran

Ð2 Karkemis

Ð2 Arpad

Ð2 Xamat

Ð3 Ribla

Ð3 SIRIA

Ð3 Damasko

Ð5 Tema

E2 Gozan

E2 MESOPOTAMIA

E4 ARABIA

F2 MINI

Ɛ2 ASIRIA

Ɛ2 Khorsabad

Ɛ2 Niniwe

Ɛ2 Kalax

Ɛ2 Asshur

Ɛ3 BABILONIA

Ɛ3 Babilon

Ɛ4 KALDEA

Ɛ4 Erek

Ɛ4 Ur

G3 Susa

G4 ELAM

[Teƒe bubuwo]

G2 MEDIA

Mɔ Gãwo (Kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

[Tɔwo]

B3 Mediterranea-ƒu (Ƒu Gã La)

D5 Ƒudzĩa

Ƒ1 Caspian-ƒu

Ƒ5 Persia-ƒukɔme

[Tɔsisiwo]

B5 Nil

E2 Frat

Ɛ3 Tigris

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Laxis-kpo

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Blema Megido ƒe tata

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Alesi wosusu be Babilon ƒe abɔ si wotso ɖe gli dzi nɔ