Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hela Kple Roma kpɔ Ŋusẽ Ðe Yudatɔwo dzi

Hela Kple Roma kpɔ Ŋusẽ Ðe Yudatɔwo dzi

Hela Kple Roma kpɔ Ŋusẽ Ðe Yudatɔwo dzi

MAKEDONIA towo dzie dziɖuŋusẽ si keke ɖe enu va zu Hela Fiaɖuƒea dze egɔme tsoe. Le afima Alexander si nɔ eƒe ƒe 20-awo me la ƒe susu nɔ tɔtrɔm ɖe ɣedzeƒenutowo xɔxɔ ŋu. Le ƒe 334 D.M.Ŋ. la, ekplɔ eƒe asrafowo wotso Hellespont (Dardanelles), si nye teƒe si ma Asia kple Europa dome. Abe “lãkle” zazɛ̃ si ɖea abla ene la, Helatɔ siwo nɔ Alexander ƒe kpɔkplɔ te dze aʋahoho siwo me wokpɔ dziɖuɖu le kabakaba la gɔme. (Da 7:6) Alexander ɖu Persiatɔwo dzi le teƒe si gogo Troy, le Granicus-tɔsisia ƒe gbadzaƒe, eye wògaɖu wo dzi gbidii le Issus.

Helatɔwo dze Siria kple Foinike dzi, eye woxɔ Tiro hã le toɖeɖe ɖee ɣleti adre megbe. (Xez 26:4, 12) Alexander gblẽ Yerusalem ɖi yi va wɔ aʋa kple Gaza heɖu edzi. (Zax 9:5) Esi wòva ɖo Egipte la, etso Alexandria-du si va zu asidu kple nusrɔ̃ƒe gã. Esi wògatrɔ nɔ Ŋugbedodonyigba dzi tom la, egaɖu Persiatɔwo dzi gbidigbidi ake le Gaugamela si te ɖe Niniwe ƒe dudo ŋu.

Alexander trɔ hezɔ mɔ ɖo ta anyiehe gome be yeava xɔ Babilon, Susa, kple Persepolis—siwo nye Persiatɔwo ƒe du vevi siwo me wokpɔa dukplɔɖoɖowo gbɔ le. Emegbe eɖe abla to Persia fiaɖuƒea me, va ɖo Indus-tɔsisia gbɔ, afisi nye egbegbe Pakistan. Alexander zã ƒe enyi pɛ ko tsɔ ɖu xexe si wonya ɣemaɣi la ƒe akpa gãtɔ dzi. Gake le ƒe 323 D.M.Ŋ., esime wòxɔ ƒe 32 la, asrãdɔ dze edzi eye wòku le Babilon.—Da 8:8.

Helatɔwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la nu sẽ ŋutɔ. Asrafo dzudzɔxɔla aɖewo siwo nɔ Alexander ƒe aʋakɔa me va tsi nutoa me. Kaka ƒe alafa gbãtɔ naɖo la, du siwo me wodoa Helagbe le ƒe ƒuƒoƒowo nɔ anyi (Dekapoli). (Mt 4:25; Mr 7:31) Wova ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Helagbe me. Koine (Helagbe si ame geɖe dona) va zu gbegbɔgblɔ nyanyɛ si wodona le dukɔwo dome si koŋ wozã tsɔ kaka Kristotɔwo ƒe nufiafiae.

Roma Fiaɖuƒea

Nukae nɔ dzɔdzɔm le ɣetoɖoƒe gome? Roma—si nye kɔƒeduwo ƒe ƒuƒoƒo tsã si nɔ Tiber-tɔsisi to—va xɔ ŋkɔ ale gbegbe. Mlɔeba la, Roma srafowo ƒe aʋawɔɖaŋu kple dziɖuŋusẽ si woɖo anyi la wɔe be wòte ŋu xɔ nuto siwo nɔ Alexander ƒe aʋafia eneawo ƒe dzikpɔkpɔ te. Kaka ƒe 30 D.M.Ŋ. naɖo la, Roma Fiaɖuƒea, si nye ‘lã si ŋu ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le,’ si Daniel kpɔ le ŋutega me la, va kpɔ ŋusẽ wu bubuawo katã.—Da 7:7.

Roma Fiaɖuƒea keke ta tso Britania va ɖo Dziehe Afrika, tso Atlantik-ƒugã la to yi keke Persia-ƒukɔme. Esi wònye fiaɖuƒea ƒe nutowo ƒo xlã Mediterranea-ƒua ta la, Romatɔwo na ŋkɔe be Mare Nostrum (Míaƒe Ƒu).

Roma hã kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔ siwo ƒe anyigba va le Roma Fiaɖuƒea te la dzi. (Mt 8:5-13; Dɔ 10:1, 2) Wona nyɔnyrɔ Yesu le Fiagã Tiberio ƒe dziɖuɣi, eye eƒe dziɖuɣi hãe wòku. Romatɔwo ƒe dziɖula aɖewo ti Kristotɔwo yome vevie ŋutasesẽtɔe, gake womete ŋu ɖe tadedeagu vavãtɔ ɖa o. Le ƒe 1,300 megbe la, Germania-dukɔwo va dze fiaɖuƒea dzi le dziehe gome eye amesiwo nye tsatsalawo hã dze wo dzi le ɣedzeƒe gome heɖu edzi.

[Anyigbatata si le axa 26]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Hela Fiaɖuƒe

Le Alexander ƒe ku megbe la, eƒe aʋafia ene ɖu fiaɖuƒea ƒe nuto gã la dzi

Cassander

Lysimachus

Ptolemy I

Seleucus I

A2 ▪ HELA

A2 ▪ Atene

A2 ▪ AXAYA

A3 ○ Kirene

A3 ○ LIBYA

B2 ▫ Byzantium

B3 ○ KIPRO

B4 ○ No-Amon (Thebes)

D3 Palmyra (Tadmor)

D3 ○ Gerasa

D3 ○ Filadelfia

D3 ○ Yerusalem

D5 ○ Siene

F2 • Alexandria Margiana

Alexander ƒe Mɔwo

A2 ▪ MAKEDONIA

A2 ▪ Pella

A2 ▫ THRACE

B2 ▫ Troy

B2 ▫ Sardes

B2 ▫ Efeso

B2 ▫ Gordium

D2 ▫ Ankara

D3 • Tarso

D3 • Issus

D3 • Antioxia (le Siria)

D3 ○ Tiro

D4 ○ Gaza

B4 ○ EGIPTE

B4 ○ Memphis

B4 ○ Alexandria

A4 ○ Siwa tsiteƒe

B4 ○ Memphis

D4 ○ Gaza

D3 ○ Tiro

D3 ○ Damasko

D3 • Aleppo

Ð3 • Nisibis

Ð3 • Gaugamela

Ð3 • Babilon

E3 • Susa

E4 • PERSIA

E4 • Persepolis

E4 • Pasargadae

E3 • MEDIA

E3 • Ecbatana

E3 • Rhagae

E3 • Hecatompylos

Ɛ3 • PARTIA

F3 • ARIA

F3 • Alexandria Areion

F3 • Alexandria Prophthasia

Ɛ4 • DRANGIANA

F4 • ARACHOSIA

F4 • Alexandria Arachosiorum

Ƒ3 • Kabul

F3 • Drapsaca

Ƒ3 • Alexandria Oxiana

F3 • Drapsaca

F3 • BACTRIA

F3 • Bactra

F2 • Derbent

F2 • SOGDIANA

F2 • Maracanda

F2 • Bukhara

F2 • Maracanda

Ƒ2 • Alexandria Eschate

F2 • Maracanda

F2 • Derbent

F3 • Bactra

F3 • BACTRIA

F3 • Drapsaca

Ƒ3 • Kabul

Ƒ3 • Taxila

Ƒ5 • INDIA

Ƒ4 • Alexandria

F4 • GEDROSIA

Ɛ4 • Pura

E4 • PERSIA

Ɛ4 • Alexandria

Ɛ4 • CARMANIA

E4 • Pasargadae

E4 • Persepolis

E3 • Susa

Ð3 • Babilon

[Teƒe bubuwo]

A3 KRETA

Ð4 ARABIA

[Tɔwo]

B3 Mediterranea-ƒu

D5 Ƒudzĩa

E4 Persia-ƒukɔme

F5 Arabia-ƒu

[Tɔsisiwo]

B4 Nil

Ð3 Frat

Ð3 Tigris

F4 Indus

[Anyigbatata si le axa 27]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Roma Fiaɖuƒe

A1 BRITANIA

A3 SPANIA

B1 GERMANIA

B2 GAUL

B2 ITALIA

B2 Roma

B3 Carthage

D2 ILIRIKO

D3 HELA

D3 Actium

D3 Kirene

Ð2 Byzantium (Constantinople)

Ð3 ASIA SUE

Ð3 Efeso

Ð3 Aleppo

Ð3 Antioxia (le Siria)

Ð3 Damasko

Ð3 Gerasa (Jarash)

Ð3 Yerusalem

Ð3 Alexandria

Ð4 EGIPTE

[Tɔwo]

A2 Atlantik-ƒugã

D3 Mediterranea-ƒu

Ð2 Ƒuyibɔa

Ð4 Ƒudzĩa

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ptolemy II trɔ ŋkɔ na Rabat be Filadelfia esi wògbugbɔ tso dua vɔ megbe. Romatɔwo ƒe fefewɔƒe gã aɖe si wogbã ƒe glikpowo kpɔtɔ li

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Dekapoli nutoa ƒe dugã Gerasa (Jarash)

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Romatɔwo ƒe mɔwo, abe esia si te ɖe Aleppo ŋu ene, la to Europa, Dziehe Afrika, kple Titina Ɣedzeƒe nutowo katã me. Kristotɔwo zɔ mɔ siawo dzi yi va kaka Biblia me nyateƒea