Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Israel Kple Nuto Siwo Ƒo Xlãe

Israel Kple Nuto Siwo Ƒo Xlãe

Israel Kple Nuto Siwo Ƒo Xlãe

YEHOWA gblɔ na Abraham be: ‘Ʋu le Ur si le Mesopotamia eye nàyi anyigba, si mafia wò la dzi!’ Amewo le anyigba ma dzi eye dukɔ bubuwo hã ƒo xlãe.—Mo I, 12:1-3; 15:17-21.

Esi Mawu ƒe amewo ʋu tso Egipte yina la, wonyae be futɔwo abe “Edom-fiawo” ene ate ŋu aɖe fu na yewo. (Mo II, 15:14, 15) Amalekitɔwo, Moabtɔwo, Amonitɔwo, kple Amoritɔwo nɔ mɔ si Israel-viwo ato ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi la dzi. (Mo IV, 21:11-13; Mo V, 2:17-33; 23:3, 4) Dukɔ bubu siwo hã nye Israel-viwo ƒe futɔwo aɖe fu na wo le anyigba si ŋugbe Mawu do na wo dzi.

Mawu gblɔ na Israel-viwo be ‘woanyã’ “dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ” eye wodze na tsɔtsrɔ̃ la ɖa le wo ŋgɔ—woawoe nye Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo, kple Yebusitɔwo. Wonɔa agbe gbegblẽ eye woƒe subɔsubɔnuwɔnawo nyɔ ŋu. Woƒe mawuwo dometɔ aɖewoe nye Baal (si subɔsubɔ me wozãa sɔti si nɔa ŋutsu ƒe vidzinu ƒe nɔnɔme le), Molex (si subɔsubɔ me wotsɔa ɖeviwo saa vɔe le), kple vidzidzi mawunɔ Astarot (Astarte).—Mo V, 7:1-4; 12:31; Mo II, 23:23; Mo III, 18:21-25; 20:2-5; Ʋɔ 2:11-14; Ps 106:37, 38.

Ɣeaɖewoɣi woyɔa nuto blibo si Mawu be yeatsɔ ana Israel-viwo be “Kanaan,” tso Zidon ƒe dziehe vaseɖe “Egipte-tɔʋu” la nu. (Mo IV, 13:2, 21; 34:2-12; Mo I, 10:19) Ɣebubuɣiwo hã Biblia yɔa dukɔwo, dugãwo, alo anyigba ma dzi nɔlawo ƒe ŋkɔwo. Wo dometɔ aɖewo xɔ anyinɔ ɖe nutoa ƒe akpa aɖewo koŋ, abe Filistitɔ siwo nɔ ƒuta kple Yebusitɔ siwo nɔ to siwo tsɔ Yerusalem gbɔ dzi ene. (Mo IV, 13:29; Yos 13:3) Esi ɣeyiɣiawo le yiyim la, ame bubu aɖewo ya ʋu tso nuto aɖe me yia bubu me.—Mo I, 34:1, 2; 49:30; Yos 1:4; 11:3; Ʋɔ 1:16, 23-26.

Esime Israel-viwo nɔ Ʋuʋum la, anɔ eme be Amoritɔwo koŋue xɔ ŋkɔ hesesẽ wu. a (Mo V, 1:19-21; Yos 24:15) Woxɔ tso Moabtɔwo ƒe anyigba dzi vaseɖe Arnon-tɔʋua gbɔ, togbɔ be wokpɔtɔ yɔa nutoa tso Yerixo kasa be “Moab-tagba” hã. Azɔ hã Amoritɔwo ƒe fiawoe nɔ dzi ɖum le Basan kple Gilead.—Mo IV, 21:21-23, 33-35; 22:1; 33:46-51.

Togbɔ be Mawu nɔ megbe na Israel-viwo hã, womeɖe dukɔ siwo katã woɖo na wo be woatsrɔ̃ la ɖa o, ale dukɔ siawo va zu mɔ̃ ɖe Israel-viwo emegbe. (Mo IV, 33:55; Yos 23:13; Ʋɔ 2:3; 3:5, 6; Fia II, 21:11) Ẽ, Israel-viwo dze nuvɔ̃ me togbɔ be woxlɔ̃ nu wo be, “Migadze dukɔ, siwo ƒo xlã mi la, ƒe mawuwo yome o” hã.—Mo V, 6:14; 13:7.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Woate ŋu azã ŋkɔ “Amoritɔ” wòafia amesiwo le anyigbaa dzi ƒe ƒuƒoƒo alo wòafia to ɖeka aɖe ko, abe alesi wòle le ŋkɔ “Kanaantɔ” hã gomee ene.—Mo I, 15:16; 48:22.

[Anyigbatata si le axa 11]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Dukɔ Siwo Woaɖe Ða Le Ŋugbedodonyigba La dzi

FILISTI (D8)

D8 Askalon

D9 Gaza

Ð8 Asdod

Ð8 Gat

Ð9 Gerar

KANAAN (D8)

B10 AMALEKITƆWO

D12 Xazar-Adar (Adar?)

D12 Kades (Kades-Barnea)

Ð8 Lakis

Ð9 Beer-Seba

Ð10 AMORITƆWO

Ð11 NEGEB

E4 Dor

E5 Megido

E5 Tanax

E6 Afek

E6 XIWITƆWO

E7 YEBUSITƆWO

E8 Bet-Semes

E8 Xebron (Kiryat-Arba)

E9 XITITƆWO

E9 Debir

E10 Arad (Kanaan-du)

E10 KENITƆWO

E11 Akrabim

Ɛ4 GIRGASITƆWO

Ɛ6 Sixem

Ɛ7 YEBUSITƆWO

Ɛ7 Gilgal

Ɛ7 Yerixo

Ɛ8 Yerusalem

F2 XIWITƆWO

F2 Dan (Lais)

F3 Xazor

FOINIKE (F2)

E2 Tiro

Ɛ1 Zidon

EDOM (F12)

Ɛ11 SEIR

F11 Bozra

AMORITƆWO (SIXON) (G8)

F6 GILEAD

F7 Sitim

F7 Xesbon

F9 Aroer

SIRIA (H1)

F1 Baal-gad

F2 XIWITƆWO

G1 Damasko

MOAB (H10)

AMORITƆWO (OG) (I5)

F6 GILEAD

Ƒ3 BASAN

Ƒ4 Astarot

Ƒ4 Edrei

AMON (I7)

Ƒ7 Rabat

[Gbedzi]

Ƒ12 ARABIA GBEDZI

[Towo]]

E4 Karmel-to

E11 Hor-to

F1 Xermon-to

F8 Nebo-to

[Tɔwo]

D6 Mediterranea-ƒu (Ƒu Gã La)

Ɛ9 Dzeƒu

F4 Galilea-ƒu

[Tɔsisiwo kple Tɔʋuwo]

B11 Egipte-tɔʋu

Ɛ6 Yordan-tɔsisi

F6 Yabok-tɔʋu

F9 Arnon-tɔʋu

F11 Zered-tɔʋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ðusime: Amoritɔwo ƒe Fia Og ɖu dzi le Basan, afisi wonya nyuie ɖe eƒe nyitsuwo kple alẽwo ta

Ete: Moab, afisi woate ŋu akpɔ Dzeƒua kple Yuda-gbedzi le megbe ɖaa le

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woaɖe dukɔ siwo subɔa alakpamawuwo abe Baal, Molex, kple vidzidzi mawunɔ Astarot (si wota ɖe afisia) ene ɖa