Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Israel Le Dawid Kple Salomo Ƒe Ŋkekewo me

Israel Le Dawid Kple Salomo Ƒe Ŋkekewo me

Israel Le Dawid Kple Salomo Ƒe Ŋkekewo me

MAWU do ŋugbe be yeatsɔ anyigba la tso “Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi . . . la nu” ana Abram ƒe dzidzimeviwo. (Mo I, 15:18; Mo II, 23:31; Mo V, 1:7, 8; 11:24) Tso esime Yosua ka afɔ Kanaan la, ƒe siwo ade alafa ene va yi hafi Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒowo va ɖo teƒe mawo.

Fia Dawid ɖu Aramtɔwo ƒe fiaɖuƒe si nɔ Zoba dzi, eye eƒe dziɖuƒe keke va ɖo Frat-tɔsisia nu le Siria ƒe dziehe. a Le anyiehe gome la, Filistitɔ siwo dzi Dawid ɖu na be eƒe dziɖuƒea keke ɖe enu vaseɖe Egipte liƒowo dzi.—Sa II, 8:3; Kr I, 18:1-3; 20:4-8; Kr II, 9:26.

Eyome Salomo ɖu fia “tso [Frat] tɔsisi la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi kple Egipte-liƒowo ŋu,” eye eƒe fiaɖuɖu nye Mesia la ƒe ŋutifafa dziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu. (Fia I, 5:1-5; 8:65; Kr I, 13:5; Ps 72:8; Zax 9:10) Ke hã wokpɔtɔ ƒoa nu tsoa nuto blibo si Israel xɔ la ŋu zi geɖe be “tso Dan vaseɖe Beer-Seba.”—Sa II, 3:10; Kr II, 30:5.

Fia Salomo ƒo sɔwo kple tasiaɖamwo nu ƒu, wònye tomaɖomaɖo Mawu. (Mo V, 17:16; Kr II, 9:25) Mɔ gã vovovo siwo woɖe yi teƒeteƒewo na wo zazã le mɔzɔzɔ me nɔ bɔbɔe. (Yos 2:22; Fia I, 11:29; Yes 7:3; Mt 8:28) Teƒe siwo mɔ siawo to dometɔ ʋɛ aɖewo koe woyɔ, abe “mɔ, si tso Betel ɖo ta Sixem . . . kpakple [esi ɖo ta] Lebona ƒe [anyiehe]” ene.—Ʋɔ 5:6; 21:19.

Agbalẽ si nye The Roads and Highways of Ancient Israel gblɔ be: “Nusi sesẽ le nusɔsrɔ̃ tso blema Israel ƒe mɔwo ŋue nye be naneke mekpɔtɔ ɖi si dzi míanɔ te ɖo ade dzesi afisiwo mɔ siwo nɔ anyi le Nubabla Xoxoa ŋlɔɣi la to o le esi womedo mɔawo [ɣemaɣi] o ta.” Ke hã, anyigbaa ƒe nɔnɔme kple blema dudo siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo na míekpɔ afisiwo mɔawo dometɔ geɖe to.

Mɔ siawo kpɔ ŋusẽ ɖe afisiwo asrafowo tona dzi. (Sa I, 13:17, 18; Fia II, 3:5-8) Hafi Filistitɔwo nava dze Israel dzi la, wozɔ to Ekron kple Gat yi ɖe nuto si nɔ “Soxo kple Azeka dome.” Afimae Saul ƒe aʋakɔwo va do go wo le le “logotibali la me [le Elah].” Esi Dawid wu Goliat la, Filistitɔwo si hetrɔ yi Gat kple Ekron, eye Dawid yi ɖe Yerusalem.—Sa I, 17:1-54.

Laxis (Ð10), Azeka (Ð9), kple Bet-Semes (Ð9) nye du siwo nɔ mɔ siwo tso Shephelah alo tagba yi Yudea-tonyigbawo dzi la dzi. Le esia ta du siawo va zu teƒe vevi siwo woxea mɔ ɖe futɔ siwo to Ƒutamɔ gbɔna Israel ƒe nuto vovovoawo me la nu le.—Sa I, 6:9, 12; Fia II, 18:13-17.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ruben-viwo ƒe anyigba si woka na wo keke vaseɖe Siria-gbedzi, si kple Frat-tɔsisia ɖe liƒo le ɣedzeƒe.—Kr I, 5:9, 10.

[Aɖaka si le axa 16]

BIBLIA-GBALẼ SIWO WOŊLƆ TSO ƔEYIƔI SIA DZI:

Samuel I, kple II

Psalmowo (ƒe akpa aɖe)

Lododowo (ƒe akpa aɖe)

Hawo ƒe Ha

Nyagblɔla

[Anyigbatata siwo le axa 17]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Nuto Kple Mɔ Siwo Nɔ Anyi Le Fiaɖuƒe Ðeka Ƒe Anyinɔɣi

Liƒowo (Salomo ƒe ŋkekewo me)

Tifsax

Xamat

Tadmor

Berotai (Kun?)

Sidon

Damasko

Tiro

Dan

Yerusalem

Gaza

Aroer

Beer-Seba

Tamar

Ezeon-Geber

Elat (Elot)

[Tɔsisiwo kple Tɔʋuwo]

Frat

Egipte-tɔʋu

David Kple Salomo (mɔwo)

B10 Gaza

D8 Yope

D9 Asdod

D10 Askalon

D11 Ziklag

D12 PARAN-GBEDZI

Ð5 Dor

Ð6 Xefer

Ð8 Afek

Ð8 Rama

Ð9 Saalbim

Ð9 Gezer

Ð9 Makaz

Ð9 Ekron

Ð9 Bet-Semes

Ð9 Gat

Ð9 Azeka

Ð10 Soxo

Ð10 Adulam

Ð10 Kegila

Ð10 Laxis

Ð11 Yatir

Ð12 Beer-Seba

E2 Tiro

E4 Kabul

E5 Yokneam (Yokmeam?)

E5 Megido

E6 Tanax

E6 Arubot

E7 Piraton

E8 Lebona

E8 Zereda

E8 Betel

E9 Anyigbe Bet-Xoron

E9 Dzigbe Bet-Xoron

E9 Geba

E9 Gibeon

E9 Gibea

E9 Kiryat-Yearim

E9 Nob

E9 Baal-Perazim

E9 Yerusalem

E9 Betlehem

E10 Tekoa

E10 Hebron

E11 Sif

E11 Horesh?

E11 Karmel

E11 Maon

E11 Estemoa

Ɛ5 En-Dor

Ɛ5 Sunem

Ɛ5 Yezreel

Ɛ6 Bet-Sean

Ɛ7 Tirza

Ɛ7 Sixem

Ɛ8 Zaretan

Ɛ8 Silo

Ɛ8 Ofra?

Ɛ9 Yerixo

Ɛ11 En-Gedi

F2 Abel-Bet-Maaxa

F2 Dan

F3 Xazor

F3 MAXA

F5 Lo-Debar

F5 Roglim

F6 Abel-Mexola

F7 Sukot

F7 Maxanaim

Ƒ1 SIRIA

Ƒ4 GESUR

Ƒ6 Ramot-Gilead

Ƒ8 Raba

Ƒ9 Medeba

Ƒ11 Aroer

Ƒ12 MOAB

G4 Xelam?

G9 AMON

[Mɔ Gãwo]

D10 Via Maris

Ƒ6 King’s Road

[Towo]]

Ɛ5 Gilboa-to

[Tɔwo]

D8 Mediterranea-ƒu (Ƒu Gã La)

Ɛ10 Salt Sea (Dead Sea)

F4 Galilea-ƒu

[Tsidzidzi alo vudo]

E9 En-rogel

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Ðusime: Logotibali, ne wodze ŋgɔ ɣedzeƒe kpɔe ɖo ta Yuda-tonyigbawo dzi

Ete: Mɔ vovovo siwo woɖe na mɔzɔzɔ le Ŋugbedodonyigba la dzi nɔ bɔbɔe