Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔnyenye Kaka Ðo Dukɔwo me

Kristotɔnyenye Kaka Ðo Dukɔwo me

Kristotɔnyenye Kaka Ðo Dukɔwo me

YESU ɖo gbeƒãɖeɖedɔ aɖe anyi esi wònɔ Amito si gogo Betania la dzi, esi ava kpɔ ŋusẽ ɖe xexeame ƒe ŋutinya dzi. Woɖoe be dɔa nadze egɔme tso Yerusalem—si le ɣetoɖoƒe gome anɔ kilometa etɔ̃ tso toa gbɔ. Woaɖe gbeƒã gbedasia le Yudea kple Samaria nuto siwo gogo afima me, eye mlɔeba, wòaɖo “anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔ 1:4, 8, 12.

Esi Yesu gblɔ nya mawo megbe kpuie la, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ geɖe siwo tso Roma Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo kple nuto siwo dze le anyigbatata si le ete dzi la va Pentekoste-ŋkekenyuia ɖuƒe. Gbeƒã si apostolo Petro ɖe na wo gbemagbe la wɔe be Kristotɔnyenye kaka ɖo teƒeteƒewo kabakaba.—Dɔ 2:9-11.

Eteƒe medidi o, Kristo yomedzelawo ka hlẽ le yometiti si va Yerusalem ta. Petro kple Yohanes kpe ɖe Samariatɔwo ŋu wose nyanyuia eye woxɔe. (Dɔ 8:1, 4, 14-16) Esi Filipo ɖi ɖase na Etiopiatɔ aɖe le gbedzimɔ si tso ‘Yerusalem yi Gaza’ dzi megbe la, Kristotɔnyenye kaka ɖo Afrika. (Dɔ 8:26-39) Le ɣeyiɣi ma ke me lɔƒo la, gbedasia nɔ ku nyuiwo tsem le Lida, si le Saron-tagba, kple le Yope ƒe melidzeƒe. (Dɔ 9:35, 42) Petro zɔ mɔ tso afima yi Kaisarea va kpe ɖe Kornelio si nye Roma-srafomegã, eƒe ƒometɔwo, kple exɔlɔ̃wo ŋu wozu Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na.—Dɔ 10:1-48.

Paulo si nye yometila tsã va zu apostolo na dukɔwo. Ezɔ mɔ to anyigba kple ƒu dzi le eƒe dutanyanyuigblɔdɔ ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃awo me, eye wòzɔ mɔ yi Roma hã. Apostoloa kple ame bubuwo kaka nyanyuia yi Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto geɖewo me. Paulo di vevie be yeaɖo Spania (Kpɔ axa 2 lia.), eye Petro subɔ yi keke Babilon ƒe ɣedzeƒe nutowo me ke. (Pe I, 5:13) Nyateƒee, le Kristo ƒe kpɔkplɔ te la, eyomedzelawo kaka Kristotɔnyenye wòɖo dukɔ bubuwo me. Kaka ƒe 60/61 M.Ŋ. naɖo la, “woɖe gbeƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒoa te.” (Kol 1:6, 23) Tso ɣemaɣi ke vaseɖe fifia la, woyi edzi le gbeƒã ɖem nyanyuia “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”

[Aɖaka si le axa 32]

AMEAWO TSO . . .

Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo se nyanyuia le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la tso Partia, Media, Elam, Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto, Asia, Frigia, Pamfilia, Egipte, Libia, Roma, Kreta, kple Arabia. Wo dometɔ geɖe xɔ nyɔnyrɔ. Nukae nèbu be wowɔ esi wotrɔ yi wo de?

[Aɖaka si le axa 33]

HAME ADREAWO

Yesu ɖo gbedasiwo ɖe hame adre siwo nɔ Asia Sue. De dzesi teƒe siwo wonɔ: Efeso kple Smirna nɔ ƒuta; Pergamo, Filadelfia, kple Laodikea gbɔ didi vie tso ƒuta, Tiatira gogo tɔ to; eye Sardes nɔ asimɔ vevi aɖe dzi. Dugã siawo ƒe tomenukuku siwo ŋu woke ɖo la ɖo kpe edzi be teƒe siwo nɔ anyi ŋutɔŋutɔ ŋue Biblia ƒo nu tsoe.

[Anyigbatata si le axa 32]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Kristotɔnyenye Kaka

Teƒe Siwo Wokaka Nyanyuia Ðo Kaba

B1 ILIRIKO

B1 ITALIA

B1 Roma

D1 MAKEDONIA

D2 HELA

D2 Atene

D2 KRETA

D3 Kirene

D3 LIBIA

Ð1 BITINIA

Ð2 GALATIA

Ð2 ASIA

Ð2 FRIGIA

Ð2 PAMFILIA

Ð2 KIPRO

Ð3 EGIPTE

Ð4 ETIOPIA

E1 PONTO

E2 KAPADOKIA

E2 KILIKIA

E2 MESOPOTAMIA

E2 SIRIA

E3 SAMARIA

E3 Yerusalem

E3 YUDEA

Ɛ2 MEDIA

Ɛ3 Babilon

Ɛ3 ELAM

Ɛ4 ARABIA

F2 PARTIA

[Tɔwo]

D2 Mediterranea-ƒu

Ð1 Ƒuyibɔa

E4 Ƒudzĩa

Ɛ3 Persia-ƒukɔme

[Anyigbatata si le axa 32, 33]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Paulo Ƒe Mɔzɔzɔwo

Dutanyanyuigbɔgblɔ Mɔzɔzɔ Gbãtɔ (Dɔ 13:1–14:28)

Ƒ3 Antioxia (si le Siria)

Ƒ3 Seleukia

F4 KIPRO

F3 Salami

F4 Pafo

F3 PAMFILIA

Ɛ3 Perge

Ɛ3 PISIDIA

Ɛ2 Antioxia (si le Pisidia)

F2 Ikonio

F2 LIKAONIA

F2 Listra

F3 Derbe

F2 Listra

F2 Ikonio

Ɛ2 Antioxia (si le Pisidia)

Ɛ3 PISIDIA

F3 PAMFILIA

Ɛ3 Perge

Ɛ3 Atalia

Ƒ3 Antioxia (si le Siria)

Dutanyanyuigbɔgblɔ Mɔzɔzɔ Evelia (Dɔ 15:36–18:22)

Ƒ3 Antioxia (si le Siria)

Ƒ3 SIRIA

Ƒ3 KILIKIA

Ƒ3 Tarso

F3 Derbe

F2 Listra

F2 Ikonio

Ɛ2 Antioxia (si le Pisidia)

Ɛ2 FRIGIA

F2 GALATIA

E2 MISIA

E2 Troa

E1 SAMOTRAKE

Ð1 Neapoli

Ð1 Filipi

D1 MAKEDONIA

Ð1 Amfipoli

Ð1 Tesalonika

Ð1 Beroia

D2 HELA

Ð2 Atene

Ð2 Korinto

Ð3 AXAYA

E2 Efeso

F4 Kaisarea

Ƒ5 Yerusalem

Ƒ3 Antioxia (si le Siria)

Dutanyanyuigbɔgblɔ Mɔzɔzɔ Etɔ̃lia (Dɔ 18:22–21:19)

Ƒ3 SIRIA

Ƒ3 Antioxia (si le Siria)

F2 GALATIA

Ɛ2 FRIGIA

Ƒ3 KILIKIA

Ƒ3 Tarso

F3 Derbe

F2 Listra

F2 Ikonio

Ɛ2 Antioxia (si le Pisidia)

E2 Efeso

E2 ASIA

E2 Troa

Ð1 Filipi

D1 MAKEDONIA

Ð1 Amfipoli

Ð1 Tesalonika

Ð1 Beroia

D2 HELA

Ð2 Atene

Ð2 Korinto

Ð1 Beroia

Ð1 Tesalonika

Ð1 Amfipoli

Ð1 Filipi

E2 Troa

E2 Aso

E2 Mitilene

E2 XIO

E2 SAMO

E3 Mileto

E3 Kos

E3 RODO

Ɛ3 Patara

Ƒ4 Tiro

Ƒ4 Ptolemai

F4 Kaisarea

Ƒ5 Yerusalem

Mɔzɔzɔ Yi Roma (Dɔ 23:11–28:31)

F4 Kaisarea

Ƒ5 Yerusalem

Ƒ4 Sidon

Ɛ3 Mira

Ɛ3 LIKIA

E3 Knido

Ð3 KRETA

Ð4 KLAUDA

A3 MELITE

A3 KILIKIA

A3 Sirakusa

A1 ITALIA

B2 Regio

A1 Puteoli

A1 Roma

Mɔ Gãwo (Kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

[Hame Adreawo]

E2 Pergamo

E2 Tiatira

E2 Sardes

E2 Smirna

E2 Efeso

Ɛ2 Filadelfia

Ɛ2 Laodikea

[Teƒe bubuwo]

E3 PATMO

Ɛ2 Kolose

Ɛ5 Alexandria

Ɛ5 EGIPTE

F1 BITINIA

F5 Yope

F5 Lida

F5 Gaza

Ƒ1 PONTO

Ƒ2 KAPADOKIA

Ƒ4 Damasko

Ƒ4 Pella

[Tɔwo]

Ð4 Mediterranea-ƒu

[Nɔnɔmetata si le axa 33]

Fefewɔƒe le Mileto, du si me Paulo kpe kple Efeso hamemegãwo le

[Nɔnɔmetata si le axa 33]

Zeus ƒe vɔsamlekpui le Pergamo. Kristotɔ siwo nɔ du sia me nɔ ‘afisi Abosam ƒe zikpu’ nɔ​—Nyɖ 2:13