Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Amewo Trɔ Yi Wo Denyigba dzi

Mawu Ƒe Amewo Trɔ Yi Wo Denyigba dzi

Mawu Ƒe Amewo Trɔ Yi Wo Denyigba dzi

TO NYANYƐ eve aɖewo ƒe togbakawo ƒo xlã kponyigba gã gbadza si nye egbegbe Iran—siwo nye Elburz (si le Caspian-ƒua ƒe anyiehe gome) kple Zagros (si le Persia-ƒukɔme ƒe anyieheɣedzeƒe gome). Bali legbe wɔnu si ɖi abu si me ati damawo le la tso wo dome. Yame ƒe nɔnɔme mexɔa dzo fũ le baliawo me o, gake gbadzaƒe siwo kɔ dzi, afisi ya ƒona le sesĩe la naa yame fana miamiamia le vuvɔŋɔli. Dzogbenyigba si nye kponyigba si dzi amewo mesɔ gbɔ ɖo o la te ɖe teƒe sia ŋu. Anyigba gã sia si le Mesopotamia ƒe ɣedzeƒe gome dzie Medo-Persia Fiaɖuƒea fɔ ɖe te le.

Kponyigba gã gbadza la ƒe dziehe gomee Mediatɔwo nɔ koŋ, gake emegbe wova kaka ɖe Armenia kple Kilikia nutowo me. Persiatɔwo ya nɔ kponyigba gã gbadza la ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome, le Tigris-balia ƒe ɣedzeƒe gome. Esi Kores nɔ dzi ɖum le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. ƒe domedome la, fiaɖuƒe eve siawo wɔ ɖeka va zu Medo-Persia Xexemeŋusẽ.

Kores ɖu Babilon dzi le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Eƒe fiaɖuƒea keke ɖe enu yi ɣedzeƒe gome vaseɖe India. Ekeke ɖe enu yi ɣetoɖoƒe gome vaseɖe Egipte kple afisi nye egbegbe Turkey. Daniel ɖɔ Medo-Persia Fiaɖuƒea wòsɔ be enye “sisiblisi” si ‘ɖu lã geɖe.’ (Da 7:5) Dziɖuɖu si kpɔa nublanui na ame eye wòɖea mɔ ɖe nu ŋue Kores ɖo anyi. Ema fiaɖuƒea ɖe nuto vovovowo me. Nutomedzikpɔla le nuto ɖesiaɖe si, zi geɖe enyea Persiatɔ, gake ŋusẽ le nutoa me fia si wɔa dɔ le eƒe mɔfiafia te hã si. Woɖe mɔ na amesiwo nɔ fiaɖuƒea me be woayi edzi alé woƒe kɔnuwo kple mawusubɔsubɔ me ɖe asi.

Kores wɔ nu wòsɔ ɖe ɖoɖo sia nu esi wòɖe mɔ na Yudatɔwo be woatrɔ ayi agbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi ahagbugbɔ Yerusalem atso, abe alesi Ezra kple Nexemya ƒo nu tso eŋu ene. Ðe nèbu be mɔ si Abraham zɔ to Frat-tɔsisia ŋu yi dziehe heɖo ta Karkemis la kee ameha gã sia hã ato loo alo ɖewohĩ Tadmor kple Damasko dome mɔ si le kpuie wue woatoa? Biblia megblɔe o. (Kpɔ axa 6-7.) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yudatɔwo hã va kaka ɖe fiaɖuƒea ƒe akpa bubuwo, abe Nil-ɖeɖego nutome kple eƒe anyiehe gome ɖaa ene. Yudatɔ geɖe gakpɔtɔ nɔ Babilon, eye anye ema tae apostolo Petro zɔ mɔ yi afima ɖo le ƒe alafa aɖewo megbe. (Pe I, 5:13) Nyateƒee, Medo-Persia Fiaɖuƒea wɔ akpa aɖe si na Yudatɔwo kaka ɖe teƒe geɖe le Hela kple Roma fiaɖuƒe siwo kplɔe ɖo la ƒe dziɖuɣiwo.

Esi Medo-Persia ɖu Babilon dzi megbe la, wozã dugã la, afisi yame xɔa dzo le le dzomeŋɔli, wònye afisi wokpɔa dukplɔɖoɖowo gbɔ le. Susa si nye Elamtɔwo ƒe fiadu tsã, hã va zu woƒe fiaduawo dometɔ ɖeka. Emegbe afisiae Persia-fia Axasweros (edze ƒã be eyae nye Xexes I) tia Ester wòzu fianyɔnu le eye wògblẽ ɖoɖo si wowɔ le adzame be woatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo ɖa le fiaɖuƒe gã bliboa me la dome. Medo-Persia ƒe fiadu eve bubuwoe nye Axmeta (si le teƒe si kɔkɔ meta 1,900 wu atsiaƒu, afisi dzomeŋɔli ƒe nɔnɔmewo dea ame dzi le) kple Pasargadae (si hã kɔkɔ nenema ke, si nɔ eƒe anyieheɣedzeƒe gome eye wo dome didi kilometa 650).

Aleke xexemeŋusẽ sia va eƒe nuwuwui? Esi Medo-Persia fiaɖuƒea ƒe ŋusẽ ɖo eƒe kɔkɔƒe la, etso ɖe aglãdzenuwɔna si wɔm Helatɔwo nɔ le fiaɖuƒea ƒe dzieheɣetoɖoƒe liƒoa dzi la gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ɣemaɣi dugã vovovo siwo ho aʋa ɖe wo nɔewo ŋu na Hela me ma, gake wova wɔ ɖeka heɖu Persiatɔwo ƒe aʋakɔwo dzi le aʋa sesẽ aɖe me le Marathon kple Salami. Esiae ʋu mɔ na Helatɔ siwo wɔ ɖeka la ƒe ŋusẽkpɔkpɔ kpakple woƒe Medo-Persia dzi ɖuɖu.

[Aɖaka si le axa 25]

Le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te la, Israel-ŋutsu siwo ade 50,000 zɔ mɔ si anɔ tso kilometa 800 va ɖo 1,600 (didimea nɔ te ɖe mɔ si woto dzi) gbugbɔ trɔ yi Yerusalem. Nusi wodze ŋgɔe koŋ enye gakuxi si nu sẽ ŋutɔ. Woƒe anyigba la zu aƒedo ƒe 70 sɔŋ. Amesiwo trɔ gbɔ la dze tadedeagu vavãtɔ ɖoɖo anyi gɔme to vɔsamlekpuia gbugbɔgaɖi kple vɔsasa le edzi na Yehowa me. Le ƒe 537 D.M.Ŋ. ƒe kele me la, woɖu Agbadɔŋkekenyuia. (Yer 25:11; 29:10) Emegbe amesiwo trɔ gbɔ la ɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpe anyi.

[Aɖaka si le axa 25]

BIBLIA-GBALẼ SIWO WOŊLƆ TSO ƔEYIƔI SIA DZI:

Daniel

Xagai

Zaxarya

Ester

Psalmowo (ƒe akpa aɖe)

Kronika I kple II

Ezra

Nexemya

Maleaxi

[Anyigbatata si le axa 24]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Medo-Persia Fiaɖuƒe

A2 MAKEDONIA

A2 THRACE

A4 Kirene

A4 LIBIA

B2 Byzantium

B2 LIDIA

B3 Sardes

B4 Mof (Nof)

B4 EGIPTE

B5 No-Amon (Thebes)

B5 Siene

D3 KILIKIA

D3 Tarso

D3 Issus

D3 Karkemis

D3 Tadmor

D3 SIRIA

D3 Zidon

D3 Damasko

D3 Tiro

D4 Yerusalem

Ð2 Phasis

Ð2 ARMENIA

Ð3 ASIRIA

Ð3 Niniwe

Ð4 Babilon

E3 MEDIA

E3 Ecbatana (Axmeta)

E3 HYRCANIA

E4 Susan (Susa)

E4 ELAM

E4 Pasargadae

E4 Persepolis

E4 PERSIA

Ɛ3 PARTHIA

Ɛ4 DRANGIANA

F2 Maracanda (Samarkand)

F3 SOGDIANA

F3 BACTRIA

F3 ARIA

F4 ARACHOSIA

F4 GEDROSIA

Ƒ5 INDIA

[Teƒe bubuwo]

A2 HELA

A3 Marathon

A3 Atene

A3 Salami

D1 SKITE

D4 Elat (Eloth)

D4 Tema

Ð4 ARABIA

[Towo]

E3 ELBURZ-TOWO

E4 ZAGROS-TOWO

[Tɔwo]

B3 Mediterranea-ƒu (Ƒu Gã La)

D2 Ƒuyibɔa

D5 Ƒudzĩa

E2 Caspian-ƒu

E4 Persia-ƒukɔme

[Tɔsisiwo]

B4 Nil

D3 Frat

Ð3 Tigris

Ƒ4 Indus

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ele be Kores ƒe aʋakɔwo nalia Zagros-towo hafi ate ŋu aɖo Babilon

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Etame: Dukɔwo Katã ƒe Agbo, si le Persepolis

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Tata sue si le eme: Kores ƒe yɔdo, le Pasargadae