Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Egipte Yi Ŋugbedodonyigba La dzi

Tso Egipte Yi Ŋugbedodonyigba La dzi

Tso Egipte Yi Ŋugbedodonyigba La dzi

AMEWO nya nu tso Israel-viwo ƒe Ʋuʋu tso Egipte ŋu le afisiafi. Gake nukae nɔ ŋgɔ na Mose kple Mawu ƒe amewo le woƒe Ƒudzĩa tsotso vɔ megbe? Afikae woɖo tae, eye aleke wowɔ hafi ɖo Yordan-tɔsisia to bene woage ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi?

Woƒe taɖodzinue nye be yewoaɖo Kanaan-nyigba dzi, gake Mose mekplɔ wo to mɔ si le kpuie wu—si nye ƒutamɔ si ƒe didime anɔ kilometa 400—si ana woazɔ tẽ ato Filisti, woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, o. Eye meto Sinai-ƒudomekpoa titina si keke gbadzaa, si nye kponyigba gã si dzi kpekui kple akalokpe le eye dzoxɔxɔ nu sẽ ŋutɔ le la hã o. Ao, ke boŋ Mose kplɔ wo to anyiehe, eye woto ƒutamɔ ƒe gbadzaƒe sue la. Teƒe gbãtɔ si woƒu asaɖa anyi ɖoe nye Mara, afisi Yehowa trɔ tsi veve wòzu tsi vivi le. a Eyome esi wogaho tso Elim megbe la, ameawo li liʋiliʋi le nusi woaɖu ŋu; Mawu na tegli wo eye emegbe wòna mana wo. Le Refidim la, wogahe nya le afisi woakpɔ tsi le ano ŋu, woɖu Amalekitɔ siwo ho ɖe wo ŋu la dzi, eye Mose toa xlɔ̃ nui be wòana ŋutsu siwo dze nakpe ɖe eŋu.—Mo II, ta 15-18.

Emegbe Mose kplɔ Israel-viwo ɖo ta to siwo le anyiehe gome ɖaa gbɔ, heva ƒu asaɖa anyi ɖe Sinai-toa gbɔ. Afimae Mawu ƒe amewo xɔ Sea, wotu avɔgbadɔa, eye wosa vɔwo le. Le ƒe evelia me la, woɖo ta dziehe heto ‘gbe gã dziŋɔ aɖe dzi,’ eye edze abe woƒe mɔzɔzɔ yi Kades (Kades-Barnea) nutoa me xɔ ŋkeke 11 ene. (Mo V, 1:1, 2, 19; 8:15) Le vɔvɔ̃ si ɖo ameawo ɖe nyatakaka madeamedzi si wose tso ŋkutsala ewo gbɔ ta la, ele be woagatsa tsaglãla le gbeadzi ƒe 38 sɔŋ. (Mo IV, 13:1–14:34) Teƒe siwo wotɔ ɖo dometɔ aɖewoe nye Abrona kple Ezeon-Geber, emegbe wogatrɔ gbɔ va Kades.—Mo IV, 33:33-36.

Esi ɣeyiɣia de mlɔeba be Israel-viwo nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Israel-viwo mezɔ mɔa tẽ ɖo ta dziehe o. Woto Edomtɔwo ƒe nuto vevi aɖewo me eye woɖo ta dziehe gome heto “mɔ gã” si nye Fia ƒe Mɔ Gã la dzi. (Mo IV, 21:22; Mo V, 2:1-8) Menɔ bɔbɔe be dukɔ blibo—si me ɖeviwo, lãwo, kple woƒe avɔgbadɔwo nɔ—nato mɔ sia o. Ehiã be woanɔ fli me aɖi abu ato agadomɔ xaxɛwo—siwo nye Zered kple Arnon (siwo me goglo wòade meta 520)—hafi agalia togbɛawo.—Mo V, 2:13, 14, 24.

Mlɔeba la, Israel-viwo ɖo Nebo-toa gbɔ. Do ŋgɔ Miryam ku le Kades, eye Aron ku le Hor-toa gbɔ. Mose hã ku mlɔeba le afisi wòtsi tre ɖo hekpɔ anyigba si dzi wòdi vevie be yeayi la ɖa tso adzɔge. (Mo V, 32:48-52; 34:1-5) Agbanɔamedzia va su Yosua si be wòakplɔ Israel-viwo age ɖe anyigba la dzi, esi va nye woƒe mɔzɔzɔ si gɔme wodze ƒe 40 do ŋgɔ la ƒe nuwuwu.—Yos 1:1-4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Teƒe siwo woƒu asaɖa anyi ɖo dometɔ geɖe mele nyanya o.

[Aɖaka si le axa 8]

BIBLIA-GBALẼ SIWO WOŊLƆ TSO ƔEYIƔI SIA DZI:

Mose I

Mose II

Mose III

Mose IV

Mose V

Hiob

Psalmowo (ƒe akpa aɖe)

[Anyigbatata si le axa 9]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Teƒe Siwo Wozɔ Mɔ To

Teƒe Siwo Israel-viwo Zɔ Mɔ Toe

A7 EGIPTE

A5 Rameses?

B5 Sukot?

D5 Etam?

D5 Pi-Haxirot

Ð6 Mara

Ð6 Elim

E6 SIN GBEDZI

E7 Dofka

Ɛ8 Refidim

Ɛ8 Sinai-to (Xoreb)

Ɛ8 SINAI GBEDZI

Ɛ7 Kibroth-hattaavah

F7 Xazerot

F6 Rimon-Perez

F5 Risa

F3 Kades

F3 Bene-Yakan

F5 Xor-Hagidgad

Ƒ5 Yotbata

Ƒ5 Abrona

Ƒ6 Ezeon-Geber

F3 Kades

F3 SIN GBEDZI

Ƒ3 Hor-to

Ƒ3 Zalmona

G3 Punon

G3 Yie-Abarim

G2 MOAB

G1 Dibon

G1 Almon-Diblatayim

Ƒ1 Yerixo

[Teƒe bubuwo]

A3 GOSEN

A4 On

A5 Mof (Nof)

B3 Zoan

B3 Taxpanxes

D5 Migdol

Ð3 SUR

Ð5 ETAM GBEDZI

Ɛ5 PARAN GBEDZI

F1 FILISTI

F1 Asdod

F2 Gaza

F2 Beer-Seba

F3 Azmon

F3 NEGEB

Ƒ1 Yerusalem

Ƒ1 Xebron (Kiryat-Arba)

Ƒ2 Arad (Kanaan-du)

Ƒ4 SEIR

Ƒ4 EDOM

G7 MIDIAN

Mɔ Gãwo

Mɔ si Yi Filistitɔwo ƒe Anyigba Dzi

Mɔ si Yi Sur

G4 Mɔ Gã La

Mɔ Siwo Asihawo Tona

El Haj Mɔ

[Towo]]

Ɛ8 Mt. Sinai (Horeb)

Ƒ3 Hor-to

G1 Nebo-to

[Tɔwo]

E2 Mediterranea-ƒu (Ƒu Gã La)

Ð7/G7 Ƒudzĩa

G1 Dzeƒu

[Tɔsisiwo kple Tɔʋuwo]

A6 Nil-tɔsisi

Ɛ3 Egipte-tɔʋu

G2 Arnon

G3 Zered

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Asihawo zɔa mɔ toa Sinai-ƒudomekpoa dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ele be Israel-viwo katã nazɔ ato Arnon-tɔʋua me

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Wokua tsi tso vudo siwo le Kades alo le nuto siwo te ɖe eŋu me

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ele be Israel-viwo katã nazɔ ato Arnon-tɔʋua me