Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yerusalem Kple Gbedoxɔa Le Yesu Ŋɔli

Yerusalem Kple Gbedoxɔa Le Yesu Ŋɔli

Yerusalem Kple Gbedoxɔa Le Yesu Ŋɔli

LE Yesu dzidzi megbe kpuie la, Yosef kple Maria tsɔe yi dugã si Fofoa si le dziƒo ɖo Eƒe ŋkɔ ɖo me—si nye Yerusalem. (Lu 2:22-39) Esi Yesu xɔ ƒe 12 la, egayi afima ake na Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Nugɔmesese geɖe si su esi la wɔ nuku na nufiala siwo nɔ gbedoxɔa me ale gbegbe. (Lu 2:41-51) Gbedoxɔ ma tutu kpe ɖe xɔtudɔ geɖe siwo Herodes Gãtɔ wɔ ŋu, eye etutu xɔ “ƒe blane vɔ ade” sɔŋ.—Yoh 2:20.

Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, eyia Yerusalem le azãɖuɣiwo, afisi wòfiaa nu amehawo le zi geɖe. Enya gaɖɔlilawo kple asitsalawo le gbedoxɔa me zi eve sɔŋ.—Mt 21:12; Yoh 2:13-16.

Yesu da dɔ na ŋutsu aɖe si kpe fu ƒe 38 sɔŋ le gbedoxɔa ƒe dziehe gome, le Betesda-ta la to. Mawu ƒe Vi la ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ aɖe hã, esi wògblɔ nɛ be wòayi aɖale tsi le Siloa-ta si le dugã la ƒe anyiehe gome la me.—Yoh 5:1-15; 9:1, 7, 11.

Enuenu Yesu yi ɖasrã exɔlɔ̃ siwo nye Lazaro, Maria, kple Marta kpɔ le Betania, ‘si anye kilometa etɔ̃’ tso Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome. (Yoh 11:1, 18, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ; 12:1-11; Lu 10:38-42; 19:29; kpɔ “Yerusalem Nutome,” le axa 18 lia.) Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ hafi Yesu naku la, eto mɔ si tso Amitoa dzi yi Yerusalem. Wò ya kpɔe ɖa le susu me ko esi wòtɔ ɖe mɔa dzi trɔ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe hekpɔ dua eye wòte avifafa ɖe eta. (Lu 19:37-44) Nusi wòkpɔ tso adzɔge anya sɔ kple esi kpɔm nèle le axa si kplɔe ɖo. Eyome edo tedzivi ge ɖe Yerusalem, eye anɔ eme be dugã la ƒe ɣedzeƒegboawo dometɔ ɖeka nue wòto ge ɖe eme. Amehawo do ɣli nɔ ekafum be eyae ava nye Israel ƒe Fia.—Mt 21:9-12.

Nudzɔdzɔ vevi siwo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku dzɔ le Yerusalem alo afisiwo gogoe: le Getsemane-bɔa me, afisi Yesu va do gbe ɖa le; le Sanhedrin la ƒe takpexɔ me; le Kayafa ƒeme; le Mɔmefia Pilato ƒe fiasã me, eye mlɔeba, le Golgata.—Mr 14:32, 53–15:1, 16, 22; Yoh 18:1, 13, 24, 28.

Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia amewo le Yerusalem kple teƒe siwo gogoe. (Lu 24:1-49) Mlɔeba wonɔ Amitoa dzi esi wòlia yi dziƒo.—Dɔ 1:6-12.

[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 31]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Yerusalem/Herodes Ƒe Gbedoxɔa

Gbedoxɔa Ƒe Teƒeteƒewo

1. Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe

2. Kɔkɔeƒe

3. Numevɔsamlekpui

4. Gazɔ

5. Nunɔlawo ƒe Xɔxɔnu

6. Israel ƒe Xɔxɔnu

7. Nyɔnuwo ƒe Xɔxɔnu

8. Dukɔwo me Tɔwo ƒe Xɔxɔnu

9. Dometsotso (Soreg)

10. Fia ƒe Akpata

11. Salomo ƒe Akpata

GBEDOXƆ

Agbo

 

Nunɔlawo ƒe Xɔxɔnu

Agbo

Kɔkɔeƒewo ƒe Numevɔsam-

Kɔkɔeƒe Kɔkɔeƒe lekpui Israel ƒe Nyɔnuwo ƒe

Xɔxɔnu Xɔxɔnu

Gazɔ

 

Agbo Salomo ƒe

Dometsotso (Soreg) Akpata

 

Dukɔwo me Tɔwo ƒe Xɔxɔnu

 

Agbo

Fia ƒe Akpata

 

Agbowo

Antonia Mɔ̃

Tɔdzisasrã

Sanhedrin ƒe Akpata?

TYROPOEON-BALI

Siloam-ta

Tsimɔ

Kayafa Ƒeme?

Mɔmefia ƒe Fiasã

Golgota?

Golgota?

Betesda-ta

Getsemane-bɔ?

AMITO

KIDRON-BALI

Gixon-tɔ

Rogel-vudo

HINOM-BALI (GEHENNA)

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Egbegbe Yerusalem, ne wodze ŋgɔ ɣedzeƒe kpɔe: (A) gbedoxɔa ƒe nutome, (B) Getsemane-bɔa, (D) Amitoa, (Ð) Yuda-gbedzi, (E) Ƒukukua

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ne wodze ŋgɔ ɣetoɖoƒe kpɔe tso Amitoa dzi le Yesu ŋɔli