Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yerusalem Kple Salomo Ƒe Gbedoxɔ la

Yerusalem Kple Salomo Ƒe Gbedoxɔ la

Yerusalem Kple Salomo Ƒe Gbedoxɔ la

WOYƆE be “nyonyowo ƒe ta” kple “fia gã la ƒe du.” (Ps 48:3; 50:2; Kony 2:15) Yerusalem ye nye Mawu ƒe dukɔa ƒe fiadu. (Ps 76:3) Esi Dawid xɔ dua le Yebusitɔwo si eye wòwɔe eƒe fiadui vɔ megbe la, wova tsɔ ŋkɔ nɛ be “Dawid ƒe du,” alo kpuie ko be “Zion.”—Sa II, 5:7.

Togbɔ be menye teƒe tɔxɛ deamedzi aɖekee wotso dua ɖo o hã la, Yerusalem va xɔ ŋkɔ le esi wònye teƒe si Mawu da eƒe ŋkɔ ɖo ta. (Mo V, 26:2) Enye afisi wokpɔa dukɔa ƒe subɔsubɔɖoɖowo kple dukplɔɖoɖowo dzi le.

Yerusalem le teƒe si kɔkɔ meta 750 tso atsiaƒu ƒe sɔsɔme, le Yudea titina tonyigbawo dzi. Biblia ƒoa nu tsoa eŋu be enye du si “kɔ eɖokui ɖe dzi” eye be tadeagulawo ‘liana yina’ eme. (Ps 48:3; 122:3, 4) Baliwo ƒo xlã dugã xoxoa: Hinom-balia le eƒe ɣetoɖoƒe kple anyiehekpa dzi eye Kidron-tɔʋua le eƒe ɣedzeƒekpa dzi. (Fia II, 23:10; Yer 31:40) Wokpɔa tsi nyui tsoa Gixon-tɔ a si le Kidron-balia me kple tso Rogel-vudo si le eƒe anyiehe gome la me, si de wo dzi vevietɔ le futɔwo ƒe amedzidzedze me.—Sa II, 17:17.

Le anyigbatata si le  axa 21 lia dzi la, wode afisi Dawid ƒe dua xɔ la amadede dzĩ me. Le Dawid kple Salomo ƒe dziɖuɣi la, wokeke dua ƒe liƒowo ɖe enu ɖo ta dziehe gome yi Ofel (gbemu) kple Moria-to (blɔtɔ) ƒe nutowo me. (Sa II, 5:7-9; 24:16-25) Salomo tu gbedoxɔ gã dzeani aɖe na Yehowa le tonyigba la ƒe kɔkɔƒe. Bu eŋu kpɔ ko be ameha gã aɖe nado bibibi ahanɔ ‘Yehowa ƒe to la’ liam bene woaɖaɖu azãwo ƒe sia ƒe! (Zax 8:3) Mɔ vovovo siwo woɖe, si dze le axa 17 lia, na be mɔzɔzɔ mawo nɔ bɔbɔe.

Salomo ƒe gbedoxɔ, si wotsɔ sika kple kpe xɔasiwo ɖo atsyɔ̃ na, lae nye xɔ xɔasitɔwo kekeake siwo wotu kpɔ le xexeame la dometɔ ɖeka. Eɖe dzesi be Yehowa ŋutɔe wɔ xɔa ƒe nɔnɔmetata. Abe alesi nàte ŋu akpɔe le nɔnɔmetata sia me ene la, akpata gãwo kple dɔdzikpɔƒe vovovowo le eme. Gbedoxɔa ƒe teƒeteƒe vovovoawo nye nusiwo ŋu wòanyo be nàsrɔ̃ nu tsoe ayi ŋgɔe.—Fia I, 6:1–7:51; Kr I, 28:11-19; Heb 9:23, 24.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Fia Xizkiya xe tɔsisi sia eye wòɖe tsimɔ va de nu ta aɖe si le ɣetoɖoƒe me.—Kr II, 32:4, 30.

[Aɖaka si le axa 21]

Esi ɣeyiɣiawo nɔ yiyim la, Yerusalem keke ɖe enu yi ɣetoɖoƒe kple dziehe gome. Yuda-fia siwo va ɖe Salomo yome keke gliawo ɖe enu heɖe agbowo kpee. Tomenukuku siwo wɔm wole fifia ava kɔ nu geɖe me na mí ku ɖe afisi tututu wokeke gliawo ƒe akpa aɖewo ɖe enu se ɖo ŋu. Ƒe 607 D.M.Ŋ. mee wotsrɔ̃ dugã la wòzu aƒedo ƒe 70 sɔŋ. Anɔ ƒe 80 le Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ megbe la, Nexemya dze Yerusalem gliawo ɖoɖo ƒe dɔ gã la gɔme ake.

 [Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 21]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Gbedoxɔa Ƒe Nutome Le Salomo Ŋɔli

GBEDOXƆA ƑE TEƑETEƑEWO

Gbedoxɔa Ƒe Teƒeteƒewo

1. Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe

2. Kɔkɔeƒe

3. Akpata

4. Boas

5. Yaxin

6. Akɔblivɔsamlekpui

7. Gazɔ

8. Anyinɔwo

9. Xɔŋuxɔewo

10. Nuɖuxɔwo

11. Xɔxɔnu Emetɔ

GBEDOXƆA ƑE NUTOME

Moria-to

Nuɖuxɔwo

Anyinɔwo

 

Xɔŋuxɔewo

Kɔkɔeƒewo Boas

ƒe Kɔkɔeƒe Kɔkɔeƒe Akpata Akɔblivɔ- Xɔxɔnu

Yaxin samlekpui Emetɔ

 

Anyinɔwo Gazɔ

 

 

Ofel

Dogba Dzi? (Ablɔ Me?)

Tsigbo?

DAWID ƑE DU

Zion-to

Dawid ƒe Fiasã

Vudogbo

Manase ƒe

Xananel Xɔ Tsrala

Mea Xɔ Tsrala

Alẽgbo

Gaxɔgbo

Mifkadgbo

Horse Gate

KIDRON-BALI

Gli Kpui

Gixon

Tsimɔ si woɖe emegbe

TYROPOEON BALI

Akɔligbo (Zemegbo)

Rogel-vudo

Balimegbo

HINOM - BALI

Dzogoe- dzigbo

Kpoxɔ Tsrala

Dogba Dzi (Ablɔ Me)

Efrayim-gbo

Dogba Dzi

Du Xoxoa ƒe Agbo

Dziehe Gli Xoxoa

DUA ƑE TO EVELIA

Tɔmelãgbo

[Nɔnɔmetata]

Ophel

Farao Vinyɔnu ƒe Aƒe

Salomo ƒe Fiasã

Libanon ƒe Avexɔ

Sɔtiwo ƒe Akpata

Fiazikpui ƒe Akpata

Moria-to

Xɔxɔnu Gã La

Gbedoxɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Fotoa ŋgɔ tututue nye afisi “Dawid ƒe du” la nɔ. Gbedoxɔa nɔ gbadzaƒea (le megbe ɖaa)

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Kɔmpiuta dzi nɔnɔmetata si ɖe “Dawid ƒe du” kple Salomo ƒe gbedoxɔ si nɔ anyi tsã fia