Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu “Le Yudatɔwo Ƒe Anyigba Dzi”

Yesu “Le Yudatɔwo Ƒe Anyigba Dzi”

Yesu “Le Yudatɔwo Ƒe Anyigba Dzi”

APOSTOLO Petro gblɔ nusi Yesu wɔ “le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem” ŋu nya na Kornelio esime wònɔ ɖase ɖim nɛ. (Dɔ 10:39) Nuto kawo mee nèbu be Yesu wɔ eƒe subɔsubɔdɔ si womaŋlɔ be akpɔ le ŋutinya me o la le?

Yudea, afisi Yesu wɔ Mawu ƒe dɔwo le la nye “Yudatɔwo ƒe anyigba” ƒe akpa aɖe. (Lu 4:44) Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, ezã ŋkeke 40 le Yuda-gbedzi (alo Yudea), si nye nuto mawɔnu si me amewo mele o eye wònye teƒe si aglãdzelawo kple adzodalawo bena ɖo. (Lu 10:30) Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Yesu nɔ mɔ zɔm tso Yudea, heɖo ta dziehe gome la, eɖe gbeƒã na Samaria-nyɔnu aɖe le Sixar gbɔto.—Yoh 4:3-7.

Nyanyuiawo me dzodzro ɖee fia be Yesu wɔ eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa gãtɔ le Galilea. Togbɔ be eyia Yerusalem le anyiehe gome na ƒe sia ƒe zãwo ɖuɖu hã la, Ŋugbedodonyigba la ƒe dziehe gomee wòzã ƒe eve gbãtɔawo ƒe akpa gãtɔ tsɔ wɔ eƒe subɔsubɔdɔa le. (Yoh 7:2-10; 10:22, 23) Le kpɔɖeŋu me, efia nu vevi geɖe hewɔ nukunu wɔdɔɖeamedzi gbogbo aɖewo esime wònɔ teƒe si te ɖe Galilea-ƒua ŋu alo esime wònɔ ƒua ŋutɔ dzi. Ðo ŋku edzi be etsi Galilea-ƒua dzi ahomya sesẽ aɖe nu eye wòzɔ ƒua dzi gɔ̃ hã. Enɔ tɔdziʋu me ɖe gbeƒã na ameha siwo nɔ ƒua ta kpekuiwo dzi. Du siwo tsɔ afima gbɔ siwo me wowɔa lãɖedɔ kple agbledɔ le la mee eyomedzela kplikplikpli gbãtɔawo tso.—Mr 3:7-12; 4:35-41; Lu 5:1-11; Yoh 6:16-21; 21:1-19.

Teƒe si Yesu nɔ koŋ hafi wɔ eƒe subɔsubɔdɔ le Galilea ye nye ƒutadu Kapernaum, si va zu ‘eya ŋutɔ ƒe du me.’ (Mt 9:1) Togbɛ aɖe si tsɔ teƒe ma gbɔ dzie wònɔ hafi gblɔ eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa. Eɖo tɔdziʋu ɣeaɖewoɣi tso Kapernaum nutoa me yi Magdala, Betsaida, alo nuto bubu siwo gogoe me.

De dzesii be Yesu ‘ŋutɔ ƒe du me’ medidi boo tso Nazaret, afisi wònɔ tsi; tso Kana, afisi wòtrɔ tsi wòzu wein le; tso Nain, afisi wòfɔ ahosi aɖe ƒe viŋutsu ɖe tsitre le; kple tso Betsaida, afisi wòna nuɖuɖu ame 5,000 nukutɔe heʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ aɖe le, la gbɔ o.

Le ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu vɔ megbe la, Yesu ɖo ta dziehe yi Tiro kple Zidon, siwo nye Foiniketɔwo ƒe melidzeƒeduwo. Emegbe ekeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu ɖo Helatɔwo ƒe du ewo siwo woyɔna be Dekapoli me. Yesu nɔ nuto si gogo Kaisarea Filipi (Ɛ2) me esime Petro ʋu eme be eyae nye Mesia la, eye eteƒe medidi hafi wokpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ o, ɖewohĩ le Xermon-toa dzi. Le ema megbe Yesu ɖe gbeƒã le Perea nutoa me le Yordan godo.—Mr 7:24-37; 8:27–9:2; 10:1; Lu 13:22, 33.

Yesu zã eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe kwasiɖa mamlɛa kple eƒe nusrɔ̃lawo le Yerusalem, si nye ‘Fia gã la ƒe du,’ kple le nuto siwo gogoe me. (Mt 5:35) Àte ŋu akpɔ du siwo medidi tso egbɔ o siwo ŋu nèxlẽa nu tsoe le Nyanyuiawo me, abe Emaus, Betania, Betfage, kple Betlexem ene le anyigbatata la dzi.—Lu 2:4; 19:29; 24:13; kpɔ aɖaka sue si ƒe tanyae nye “Yerusalem Nutome,” le axa 18.

[Anyigbatata si le axa 29]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Ŋugbedodonyigba (Yesu ŋɔli)

Anyigba La Le Yesu Ƒe Ŋkekea me

Dugã Siwo Le Dekapoli

E5 Hippo(s)

E6 Pella

E6 Scythopolis

Ɛ5 Gadara

Ɛ7 Gerasa

F5 Dion

F9 Filadelfia

Ƒ1 Damasko

Ƒ4 Raphana

G5 Canatha

Mɔ Gãwo (Kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

Mɔ Nyanyɛ si Nɔ Galilea Kple Yerusalem Dome (Kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

Mɔ Nyanyɛ Bubu si Nɔ Galilea Kple Yerusalem Domee, si To Perea (Kpɔ agbalẽa ŋutɔ me)

A11 Gaza

B6 Kaisarea

B8 Yope

B9 Lida

B12 Beer-Seba

D4 Ptolemai

D8 SAMARIA

D8 Antipatre

D8 Arimatia

D9 Emaus

D10 YUDEA

D11 Xebron

D12 IDUMEA

Ð1 Zidon

Ð2 Tiro

Ð3 FOINIKE

Ð4 GALILEA

Ð4 Kana

Ð5 Sepphoris

Ð5 Nazaret

Ð5 Nain

Ð7 Samaria

Ð7 Sixar

Ð9 Efrayim

Ð9 Betfage

Ð9 Yerusalem

Ð9 Betania

Ð10 Betlexem

Ð10 Herodium

Ð10 YUDA-GBEDZI

Ð12 Masada

E4 Korazin

E4 Betsaida

E4 Kapernaum

E4 Magdala

E5 Tiberia

E5 Hippo(s)

E6 Betania? (le Yordan godo)

E6 Scythopolis

E6 Pella

E6 Salem

E6 Aenon

E9 Yerixo

Ɛ1 ABILENE

Ɛ2 Kaisarea Filipi

Ɛ4 Gamala

Ɛ5 Abila?

Ɛ5 Gadara

Ɛ7 PEREA

Ɛ7 Gerasa

F3 ITURAEA

F5 Dion

F6 DEKAPOLI

F9 Filadelfia

Ƒ1 Damasko

Ƒ3 TRAXONITI

Ƒ4 Raphana

Ƒ12 ARABIA

G5 Canatha

[Towo]]

Ð7 Ebal-to

Ð7 Gerizim-to

Ɛ2 Xermon-to

[Tɔwo]

B6 Mediterranea-ƒu (Ƒu Gã La)

E4 Galilea-ƒu

E10 Dzeƒua (Ƒukukua)

[Tɔsisiwo]

E7 Yordan-tɔsisi

[Tsidzidziwo kple vudowo]

Ð7 Yakob ƒe Vudo

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Galilea-ƒu. Kapernaum le mía ŋkume tẽ le miakpa dzi. Teƒe si kpɔm nèlee nye Genezaret-tagba ƒe anyieheɣetoɖoƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Samariatɔwo dea ta agu le Gerizim-toa dzi. Ebal-toae le dzedzem le megbe ɖaa