Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya

Bu nya wɔmoyaa sia ŋu kpɔ: Le dukɔ deŋgɔ aɖe me la, amesiwo wu 90 le alafa me bunɛ be yewokpɔa dzidzɔ ŋutɔ loo alo yewokpɔa dzidzɔ alesi dze. Gake atike 10 siwo wozãna le dukɔ ma me wu ɖesiaɖe la dometɔ 3 nye blanuilélenutsitikewo. Le dukɔ ma ke me la, ame 91 le alafa me bunɛ be yewokpɔa dzidzeme le yewoƒe ƒomegbenɔnɔ me. Ke hã amesiwo ɖea srɔ̃ le afima la ƒe afã kloe va gbea wo nɔewo!

Le nyateƒe me la, numekuku si wowɔ le dukɔ 18 me tɔ siwo ade xexemenɔlawo katã ƒe afã la dome ɖee fia be “kakaɖedzi mele amewo si ɖe etsɔme ŋu le xexeame ƒe akpa geɖe o.” Eyata edze ƒã be ame geɖe mekpɔa dzidzeme blibo le agbe me o. Wò hã ɖe? Wotrɔ asi le agbalẽ gbadza sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzeme vavãtɔ le agbe me.