Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 2

Agbe Si Me Dzidzeme Le Ŋuti Ðaŋuɖoɖowo

Agbe Si Me Dzidzeme Le Ŋuti Ðaŋuɖoɖowo

NE ÈDO go kuxi la, ameka gbɔe nèxɔa aɖaŋuɖoɖo le? Ðewohĩ xɔlɔ̃ si dzi nèka ɖo alo aɖaŋuɖola bibi aɖe gbɔe nàyi. Aɖe vi hã ne èdi nyatakakawo tso teƒewo abe agbalẽdzraɖoƒe ene. Alo àte ŋu axɔ “Mama ƒe nunya,” abe alesi Ɣedzeƒetɔwo yɔnɛ ene, asrɔ̃ nu tso nusiwo teƒe wòkpɔ ƒe gbogbo aɖewo me. Mɔnu ka kee dze ŋuwò o, enyo be nàbu nya kpui siwo me nunya le siwo nye aɖaŋuɖoɖo ɖɔʋu siwo ate ŋu ana nàkpɔ kuxia gbɔ la ŋu. Aɖaŋuɖoɖo ɖɔʋu siwo àkpɔ be woakpe ɖe ye ŋu ƒe ɖewoe nye si.

“Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu”

2 Ƒomegbenɔnɔ: Dzila geɖe tsia dzi ɖe wo viwo nyinyi le xexe si yɔ fũ kple ŋusẽkpɔɖeamedzi maɖɔʋuwo me ŋu. Aɖaŋuɖoɖo si gbɔna ŋu bubu ate ŋu aɖe vi: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” 1 Ne ɖeviwo le tsitsim la, wohiã ‘mɔ si dzi woato,’ si nye dzidzenu siwo nu woanɔ agbe ɖo. Ame bibi geɖe va dze si alesi wòle vevie be woade se ɖɔʋuwo na ɖeviwoe. Dzidzenu nyui siwo dzilawo aɖo la ana ɖeviwo nase le wo ɖokui me be yewole dedie. Gakpe ɖe eŋu la: “Ati kple mokaname dzea nunya ame, ke ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.” 2 “Ati” fia dzila ƒe tanyenye si wòazã lɔlɔ̃tɔe atsɔ axe mɔ na ɖeviwo be woagatra o. Tanyenyea ŋudɔwɔwɔ mebia be woawɔ ŋlɔmi le ɖevi ŋu le mɔ aɖeke nu o. Aɖaŋu si woɖo na dzilawoe nye be: “Migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.” 3

‘Mia dometɔ ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu abe ye ŋutɔ ɖokui ene’

3 Ƒomedodo nyui si anɔ atsu kple asi dome nye nusi dzi ƒomea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo. Nukae ana ƒomedodoa nanɔ nenema? “Mia [dometɔ] ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.” 4 Lɔlɔ̃ kple bubudede ame nɔewo ŋu wɔa dɔ abe mɔ̃memi le mɔ̃ me ene le ƒome ƒe ɖoɖoa me. Hafi aɖaŋuɖoɖo sia nawɔ dɔ la, dzeɖoɖo hiã vevie ŋutɔ elabena “afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” 5 Hafi dzeɖoɖo tso dzime faa nanɔ anyi la, ele be míadze agbagba ase míaƒe kpeɖeŋutɔa ƒe seselelãmewo gɔme, abia gbee anya alesi tututu wòsena le eɖokui me. Anyo ne ele susu me na mí be ‘ame ƒe tamesusu ate ŋu anɔ gogloƒe abe alesi tsi nɔa vudo me ene, ke aɖaŋudzela dunɛ.’ 6

Nukpɔsusu nyui nenɔ asiwò, nàdze agbagba ana ƒomedodo dodzidzɔname nanɔ mia kple ame bubuwo dome

4 Ame tsitsi geɖe tsia akogo ŋutɔ le woƒe tsitsime, le esi wo viwo gblẽ wo ɖeɖe ɖi ta, eye ele alea le dukɔ siwo me ɖeviwo dea bubu wo dzilawo ŋu le tsã gɔ̃ hã. Ke hã anyo be wo viwo nabu nya siawo siwo me nunya le ŋu: “Bu fofowò kple dawò.”7“Megado vlo dawò, ne eku nyagã o!”8“Amesi sẽ ŋuta le fofoa ŋu, eye wònyã dada la, vi vloe ŋukpenanuwɔla wònye.”9 Gake ehiã be nukpɔsusu nyui nanɔ dzila tsitsiwo hã si eye woa ŋutɔwo nadze agbagba ana ƒomedodo dodzidzɔname nanɔ wo kple ame bubuwo dome. “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.”10

5 Aha Sesẽ Nono: Ele eme baa be “wein doa dzidzɔ na agbe,” 11 eye be aha sesẽ nono ate ŋu ‘ana womagaɖo ŋku kuxiwo dzi o.’ 12 Gake ɖo ŋku edzi be: “fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, medze nunya o.” 13 Bu nusiwo ahatsunono gblẽna ŋu kpɔ: “Emegbe la [wein ɖua] ame abe da ene, eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene. Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔwo, eye wò dzi anɔ nya baɖawo gblɔm. . . . ‘Ɣekaɣi gɔ̃ manyɔ, ne magadi eyome mɔ?’” 14 Aha sesẽ nono ɖe ŋku ŋu ate ŋu aɖe vi, gake ele be woatsri enono fũ akpa ɣesiaɣi.

6 Ga Zazã Nyuie: Woate ŋu axe mɔ na gakuxiwo le go aɖewo me ne wozã ga nyuie. Se aɖaŋuɖoɖo sia ɖa: “Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o. Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃tsudɔla ɖe wònɔa ɖovu me.” 15 Ne míetsri aha sesẽ kple atike vɔ̃ɖiwo nono madzemadzee kpakple nuwɔnawo abe tsatsadada ene la, míate ŋu azã míaƒe ga atsɔ akpɔ míaƒe ƒome dzi le mɔ ɖɔʋu nu. Ke hã la, ame aɖewo do kpo agbenɔnɔ ɖe nusi le wo si nu eye ɖeko wova nɔa hloloe tsom be yewoatsɔ axe yewo ŋu fewo ɖeɖeko. Ame aɖewo doa ga tsɔ xea gadodo bubu ƒe demee gɔ̃ hã. Akpe ɖe mía ŋu ne nya siwo gbɔna siwo me nunya le la le susu me na mí: “Amesi ti yakanuwo yome la, ahedada ado gã ɖe edzi.” 16 Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe nusiwo medi be maƒle la hiãm tututua? Nu nenie tsia nye aɖaka me ne menya zãe zi ɖeka zi eve ko megbe?’ Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Nusiwo hiã amegbetɔ le ʋɛ—seɖoƒe meli na nusiwo wòdi ya o.Se nya sia si me nunya le la ɖa: “Míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí. . . . Nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye . . . wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.” 17

7 Kutrikuku te ŋu kpɔa gakuxiwo gbɔ ŋutɔ. “Wò kuviatɔ, yi anyidi gbɔ, kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, eye nadze nunya! . . . Gadɔ alɔ̃ vie, gadɔ akɔlɔ̃e vie, de asi asitɛ me nagbɔ ɖe eme vie! Ekema wò ahedada aɖi kpe wò abe mɔzɔla ene.” 18 Ðoɖowɔwɔ ŋuɖɔɖotɔe kple ɖoɖo nyui wɔwɔ ɖe gazazã ŋu hã ate ŋu aɖe vi: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?” 19

‘Èkpɔ amesi zã le eƒe dɔwɔwɔ mea?’

8 Ke ne míeva ɖo ko evɔ menye míawoe wɔ vodada aɖeke o ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me ne ganyawo va tɔtɔ le dukɔ me la, ate ŋu adzɔ be dɔ nage le mía si togbɔ be míedi be míawɔ dɔ sesẽ hafi. Alo ate ŋu anye be míele dukɔ si me ame akpa gãtɔ da ahe kolikoli me. Ke nukae míawɔ? “Nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye: Nunya léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.” 20 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, bu aɖaŋuɖoɖo sia ŋu kpɔ: “Kpɔ amesi zã le eƒe dɔwɔwɔ me la ɖa, fiawoe wòasubɔ.” 21 Ðe míate ŋu asrɔ̃ dɔ aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dɔ awɔa?

“Mina, eye woana mi”

9 Adze abe ɖe aɖaŋuɖoɖo si gbɔna la tsi tre ɖe eɖokui ŋu ene, gake ewɔa dɔ ŋutɔ: “Mina, eye woana mi, . . . elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.” 22 Nya sia mefia be míana nu anɔ mɔ kpɔm be woana nu mí ɖe eteƒe o. Ke boŋ aɖaŋuɖoɖoae nye be míasrɔ̃ dɔmenyowɔwɔ: “Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.” 23 Ne míenaa nu amewo le hiãɣi la, ke míele nunana ƒe nɔnɔme ɖom anyi si ava ɖe vi na mí emegbe.

10 Amewo dome ƒomedodowo: Fia nyanu aɖe gblɔ be: “Mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã ɖe dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wònye ɖe amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.” 24 Hoʋiʋli wɔe be ame geɖe wɔ bometsinuwo. Ne ame aɖe kpɔ ehavi wòƒle television si lolo sentimeta 80 ko la, eya hã nɔa du dzi ɖaƒlea esi lolo sentimeta 90, togbɔ be sentimeta 70 tɔ si le esi la le dɔ wɔm nyuie hafi. Hoʋiʋli ma katã nye tofloko nyateƒe, abe dagbadagba ɖe ya me ene—enye hloloetsotso gbɔlo. Mèlɔ̃ ɖe edzi oa?

Aleke míawɔ anɔ te ɖe dziku sesẽ nu?

11 Ðewohĩ nya si amewo gblɔ le mía ŋu ve mí. Gake bu aɖaŋuɖoɖo sia ŋu kpɔ: “Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.” 25 Ele eme baa be asɔ ɣeaɖewoɣi ne míedo dziku. Nuŋlɔla aɖe si nɔ anyi le blema lɔ̃ ɖe edzi be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” 26 Ke aleke míawɔ akpe akɔ kple dziku sesẽ? “[Ame ƒe nugɔmesese ɖoa asi eƒe dziku dzi, “NW”] eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” 27 Nugɔmesesee hiã. Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Nukatae wòwɔ nu nenema? Ðe wòanye be nanewoe na nuwo yi nenema?’ Nɔnɔme bubuwo li kpe ɖe nugɔmesese ŋu wòle be míatu ɖo atsɔ aɖu dziku dzi. “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti. . . . Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.” 28 Ẽ, lɔlɔ̃ ɖɔa amewo dome kuxi geɖe ɖo.

12 Ke hã “ŋutinu sue aɖe” li si wɔnɛ be ŋutifafa mete ŋu nɔa amewo dome ɖaa o—eyae nye aɖe. Aleke gbegbe nya siawo nye nyateƒee nye si be: “Aɖe la ame aɖeke mate ŋu amlãe o, nuvɔ̃ madzudzɔmadzudzɔ, si aɖi wuame yɔ fũ la wònye.” 29 Eye aɖaŋuɖoɖo aɖe si wòle be míade dzesi enye be: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” 30 Gake le aɖea zazã me la, ele be míakpɔ nyuie be míagagblɔ nyateƒe afã alakpa afã kple susu be gotagome ŋutifafa aɖe nanɔ anyi o. “Ke boŋ miaƒe nya nanye: Ẽ, ẽ; o, o; eye nusi ke wu esiawo la, etso vɔ̃ɖitɔ la me.” 31

13 Aleke míawɔ be ƒomedodo ɖɔʋu nanɔ mía kple amewo dome ɖaa? Se gɔmeɖose sia si nye mɔfiame la ɖa: “Amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!” 32 Esia ana míanɔ agbe nɔm ɖe nya siwo ame geɖe yɔna be Sikasedede la nu, si nye: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” 33

14 Nuteɖeamedzi: Aleke míawɔ be nu mate ɖe mía dzi boo o le xexe sia si yɔ fũ kple nuteɖeamedzi me? “Dzi konu nana mo kɔna; ke ne dzi le nu xam la, ekema wɔna vɔna le dzideƒo ŋu.” 34 Ele bɔbɔe be ‘dzi kpɔdzidzɔ’ maganɔ mía me o ne míekpɔ be amewo ŋea aɖaba ƒua nusiwo míekpɔ be wonyo dzi. Ke hã anyo be míaɖo ŋku nya siawo dzi be: “Megawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, eye meganya nu tso eme akpa o; nukaŋuti nèbe, yeade ye ɖokui tsɔtsrɔ̃ me ɖo?” 35 Gake agbemedzimaɖitsitsiwo ate ŋu anɔ fu ɖem na mí atraɖii. Ke nuka míawɔ? Mina míaɖo ŋku edzi be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.” 36 Míate ŋu abu “xɔlɔ̃nya” si nye dzideƒonya na mí la ŋu. Ne míelé blanui gake nukpɔsusu nyui le mía si la, ate ŋu ade míaƒe lãmesẽ dzi gɔ̃ hã: “Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana.” 37 Ne míelé blanui le esi amewo metsɔa ɖeke le eme na mí o ta la, míate ŋu ate mɔnu sia akpɔ: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” 38 Ne nukpɔsusu nyui le mía si la, míate ŋu akpe akɔ kple nusiwo tena ɖe mía dzi gbesiagbe.

15 Esi wònye ƒe alafa 21 lia mee míele la, èbu be nya siwo míegblɔ va yi siwo me nunya le la ate ŋu awɔ dɔ na wòa? Le nyateƒe me la, blemagbalẽ aɖe mee wole—eyae nye Biblia. Gake nukatae wònye Biblia ŋue míatrɔ ɖo ke menye nunyatsoƒe bubuwo o? Susuawo dometɔ ɖekae nye be ɣeyiɣi gbogbo aɖewoe nye sia si gɔmeɖose siwo le Biblia me la le dɔ wɔm. Le kpɔɖeŋu me, bu Yasuhiro kple Kayoko, amesiwo nɔ nyɔnuwo ƒe gomenɔamesi taʋiʋli wɔna aɖe me ŋu kpɔ. Wova ɖe wo nɔewo le esi Kayoko fɔ fu na Yasuhiro ta. Gake le gakuxiwo kple alesi wosusu be yewomesɔ na yewo nɔewo o ta la, eteƒe medidi hafi wogbe wo nɔewo o. Gake emegbe wo ame evea va te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo, evɔ menɔ nyanya na wo dometɔ aɖeke o. Wo dometɔ ɖesiaɖe de dzesi tɔtrɔ ɖedzesiwo le wo nɔewo ƒe agbenɔnɔ me. Yasuhiro kple Kayoko ɖoe be yewoaga ɖe yewo nɔewo ake. Togbɔ be mefia be kuxiwo vɔ le woƒe agbe me o hã la, Biblia ƒe gɔmeɖosewo nue wonɔa agbe ɖo fifia, eye wo ame evea ɖea asi le nya aɖewo ŋu kple susu be yewoaɖɔ yewoƒe kuxiwo ɖo. Àte ŋu akpɔ vi siwo Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ɖena le agbe me le Yehowa Ðasefowo dome. Nukata màyi woƒe kpekpewo dometɔ ɖeka anya amesiwo le agbagba dzem be yewoanɔ agbe ɖe Biblia me nyawo nu o?

16 Aɖaŋuɖoɖo siwo míeyɔ ɖe etame la nye nunya adodoe gbago siwo nàte ŋu akpɔ tso numekɔkɔtsoƒe xɔasi sia si nye Biblia me la ƒe kpɔɖeŋuwo ko. Susu aɖewo li siwo ta Yehowa Ðasefowo lɔ̃ faa tsɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔa dɔe le woƒe agbenɔnɔ me. Nukata màdo afɔ na susu siwo ta wolɔ̃ nenema eye nànya nyateƒenya vevi aɖewo tso Biblia ŋu o?