Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 9

Nɔ Agbe Si Me Dzidzeme Le—Fifia Kple Tegbee!

Nɔ Agbe Si Me Dzidzeme Le—Fifia Kple Tegbee!

Àte ŋu anɔ agbe si me dzidzeme le ne èdze xɔ̃ Mawu

ABRAHAM, amesi nye ame vevi le Biblia ƒe ŋutinya me nɔ agbe dzedziname le Ur-dugã si me ga bɔ ɖo me. Esi wònɔ Xaran ɣeyiɣi aɖe vɔ megbe la, eva nye tsatsala henɔ avɔgbadɔwo me, eye metso aƒe aɖeke nɔ eme o le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me. (Mose I, 12:1-3; Dɔwɔwɔwo 7:2-7; Hebritɔwo 11:8-10) Ke hã woŋlɔ ɖi be: “Abraham ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ [dze eme nɛ] hafi wòku.” (Mose I, 25:8) Nukae na dzidzeme nɔ eƒe agbe me nenema? Menye amegã ɖeɖi si ƒe dzi dze eme le kuba dzi le nusiwo wòte ŋu wɔ le agbe me ta ko o. Wova yɔ Abraham emegbe be ‘Yehowa xɔlɔ̃’ le Mawu dzixɔse ɖedzesi si nɔ esi ta. (Yakobo 2:23; Yesaya 41:8) Ƒomedodo ɖɔʋu si Abraham na wònɔ wo kple Ewɔla domee na agbenɔnɔ dze edzi nɛ.

Ðe dzidzeme geɖe ate ŋu anɔ wò agbenɔnɔ me wu Abraham gɔ̃ hã tɔa?

2 Abe alesi Abraham wɔe anɔ ƒe 4,000 enye si va yi ene la, wò hã àte ŋu anɔ agbe ɖɔʋu si me dzidzeme le egbea ne èdze xɔ̃ Mawu. Ðewohĩ xexeame katã Wɔla ƒe xɔlɔ̃ nyenye aɖi vɔvɔ̃ na wò, gake anya wɔ. Le mɔ ka nu? Ehiã be nànyae ahalɔ̃e. (Korintotɔwo I, 8:3; Galatiatɔwo 4:9) Ƒomedodo ma si anɔ mia kple Wɔwòla dome ana viɖe nanɔ wò agbe ŋu eye wò dzi adze eme.

3 Yehowa ɖo mɔfiamewo ɖi na amesiwo lɔ̃ be yewoaxɔ Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa eye awɔe be woanɔ agbe le dzidzɔ me. (Yesaya 48:17) Ðo ŋku edzi be Adam dze aglã ɖe Mawu ŋu esi wòwɔ nyui kple vɔ̃ ƒe nyametsotso na eɖokui. Togbɔ be Yehowa to Via ƒe tafevɔsaa dzi ƒle ameƒomea heʋu mɔ na wo be woavo tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me hã la, ele be amesiame ŋutɔ naxɔ tafea ahadzudzɔ nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenu ɖoɖo na eɖokui. Ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe se kple gɔmeɖose siwo Mawu wɔ na amesiwo xɔ Yesu ƒe tafevɔsaa te.

“Na manya wò mɔwo”

4 Ne èyi edzi le Biblia srɔ̃m hele gɔmeɖose siwo le eme dzi wɔm la, ɖikeke mele eme o be àva kpɔ nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenu siwo Mawu ɖo la ƒe asixɔxɔ adze sii. (Psalmo 19:8-10) Aʋã wò nàgblɔ na Mawu, abe alesi Yehowa ƒe nyagblɔɖila Mose gblɔe ene, be: “Ne ève nunye vavã la, ekema na manya wò mɔwo, eye madze si wò.” (Mose II, 33:13; Psalmo 25:4) Gɔmeɖose siwo akplɔ wò to ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ ƒe kuxiwo me la le Biblia me. (Timoteo II, 3:1) Wò nugɔmesese adzi ɖe edzi, wòawɔe be nànya Yehowa nyuie eye ŋusẽ naɖo mia kplii dome ƒomedodoa ŋu.

5 Abraham “ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ [dze eme nɛ]” hafi wòku, gake zi alesi amegbetɔ kuna ko la, agbenɔnɔ kpɔtɔ le kpuie kokoko. Ƒe ka kee míexɔ o, dzɔdzɔmedidi le mí katã me be míanɔ agbe. Nusitae nye be ‘Mawu de mavɔmavɔ dzi me na amegbetɔwo, negbe ɖeko womate ŋu anya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o.’ (Nyagblɔla 3:11) Ne míele agbe yi ɖe mavɔmavɔ me gɔ̃ hã la, míate ŋu anya ta le nusiwo Yehowa wɔ la katã ŋu o. Nuwuwu meli na nusiwo míate ŋu akpɔ, asrɔ̃, ahase vivi na le Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo dome o!—Psalmo 19:2-5; 104:24; 139:14.

6 Ne kuxi siwo míedoa goe egbea yɔ anyigba dzi fũ la, ke agbe tegbee nɔnɔ madzro wò o. Gake mele be ema naɖe fu na wò o. Biblia do ŋugbe be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) Nyagbe “dziƒo yeye” fia dziƒodziɖuɖu yeye—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe si aɖu anyigba bliboa dzi. “Anyigba yeye” la nye amegbetɔwo ƒe hatsotso yeye siwo me tɔwo nye amesiwo bɔbɔ wo ɖokui na Fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuɖu. Be wòava eme alea la, eteƒe madidi o Yehowa atso ɖe amesiwo ‘le anyigba gblẽm’ ŋu.—Nyaɖeɖefia 11:18; Petro II, 3:10.

7 Ava kpuiea? Nusiwo Yesu Kristo yɔ be woanye ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ƒe dzesia’ dometɔ aɖewoe nye be dukɔwo anɔ aʋa wɔm, “dɔwuame kple . . . anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo,” “dɔvɔ̃wo lava,” eye ‘numadzɔmadzɔwɔwɔ adzi ɖe edzi.’ (Mateo 24:3-13; Luka 21:10, 11; Timoteo II, 3:1-5) Emegbe egblɔ ɖi be: “Ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, mawufiaɖuƒe la gogo.” (Luka 21:31) Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi si me Yehowa atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la le du dzi gbɔna. *

8 Le “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã” si me Yehowa aɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le anyigbaa dzi yome la, míaƒe anyigba bliboa atrɔ azu paradiso. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; Yesaya 51:3) Ekema “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Ke amesiwo ku ya ɖe? Yesu gblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” (Yohanes 5:28, 29) Yehowa, amesi tsɔ ɖe le amesiame la, di be yeagagbɔ agbe amesiwo le alɔ̃ dɔm le ku me. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ate ŋu ate kpɔ ato nugbagbe ƒe agbedomenyiŋusẽ tɔtrɔ dzi awɔ amegbetɔ siwo ɖi wo nɔewo, gake mehiã be Wɔla la nazã mɔnu ma o. Ate ŋu aɖo ŋku nusianu si ku ɖe amegbetɔ ɖesiaɖe si dze na agbenɔnɔ ŋu dzi agagbɔ agbee. Ẽ, mɔkpɔkpɔ le ŋgɔwò be àgado go wò ame vevi siwo ku le paradisonyigba dzi!

9 Aleke agbenɔnɔ anɔ le Paradiso me? Anyigba dzi ayɔ kple ŋutsu kple nyɔnu dzidzɔtɔ siwo anɔ Wɔla la kafum le ɖekawɔwɔ me. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24; 54:13) Nuteɖeamedzi gblẽnu magaɖe fu na ame aɖeke loo alo tagbɔdɔwo kple seselelãmekuxiwo nagaɖe kpe na amewo o. Nuɖuɖu abɔ amesiame naɖu eye woase vivi na dɔwɔna ɖɔʋu siwo le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe tameɖoɖo. (Psalmo 72:16; Yesaya 65:23) Woanɔ ŋutifafa me kple lãwo, anɔ ŋutifafa me kple wo havi amegbetɔwo eye ƒo wo katã ta la, woanɔ ‘ŋutifafa me kple Mawu.’—Romatɔwo 5:1; Psalmo 37:11; 72:7; Yesaya 11:6-9.

10 Nukae wòle be nàwɔ be nànɔ Paradiso ma me ahase vivi na agbe le dzidzeme blibo me? Yesu Kristo gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa.” (Yohanes 17:3) Eyata yi edzi nànɔ Yehowa kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze xɔm, ahanɔ nusi Mawu di tso asiwò srɔ̃m. Ekema àte ŋu awɔ nu wòadze Yehowa Mawu ŋu, eye ana dzidzeme geɖe nanɔ wò agbe me.

^ mm. 7 Àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso nyagblɔɖi sia ŋu le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 11 lia me.