Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 1

Agbe Si Me Dzidzeme Le—Nudzroame Aɖe Koea?

Agbe Si Me Dzidzeme Le—Nudzroame Aɖe Koea?

LE DUKƆ deŋgɔwo me la, ne agbeɖunu ɖesiaɖe ƒomevi le aƒe aɖe me la, adze abe ɖe emetɔwo vo eye nu dze edzi na wo ene. Gake nɔnɔme kae nàte ŋu akpɔ ne ège ɖe aƒea me? Dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme ɖefunamewoe nàkpɔ. Ƒewuiviawo yɔa mo tsɔ ɖoa nya ŋu na wo dzilawo be, “Ẽ,” alo “Ao” ko. Edzroa vinɔa vevie be ye srɔ̃ natsɔ ɖe le eme na ye. Eye vifofoa hã medina be ame aɖeke naɖe fu na ye o. Srɔ̃tɔ siawo dzila tsitsiwo hã le teƒe bubu eye edzroa wo vevie be yewoanɔ ƒomea me tɔwo dome, esi womegakpɔ wo kpɔ o ɣleti geɖe ta. Gake ƒome aɖewo siwo do go xaxa siawo tɔgbe te ŋu kpɔ woƒe kuxiwo gbɔ eye wole dzidzɔ kpɔm vavã. Ènya nusitaea?

2 De ŋugble le ƒome aɖe si le dukɔ madeŋgɔ me, ɖewohĩ le xexeame ƒe akpa bubu, ŋu kpɔ. Xɔ manyomanyo aɖe si ŋu ŋusẽ aɖeke megale o mee ame adre siwo le ƒomea me la katã le. Womenya ɣekaɣie woate ŋu akpɔ nusi woagaɖu o—esia ɖoa ŋku edzi na mí nublanuitɔe be amegbetɔ mete ŋu ɖe dɔwuame kple koɖoɖo ɖa o. Ke hã ƒome geɖe le anyigba dzi siwo tsɔa dzidzɔ kpea akɔ kple koɖoɖoe. Nukatae?

3 Gakuxiwo ate ŋu ado mo ɖa le dukɔ siwo me ga le gɔ̃ hã me. Ƒome aɖe si le Japan ƒle woƒe aƒe esime wòdze abe ɖe ganyawo “nyo ŋutɔ” ene. Esi kakaɖedzi nɔ wo si be woava da ɖe fetu dzi ta la, wodo ga gbogbo aɖe tsɔ ƒlee. Gake esi ganya si “nyo ŋutɔ” la va trɔ gbo la, gaa meganya xe na wo o eye wòhiã be woadzra woƒe aƒea ɖe asi si bɔbɔ kura wu esi wotsɔ ƒlee dzi. Togbɔ be ƒomea megale aƒea me o hã la, wokpɔtɔ le fe xem ɖe eta. Nusi gadzi woƒe agbaa ɖe edzie nye be wokpɔtɔ le dagbadagbam be yewoaxe nusiwo woƒle agbanae nuŋumabumabutɔe ƒe fe siwo wonyi. Vifofoa daa tsatsa, eye fe sɔŋ ko nyim ƒomea le ɖe edzi. Ke hã ƒome geɖe wɔ asitɔtrɔ siwo wɔe be wole dzidzɔ kpɔm. Àdi be yeanya alesi wowɔea?

4 Afika ke nèɖale o, amegbetɔwo dome ƒomedodowo ate ŋu anɔ nuxaxa dom na wò madzudzɔmadzudzɔe, si awɔe be wò dzi magadze eme tututu le agbe me o. Woate ŋu anɔ ameŋugblẽnyawo gblɔm le ŋuwò le dɔwɔƒe. Nusiwo nète ŋu wɔ ate ŋu anyɔ ŋuʋaʋã ɖe amewo me wòana woaɖe ɖeklemi wò madzemadzee. Ðewohĩ amesi wòhiã be nàwɔ nu kplii ɣesiaɣi la doa dziku na wò le alesi wòɖoa tɔ ɖe nu dzi ta. Woate ŋu awɔ anyra le viwò ŋu le suku, woaɖe fu nɛ, alo woagbe hadede kplii. Ne dzilaɖekɛe nènye la, ènya be nɔnɔme sia menaa nuwo kana ɖe eme na wò le agbe me o le mia kple ame bubuwo ƒe ƒomedodo gome. Kuxi siawo katã dzia ŋutsu kple nyɔnu geɖe ƒe xaxa ɖe edzi le agbe me egbea.

5 Nuteɖeamedzi ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vivivi ɣeyiɣi aɖe vaseɖe esime nu naglo amea, evɔ dzesi aɖeke madze o. Eyatae woyɔa nuteɖeamedzi be amewunu makpɔmakpɔ, eye woyɔa nuteɖeamedzi atraɖii be, aɖi si wua ame vivivi. Nufialagã Robert L. Veninga si le Minnesota ƒe Yunivɛsiti gblɔ be: “Egbea nuteɖeamedzi kple dɔléle siwo dona tsoa eme la ɖea fu na dɔwɔlawo le xexeame ƒe afisiafi kloe.” Wogblɔ be United States dukɔa zãa ga dɔlar biliɔn 200 ɖe dɔléle siwo tso nuteɖeamedzi gbɔ ŋu ƒe sia ƒe. Woyɔ nuteɖeamedzi gɔ̃ hã be enye Amerika ƒe nu yeye si wòɖona ɖe duta, eye nya “nuteɖeamedzi” ŋu nyawo ɖina le xexeame ƒe gbegbɔgblɔ siwo keke ta la dometɔ geɖe me. Ne nu te ɖe dziwò eye mète ŋu wɔ nusiwo nèɖo be yeawɔ o la, àte ŋu ava nɔ fɔ bum ɖokuiwò. Woka nya ta le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me be amesiame zãa gaƒoƒo eve gbesiagbe le mama dedie nu tsɔ nɔa fɔ bum eɖokui. Ke hã ame aɖewo te ŋu kpe akɔ kple nuteɖeamedzi eye agbe le edzi dzem na wo.

6 Aleke nàwɔ akpe akɔ kple gbesiagbekuxi siawo anɔ agbe si me dzidzeme le? Ame aɖewo xlẽa aɖaŋuɖogbalẽwo kple mɔfiamegbalẽ siwo eŋutinunyalawo ŋlɔna. Ðe míate ŋu aɖo ŋu ɖe agbalẽ mawo ŋua? Ðk. Benjamin Spock, amesi ŋlɔ agbalẽ tso vinyinyi ŋu si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ 42 me eye wote ŋu dzra miliɔn 50 kloe la gblɔ ɣeaɖeɣi be “afɔmatɔmatɔto nye . . . dzilawo ƒe kuxi si bɔ wu le Amerika egbea.” Eyi edzi gblɔ be eŋutinunyalawo gbɔe kuxia tso, eye ye ŋutɔ hã yele eme. Egblɔ be: “Etsi megbe akpa hafi míeva nya alesi gbegbe míaƒe nunyanya vivivo wɔe be dzilawo megakana ɖe wo ɖokui dzi o.” Ekema asɔ be míabia be: ‘Ameka ƒe aɖaŋuɖoɖo dzie míate ŋu awɔ ɖo dedie bene míanɔ agbe si me dzidzeme le fifia kple le etsɔme?’